Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Oo, Ka Ðe Edzi

Oo, Ka Ðe Edzi

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Èwɔa nuteƒe

    Le nu sia nu me;

    Èdoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa.

    Ne nèle xaxa geɖe me tom gɔ̃ hã,

    Nyae be Mawu kpɔa ’siawo katã.

    (DOMEHAXE)

    Ta ne futɔwo tso ɖe ŋuwò hã la,

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.

    Yehowa magblẽ wò ɖi kpɔ o;

    Ado ŋusẽ wò.

    (HAXE)

    ‘Ɛ̃, meka ɖe ’dzi

    Be ku gɔ̃ hã mate ŋu’ama mí ɖa tso Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gbɔ’o.’

    ‘Ɛ̃, meka ɖe ’dzi

    Be naneke mate’ŋ ma mí ɖa tso Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gbɔ’o.’

    Oo, ka ɖe ’dzi be

    Yehowa li kpli wò.

  2. 2. Ènɔa te sesĩe

    Le xaxawo me;

    Èɖoa ŋu ɖe

    Yehowa ŋu bliboe.

    Ne dziɖuɖuwo tso ɖe nya nyuia ŋu hã,

    Nyae be Mawu tɔe nye aʋa la.

    (DOMEHAXE)

    Ta ne futɔwo tso ɖe ŋuwò hã la,

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.

    Yehowa magblẽ wò ɖi kpɔ o;

    Ado ŋusẽ wò.

    (HAXE)

    ‘Ɛ̃, meka ɖe ’dzi

    Be ku gɔ̃ hã mate ŋu’ama mí ɖa tso Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gbɔ’o.’

    ‘Ɛ̃, meka ɖe ’dzi

    Be naneke mate’ŋ ma mí ɖa tso Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gbɔ’o.’

    Oo, ka ɖe ’dzi be

    Yehowa li kpli wò.

    Eli kpli wò.

    (DOMETSOHA)

    Woŋlɔe ɖi be: ‘Woati mía yome le Kristo ta;’

    Oo, le Kristo ta.

    ‘Ke le wo katã mea, míeɖua dzi bliboe to Kristo dzi;’

    Oo, to Kristo dzi.

    (HAXE)

    ‘Ta, meka ɖe ’dzi