Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Lɔlɔ̃a

Nye Lɔlɔ̃a

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nye lɔlɔ̃a,

    Wò ɖeka koe li nam.

    Wò ɖeka

    Ƒe nue léa dzi nam.

    Wò nɔnɔme nyuiwo

    Nana mekpɔa dzidzɔ.

    Meka ɖe ’dzi

    Be Ma’u afia mɔ mí.

    Lɔlɔ̃ yɔ dzi me nam

    Be nèle gbɔnye ɖaa.

    Wò bubu nam de to;

    Èlɔ̃m kple dzi blibo.

    (HAXE)

    Lɔlɔ̃ ana míasẽ ŋu;

    Lɔlɔ̃ ana míanɔ du.

    Yehowa neyra mí lɔlɔ̃ nabla mí—

    Oo, nye lɔlɔ̃a.

  2. 2. Oo, srɔ̃nye lɔlɔ̃a,

    Wòe meʋua nye dzi na.

    Míewɔ ɖeka

    Wɔa dɔ na mía Mawu la.

    Èna mekpɔe keŋ be

    Èlɔ̃m tso dzi me ke.

    Nye hã malɔ̃ wò ɖaa,

    Aku ɖe ŋuwò ɖaa.

    (HAXE)

    Lɔlɔ̃ ana míasẽ ŋu;

    Lɔlɔ̃ ana míanɔ du.

    Yehowa neyra mí lɔlɔ̃ nabla mí—

    Oo, nye lɔlɔ̃a.

    Lɔlɔ̃ ana míasẽ ŋu;

    Lɔlɔ̃ ana míanɔ du.

    Yehowa neyra mí lɔlɔ̃ nabla mí—

    Oo, nye lɔlɔ̃a;

    Oo, nye lɔlɔ̃a;

    Nye dzi.