Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Ke Faa

Tsɔ Ke Faa

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Melé dziku ɖe dɔme vevie.

    Vevesese tsi akɔ dzi nam;

    Mele bɔbɔe be maŋlɔe be’o.

    Mawu di be matsɔ ake faa.

    Gake esia wɔwɔ le sesẽm nam.

    Nu kae mawɔ be nye dzi nafa?

    (DOMEHAXE)

    Ehiã be matrɔ ɖe Yehowa ŋu.

    Menya nyuie be nu sia nu le nyanya nɛ.

    Mado gbe ɖa na Mawu

    (HAXE)

    Be: “Do ŋusẽm dzro.

    Vevesesea wu tsɔtsɔ nam.

    ’Ya ta, Mawu kpe ɖe ŋunye.

    Na be matsɔ ’ke faa;

    Na masrɔ̃ wò bliboe

    Ne matsɔ ’ke faa, ne maŋlɔe be kura.

    ’Ya ta, Mawu kpe ɖe ŋunye.

    Na be matsɔ ’ke faa.

    Matsɔ ’ke faa.”

  2. 2. Medi vevie be matsɔ ’ke faa.

    ’Yae ana nye dzi nadze ’me;

    Ana míagawɔ ɖeka ake.

    Nyemedi be nu’o nagblẽ ɖika’o,

    ’Labe lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.

    Wɔɖenui wɔwɔ meɖea vi’o.

    (DOMEHAXE)

    Ehiã be matrɔ ɖe Yehowa ŋu.

    Menya nyuie be nu sia nu le nyanya nɛ.

    Mado gbe ɖa na Mawu

    (HAXE)

    Be: “Do ŋusẽm dzro.

    Vevesesea wu tsɔtsɔ nam.

    ’Ya ta, Mawu kpe ɖe ŋunye.

    Na be matsɔ ’ke faa;

    Na masrɔ̃ wò bliboe

    Ne matsɔ ’ke faa, ne maŋlɔe be kura.

    ’Ya ta, Mawu kpe ɖe ŋunye.

    Na be matsɔ ’ke faa.

    Matsɔ ’ke faa.”

    Matsɔ ’ke faa.

    Matsɔ ’ke faa.

    Matsɔ ’ke faa.