Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Susua Ŋu Madzɔ

Susua Ŋu Madzɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Medina be mawɔ nu nyui,

    Gake avu kple kɔ wònye.

    Ɣeaɖe’oɣia, mevɔ̃na be

    Xɔseʋɛtɔ ko menye.

    Menɔa zã dzi nɔa gbe dom ɖa;

    Esia tutue nèdi be mawɔ ɖaa.

    Ne metsi dzi vevie hã,

    Fofo Yehowa, èfiam be

    (HAXE)

    Madzɔ nye dzi ŋu; madzɔ susua ŋu,

    Be mabu nye yayrawo ŋu

    Ke menye nye xaxawo ŋu o.

    Susua ŋu madzɔ, be makpɔ dzidzɔ.

  2. 2. Wò lɔlɔ̃nu doa dzidzɔ nam,

    Gake agbea le sesẽm nam.

    Esia na nu tia kɔ nam,

    ’Ye meléa blanui gɔ̃ hã.

    Gake matso aɖe gbeƒã,

    Agblɔ nye mɔkpɔkpɔa na ’me’o katã.

    Ne metsi dzimaɖi hã,

    Yehowa, wò koe faa ’kɔ nam.

    (HAXE)

    Madzɔ nye dzi ŋu; madzɔ susua ŋu,

    Be mabu nye yayrawo ŋu

    Ke menye nye xaxawo ŋu o.

    Susua ŋu madzɔ, be makpɔ dzidzɔ.

    Makpɔ dzidzɔ.

    (DOMETSOHA)

    Nyemaɖe mɔ susu vɔ̃wo

    Nagblẽ nye ŋkekea me nam o.

    Makpɔ ŋgɔ tẽe, aka ɖe ’dzi be

    Yehowa Mawu ana maɖe dzi ɖi.

    Ana maɖe dzi ɖi.

    (HAXE)

    Madzɔ nye dzi ŋu; madzɔ susua ŋu,

    Be mabu nye yayrawo ŋu

    Ke menye nye xaxawo ŋu o.

    Susua ŋu madzɔ, be makpɔ dzidzɔ.