Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Ƒome

Yehowa Ƒe Ƒome

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mí katã míehiã xɔlɔ̃ vavã

    Siwo aɖo to mí, si’o anɔ mía ŋu ɖaa.

    Medoa gbe ɖa be makpɔ xɔlɔ̃ sia’o tɔgbi.

    Ɛ̃, meka ɖe ’dzi be xɔlɔ̃ siawo li.

  2. 2. Nye gbedodoɖa va eme nam!

    Meke ɖe Mawu ƒe dukɔ vavãtɔ ŋu mlɔeba.

    Mele dzidzɔ kpɔm; nye dzi dze ’me azɔ.

    Nye hã meva zu Yehowa ƒe ƒomea me tɔ!

    (DOMETSOHA)

    Nɔvi geɖewo va l’asinye, siwo faa ’kɔ nam.

    Dzilawo hã l’asinye, siwo léa be nam.

    Míetso dukɔ’o katã me, gake míewɔ ɖeka.

    Mawu ƒe ƒome la me nɔnɔ vivina.

  3. 3. Míeléa nɔvisi; lɔlɔ̃ bla mí.

    Xɔlɔ̃ vavãwo míenye; yayrae wònye na mí

    Be míeva kpɔ habɔbɔ wɔnuku sia.

    Mawu ƒe ƒome la me nɔnɔ vivina.

    (DOMETSOHA)

    Míetso dukɔ’o katã me, gake míewɔ ɖeka.

    Mawu ƒe ƒome la me nɔnɔ vivina.

  4. 4. Nɔvi’o ƒe ƒome sia tɔgbi meli o.

    Ma’u ƒe ƒomea wɔ nuku; Eyae nye mía Fofo.

    Yayra mavɔwo ye míele mɔ kpɔm na.

    Mawu ƒe ƒome la me nɔnɔ vivina—

    Ƒome sia me nɔnɔ vivina,

    Vivina,

    Vivina.