Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègatsɔ Anyidzeƒe Wɔ Anyimlɔƒe O

Mègatsɔ Anyidzeƒe Wɔ Anyimlɔƒe O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mí katã míenyae nyuie be

    Nu vɔ̃ mewo míenye.

    Míate ŋu atra

    Le blibomademade ta.

    Nu siae dzɔ ɖe dziwò,

    Eye dzi ɖe le ƒowò.

    Mègabu mɔkpɔkpɔ o.

    Mía Mawu lɔlɔ̃a akpe ɖe ŋuwò.

    (HAXE)

    Mègatsɔ’anyidzeƒe

    Wɔ anyimlɔƒe o.

    Ɛ̃, nɔvi, do vevie,

    Àgate ŋu afɔ!

    Yehowa tɔe nènye;

    Ana nànɔ te sesĩe.

    ’Ta wɔ tɔwò sinu

    Ale be nàgasẽ ŋu.

    Do vevie nu nàfɔ!

  2. 2. Nɔnɔmea te ɖe dziwò,

    Èle fɔ bum ɖokuiwò.

    Nu si dzɔ ya dzɔ xoxo.

    Dzudzɔ dzikudodo.

    Dzudzɔ tamebubu,

    Ke do gbe ɖa na Mawu.

    Eƒe Nya afia mɔ wò,

    Afia nu wò, afa akɔ na wò.

    (HAXE)

    Mègatsɔ’anyidzeƒe

    Wɔ anyimlɔƒe o.

    Ɛ̃, nɔvi, do vevie,

    Àgate ŋu afɔ!

    Yehowa tɔe nènye;

    Ana nànɔ te sesĩe.

    ’Ta wɔ tɔwò sinu

    Ale be nàgasẽ ŋu.

    (DOMETSOHA)

    Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be

    Mawu lɔ̃na be yeatsɔ ’ke.

    Eƒe lɔlɔ̃ ta wòna Via

    Ku ɖe tawò,

    Be wòaɖe wò.

    (HAXE)

    Mègatsɔ’anyidzeƒe

    Wɔ anyimlɔƒe o.

    Ɛ̃, nɔvi, do vevie,

    Àgate ŋu afɔ!

    Yehowa tɔe nènye;

    Ana nànɔ te sesĩe.

    ’Ta wɔ tɔwò sinu

    Ale be nàgasẽ ŋu.

    Do vevie nu nàfɔ!

    Àgate ŋu afɔ!