Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðekawɔwɔ Mee Ŋusẽ Le

Ðekawɔwɔ Mee Ŋusẽ Le

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  • (ŊGƆDOHA)

    Nɔviwo, miva míadzi ha!

    Mí katã míadzi ha sia!

  1. 1. Dzidzɔ sɔŋ wònye na mí

    Be nɔvi’o l’afi sia ’fi na mí.

    Míeva nya Ma’u Yehowa;

    Mina míawɔ ɖeka asubɔe ɖaa.

    (DOMEHAXE)

    Ne kuxi sesẽ’o

    Ðe kpe na mí hãa,

    Mía nɔviwo li na mí ɖaa.

    (HAXE)

    Mina míawɔ ɖeka aɖu xexe sia dzi.

    Mina míawɔ ɖeka; eyae doa ŋusẽ mí.

    Mina míawɔ ɖeka aɖu kuxiwo dzi.

    Nɔviwo, mina míalé nɔvisi; eyae doa ŋusẽ mí.

  2. 2. Míesrɔ̃a mía Mawu gã la,

    Si xɔa ’me’o katã ƒomevi faa.

    ’Ta míelɔ̃a mía nɔviwo,

    To kple dukɔ ka mee woɖatso o.

    (DOMEHAXE)

    Ŋutigbalẽwo

    Kple gbegbɔgblɔwo:

    Nu siawo memaa mía me o.

    (HAXE)

    Mina míawɔ ɖeka aɖu xexe sia dzi.

    Mina míawɔ ɖeka; eyae doa ŋusẽ mí.

    Mina míawɔ ɖeka aɖu kuxiwo dzi.

    Nɔviwo, mina míalé nɔvisi; eyae doa ŋusẽ mí.

    Nɔviwo, mina míawɔ ɖeka.

    (HAXE)

    Mina míawɔ ɖeka aɖu xexe sia dzi.

    Mina míawɔ ɖeka; eyae doa ŋusẽ mí.

    Mina míawɔ ɖeka aɖu kuxiwo dzi.

    Nɔviwo, mina míalé nɔvisi; eyae doa ŋusẽ mí.

    Eyae doa ŋusẽ mí.

    Eyae doa ŋusẽ mí.