Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Menya Be Yehowa Li Kplim

Menya Be Yehowa Li Kplim

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mefɔ hedzra ɖo ɖe ŋkeke sia ŋu nyuie.

    Mebia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye.

    Wode se na mí be míagaɖe gbeƒã o.

    Gake nye Ma’u la koe maɖo to.

    (HAXE)

    Ŋutifafa vavã si tso Ma’u gbɔ na nye dzi dze ’me.

    Menya be Yehowa li kplim, ta nu kae mavɔ̃?

    Menya be Yehowa li kplim, ta nu kae mavɔ̃?

  2. 2. Mawu ve nunye be metrɔ gbɔ dedie.

    Dzi dzɔm be mekpɔ dzinyuitɔ aɖe.

    ’Ya ta medo gbe ɖa be magakpɔe ake.

    Nyateƒea koe ana be wòakpɔ’ablɔɖe.

    (HAXE)

    Ŋutifafa vavã si tso Ma’u gbɔ na nye dzi dze ’me.

    Menya be Yehowa li kplim, ta nu kae mavɔ̃?

    Menya be Yehowa li kplim, ta nu kae mavɔ̃?

    (DOMETSOHA)

    Nyateƒea ƒe dzo le bibim le menye.

    Nyemamia nu o; maɖe gbeƒã.

    Nyemavɔ̃ o; Eŋkɔ ko mayɔ,

    ’Labe dɔ geɖe li wòle be míawɔ.

    Ne yometiti sesẽwo va hãa,

    Malé nye xɔse me ɖ’asi ɖaa.

    Anɔ Yehowa ƒ’akpa dzi sesiẽ

    ’Labe xexe yeye la ava kpuie.

  3. 3. Egbe ƒe ŋkekea hã ɖe wòwu nue ’ya.

    Akpe na Mawu ɖe nu sia nu ta.

    Nyematsi dzimaɖi ɖ’etsɔ ŋu o.

    Nye Mawu gã la ŋu maɖo ŋu ɖo.

    (HAXE)

    Ŋutifafa vavã si tso Ma’u gbɔ na nye dzi dze ’me.

    Menya be Yehowa li kplim, ta nu kae mavɔ̃?

    Menya be Yehowa li kplim, ta nyemavɔ̃ kura o.