Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ka Gbɔe Madzo Ayi?

Ame Ka Gbɔe Madzo Ayi?

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Melɔ̃a toɖoɖo Yesu

    ’Labe ’yae nye Mɔ la.

    Eƒe nufiafia

    Na mekpɔa ’kɔfafa.

    ’Yae nye Kplɔla nyuitɔ

    Si afia mɔ nyuitɔm.

    Eyae maɖo to

    Be magatra mɔ o.

    (DOMEHAXE)

    Yesu ƒe gbe ko mase.

    Ɛ̃, eya yome ko madze.

    Magbe ameflulawo

    Ƒe nufiafia totrowo.

    (HAXE)

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    ’Me kae axɔ nam le xaxaɣi?

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    Ame tutɔ ƒe gbe

    Ðe wòkplɔa ’me dea gbe.

    Yesu si koe agbenyawo le.

  2. 2. Meɖe dzi ɖi, le dedie

    Le Kplɔla nyui sia te.

    Ɛ̃, nye dzi dze ’me

    Le nɔviwo dome.

    Eyae ku ɖe tanye

    Be mava nɔ agbe

    Le xexe si ŋugbe

    Mawu do la me.

    (DOMEHAXE)

    ’Ya ta nyemaɖe mɔ

    Ameblelawo naflum kpɔ o.

    Nyemedi be matrɔ

    Le nyateƒemɔa dzi o.

    (HAXE)

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    ’Me kae axɔ nam le xaxaɣi?

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    Ame tutɔ ƒe gbe

    Ðe wòkplɔa ’me dea gbe.

    Yesu si koe agbenyawo le.

    (HAXE)

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    ’Me kae axɔ nam le xaxaɣi?

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    Ame tutɔ ƒe gbe

    Ðe wòkplɔa ’me dea gbe.

    Yesu si koe agbenyawo le.

    ’Me ka gbɔe madzo ayi?

    Kplɔla Yesu yome manɔ ɖaa, ɖaa.