Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ètrɔ gbɔ!

Ètrɔ gbɔ!

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Dzimaɖitsitsiwo,

    Kple agbe me kuxiwo

    Naa mebúa mɔkpɔkpɔ,

    Eye wòwɔna nam be metra mɔ.

    Gake Yehowa kplɔam gbɔnɛ,

    Elabena mexɔ asi nɛ.

    (HAXE)

    Ekplɔm gbɔe, ẽ, ekɔm ɖe akɔ.

    Exɔ nam, kpɔ nye hiahiãwo gbɔ.

    Ekplɔm va eɖokui gbɔ, va nɔvinyewo gbɔ.

    Nye dzi dze me azɔ: metrɔ gbɔ!

  2. 2. Teƒe nyuitɔe nye ’sia.

    Enye sitsoƒe vavã.

    Dzidzɔ kple lɔlɔ̃ li,

    Kple xɔlɔ̃ vavã si’o wu ame nɔvi.

    Eya ta lɔlɔ̃tɔ si tra mɔ:

    Yehowa di vevie be nàtrɔ ’gbɔ.

    (HAXE)

    Axɔ wò, nenye be nètrɔ gbɔ.

    Àva kpɔ be esiae nye mɔ nyuitɔ.

    Akplɔ wò va ’ɖokui gbɔ, va nɔviwòwo gbɔ.

    Wò dzi adze ’me be nètrɔ gbɔ.

    (DOMETSOHA)

    Míado dzaa na wò:

    “Nɔvi wòe zɔ, wòe zɔ loo!”

    Míesusu wò ŋ’tɔ.

    Dzidzɔ wònye be nètrɔ gbɔ.

    Míelɔ̃ wò!

    Wòe zɔ loo!

    (HAXE)

    Elɔ̃ wò, xɔ wò, kɔ wò ɖe akɔ,

    Xɔ na wò, kpɔ wò hiahiãwo gbɔ.

    Ekplɔ wò va ’ɖokui gbɔ.

    Wò dzi dze me azɔ:

    Ètrɔ gbɔ!