Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Matsi Megbe O!’ (Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ha)

‘Matsi Megbe O!’ (Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ha)

(Habakuk 2:3)

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Wò’asinudɔwo katã nya kpɔ loo!

    Le dzigbɔɖi me nèɖo atsyɔ̃ na wo.

    Ame vɔ̃ɖiwo le anyigbaa gblẽm.

    Ke ègbɔ dzi ɖi, be yeaɖɔ nu’o ɖo kpuie.

    (HAXE)

    Fofo, míele mɔ kpɔm na wò xexe yeyea.

    Dzigbɔɖi me míalala.

    Wò ŋkeke gãa gogo, mahe ɖe megbe o.

    Míenya be ava godoo,

    ‘Matsi megbe o!’

  2. 2. Èle lalam be yeafɔ kukuawo.

    Ɛ̃, èdi vevie be yeagbɔ agbe wo.

    Togbɔ be adze be edidi hã,

    Míasrɔ̃ dzigbɔɖi si nèɖena fiana.

    (HAXE)

    Fofo, míele mɔ kpɔm na wò xexe yeyea.

    Dzigbɔɖi me míalala.

    Wò ŋkeke gãa gogo, mahe ɖe megbe o.

    Míenya be ava godoo,

    ‘Matsi megbe o!’

  3. 3. Ègbɔ dzi ɖi na dzinyuitɔ’o katã

    Be woase nya nyuia, awɔ tɔtrɔ si’o hiã.

    Bubu wònye be míele nya nyuia gblɔm.

    Míele dɔ sia dzi, le wò dzigbɔɖi srɔ̃m.

    (HAXE)

    Fofo, míele mɔ kpɔm na wò xexe yeyea.

    Dzigbɔɖi me míalala.

    Wò ŋkeke gãa gogo, mahe ɖe megbe o.

    Míenya be ava godoo,

    ‘Matsi megbe o!’

    Ve mía nu míagbɔ dzi ɖi.

(Kpɔ Kol. 1:11 hã.)