Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míawɔ Ðeka Akafu Yehowa

Míawɔ Ðeka Akafu Yehowa

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Agbe sia me tɔ zi;

    Fukpekpewo sɔŋ koe li.

    Aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ

    Na ame’o le veve sem.

    Xexea me kplɔlawo

    Na mɔkpɔkpɔ bu ɖ’ame’o.

    Ke míele mɔ kpɔm be nu nyui’o le ŋgɔ:

    Xexe yeyea ava kpuie.

    (HAXE)

    ’Nyigba katã

    Dzi afa.

    Xɔse vavã

    Ana míawɔ ɖeka

    Akafu Yehowa.

  2. 2. Nu ka kee ɖadzɔ o

    Míana ta kpɔ gbeɖe o.

    Mawu li kpli mí, ’yae doa ŋusẽ mí.

    ’Ya ta míaƒe dzi dze ’me.

    Míaƒe mɔkpɔkpɔ sia

    Alé mí ɖe te ɖaa.

    Míaƒe lɔlɔ̃tɔ’o katã afɔ

    Ne Ma’u wɔ nu’o yeyee.

    (HAXE)

    ’Nyigba katã

    Dzi afa.

    Xɔse vavã

    Ana míawɔ ɖeka

    Akafu Yehowa.

    (DOMETSOHA)

    Ŋutifafafia la

    Ana ’blɔɖe vavã.

    Aɖe kuxi’o ɖa, aɖe ku hã ɖa.

    Nuwɔwɔwo katã

    Asubɔ Ma’u ɖeka.

    (HAXE)

    ’Nyigba katã

    Dzi afa.

    Xɔse vavã

    Ana míawɔ ɖeka.

    ’Nyigba katã

    Dzi afa.

    Xɔse vavã

    Ana míawɔ ɖeka

    Akafu Yehowa.

    Fiaɖuƒea va mlɔeba!