Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míamia Nu O

Míamia Nu O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Míele dzesiawo kpɔm

    Be nuwuwu la ɖo vɔ.

    Míagblɔ nya nyuia na ’mewo katã,

    Woanya nu si woawɔ.

  2. 2. Na míagblɔe ɣesiaɣi,

    Na míagblɔe l’afi sia ’fi.

    Nyateƒea ƒe dzo matsi kura o,

    Labe Ma’u li kpli mí!

    (HAXE)

    Nyaa le bibim le mía me,

    Ele’abe dzo ene.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míedi be’amewo nanya

    Mía Wɔla Yehowa.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míamia nu o.

  3. 3. Míawɔ mía tɔ sinu;

    Míawɔe se ɖe nuwuwu.

    Esusɔ vie ko Mawu natso

    Akɔ eƒe ŋkɔa ŋu.

    (HAXE)

    Nyaa le bibim le mía me,

    Ele’abe dzo ene.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míedi be’amewo nanya

    Mía Wɔla Yehowa.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míamia nu o.

    (DOMETSOHA)

    Nɔvi, tso va míawɔ dɔa; míawɔ dɔa kple dzo!

    Ŋkeke gã la gogo; gàgbɔdzɔ o!

    ’Gàna ta o!

    (HAXE)

    Nyaa le bibim le mía me,

    Ele’abe dzo ene.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míedi be’amewo nanya

    Mía Wɔla Yehowa.

    ’Ya ta míamia nu o.

    Míamia nu o.

    Míamia nu o.

    Míamia nu o.