Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Agbe Vavã”

“Agbe Vavã”

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mele mɔ kpɔm na xexe yeye la, ’labe nu nyuiwo gbɔna:

    Xaxawo nu yi, dziɖeɖi blibo li,

    Ŋutifafa va mlɔeba.

    Va míalia to kɔkɔtɔwo, ne míakpɔ dzidzɔ.

    Ɛ̃, yayra nyui siawo katã tso Yehowa gbɔ.

    (DOMEHAXE)

    Fifia ya, míalala ɣeyiɣi si

    (HAXE)

    Xexe sia nu ayi; míafɔ ta dzi agli kple dzidzɔha.

    Mawu anɔ kpli mí, ɛ̃, ayra mí míase vivi na

    Agbe vavã!

  2. 2. Dɔ geɖe li, si míawɔ ɣemaɣi; míadzra anyigba dzi ɖo.

    Dzidzɔ sɔŋ li, nukoko xɔ ’fi sia ’fi, eye wo nu mayi o.

    Avi si míafa ɣemaɣi anye dzidzɔvi.

    Paradiso la avivi, míeka ɖe edzi!

    (HAXE)

    Xexe sia nu ava yi; míafɔ ta dzi agli kple dzidzɔha.

    Mawu anɔ kpli mí, ɛ̃, ayra mí míase vivi na

    Agbe vavã!

    (DOMETSOHA)

    Ta mabu ŋugbedodo nyui siawo ŋu gbe sia gbe,

    Elabe meka ɖe edzi vevie be woava ’me.

    (HAXE)

    Xexe sia nu ava yi; míafɔ ta dzi agli kple dzidzɔha.

    Mawu anɔ kpli mí, ɛ̃, ayra mí míase vivi ɖaa!

    (HAXE)

    Xexe sia nu ayi; míafɔ ta dzi agli kple dzidzɔha.

    Mawu anɔ kpli mí, ɛ̃, ayra mí míase vivi na

    Agbe vavã!

    (NUWUHA)

    Míava nɔ agbe ɖaa,

    Agbe vavã.

    Míava nɔ agbe ɖaa,

    Agbe vavã.

    Míava nɔ agbe ɖaa,

    Agbe vavã.

    Míava nɔ agbe ɖaa,

    Agbe vavã.