Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono?

Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono?

Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono?

ATAMANONO menyo na amesiwo di be yewoanɔ agbe didi ahakpɔ dzidzɔ o. Ate ŋu adzɔ bɔbɔe ŋutɔ be atama nawu amesiwo nonɛ ɣeyiɣi didi la dometɔ 1 le 2 ɖesiaɖe dome. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ be: “Sigaret nye . . . adzɔnu si wotsɔ aɖaŋu wɔe si me aɖi wuame si nye nicotine ƒe agbɔsɔsɔme si sɔ la le bene wòana enola nanɔ enono dzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me hafi ava wui.”

Eyata susu ɖeka si ta wòle be nàdzudzɔ atamanono enye be atama dea lãmesẽ kple agbe afɔku me. Wogblɔ be atamanono wɔa akpa aɖe le dɔléle siwo wu 25 siwo ate ŋu awu ame la xɔxɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ewɔa akpa vevi aɖe le dzidɔ, tutudɔ, dzitodzitokamexexedɔ si nɔa anyi didi, dzitodzitotetedɔ, kple kansa ƒomevi vovovowo, vevietɔ dzitodzito me kansa xɔxɔ me.

Nyateƒee, anɔ eme be ame ate ŋu ano atama ƒe geɖe hafi dɔléle siawo dometɔ aɖe nadze edzi ya. Gake atamanono mena ame ƒe nu dzea ame bubuwo ŋu o. Boblodolawo naa atamanolawo dzena amesiwo nya kpɔ hele lãmesẽ me. Menye nenemae wòle ŋutɔŋutɔ o. Atamanono naa ame ƒe gbɔgbɔ ʋẽna eye wònaa aɖu kple asibidɛ nu wɔna yibɔɔ. Le ŋutsuwo gome la, ete ŋu na wotuna. Enaa atamanolawo kpea kpe eye gbɔgbɔtsixe tsia wo ƒo. Anɔ bɔbɔe hã be atamanolawo ƒe mo nalé ayi kaba wu, eye ŋutigbalẽ me dɔléle bubuwo naɖe fu na wo.

Alesi Atamanono Gblẽa Nu le Ame Bubuwo Ŋui

Biblia gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Lɔlɔ̃ na ame haviwo—eye wò ƒometɔwoe nye hawòvi siwo te ɖe ŋuwò wu—ye nye susu vevi si ta wòle be nàdzudzɔ atamanono.

Atamanono gblẽa nu le ame bubuwo ŋu. Vaseɖe nyitsɔ laa la, atamanola ate ŋu akpe sigaret le afisiafi kloe esi mekpɔa mɔ be ame aɖeke atsi tre ɖe ye ŋu o. Gake fifia amewo ƒe nuwɔna le tɔtrɔm, elabena ame geɖe va le nu nyam tso afɔku siwo dona tsoa dzudzɔ si tso ame bubuwo ƒe sigaret me la gbɔgbɔ me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anɔ bɔbɔe be amesi menoa atama o, si srɔ̃a nye atamanola nakpɔ dzitodzito me kansa zi 30 le alafa me wu ne srɔ̃a menye atamanola o. Anɔ bɔbɔe wu be ɖevi siwo le dzila siwo noa atama gbɔ naxɔ axamedɔ alo dzitodzitokamexexedɔ le woƒe agbenɔƒe gbãtɔ eveawo me wu ɖevi siwo le aƒe siwo me womenoa atama le o.

Nyɔnu funɔ siwo noa atama dea woƒe vidzĩ siwo le dɔme la ƒe agbe afɔku me. Aɖinu siwo woyɔna be nicotine, carbon monoxide, kple atikemenu vɔ̃ɖi bubu siwo le sigaret me gena ɖe dadaa ƒe ʋukawo me eye woyia vidzĩa gbɔ tẽ le vidzidɔa me. Emetsonu aɖewoe nye be ate ŋu adzɔ be fua nage, ɖevia naku hafi woadzi, alo vidzĩa naku. Gakpe ɖe eŋu la, anɔ bɔbɔe zi gbɔ zi etɔ̃ be vidzĩ siwo dada noa atama le fufɔɣi ƒe vidzĩwo naku kpata.

Exɔ Asi

Susu bubu si ta wòle be nàdzudzɔ atamanono enye be egblẽa ga geɖe. Wobu akɔnta le numekuku aɖe si Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã wɔ me be ga si wogblẽna ɖe dɔléle siwo tsoa atamanono me ŋu tẽ ƒe sia ƒe ade dɔlar biliɔn 200. Gake ga home ma megblɔ fukpekpe kple vevesese si me amesiwo xɔa dɔ siwo tsoa atamanono me tona ya o.

Ele bɔbɔe be woabu akɔnta akpɔ ga home si atamanola ɖesiaɖe gblẽna ɖe sigaret ƒeƒle ŋu. Ne ènoa atama la, bu ga home si nèzãna ɖe sigaret ŋu gbesiagbe teƒe 365. Ema afia wò ga home si nèzãna ƒe sia ƒe. Bu ƒe ɖeka home ma teƒe ewo, eye àkpɔ ga si nàgblẽ ɖe sigaret ŋu ne àgano atama le ƒe ewo si gbɔna me. Nusi ŋu nàke ɖo la awɔ mo yaa na wò. De ŋugble le nu bubu si nàte ŋu atsɔ ga home ma gbegbe awɔe ŋu kpɔ.

Ðe Wònyo Wu be Woatrɔ Ðe Atama Bubuwo Ŋua?

Atamadɔwɔƒewo doa boblo sigaret siwo me atamaɖi alo nicotine geɖe mele o—hekafua wo be wonye sigaret si nu mesẽ o alo aɖi mele eme o—be enye mɔnu si woazã atsɔ aɖiɖi atamanono me fɔkuwo dzii. Gake nicotine agbɔsɔsɔ ma ke gadzroa amesiwo trɔ ɖe sigaret si me atamaɖi kple nicotine geɖe mele o ŋu abe alesi wònɔ tsã ene. Eyata atamanola siwo trɔ ɖe sigaret si me atamaɖi kple nicotine geɖe mele o ŋu la ɖia kɔ na woƒe dzodzroa to sigaret geɖe wu nono me, eye wogbɔa dzudzɔa atraɖii wu, alo wonoa sigaret ɖesiaɖe geɖe wu. Le amesiwo meganonɛ wòdea tsãtɔ nu o gɔ̃ hã gome la, viɖe si wokpɔna le lãmesẽ gome le sue ne wotsɔe sɔ kple asiɖeɖe le eŋu kura ƒe viɖewo.

Ke zinono kple sigawo ya ɖe? Togbɔ be atamadɔwɔƒewo kafua ziwo kple sigawo be wonye nusi dea bubu ame ŋu hã la, dzudzɔ si dona tsoa wo me vɔ̃ɖi abe esi dona tsoa sigaret me ke ene. Ne enolawo megbɔ siga alo zi dzudzɔa yi wo me o gɔ̃ hã la, anɔ bɔbɔe wu be woakpɔ nuyi, nume, kple aɖe dzi kansa.

Ðe atama si me dzudzɔ mele o nyoa? Esia ƒomevi evee li: asrãdodo kple atamaɖuɖu. Asrã nye atamatutu si wolɔ̃a dede nugoewo me alo woblana hedzrana. Zi geɖe la, ezãlawo kua eƒe ɖe dea nuyi gɔmetɔa me alo alɔme. Zi geɖe la, woblaa atama si woɖuna la lɔbɔlɔbɔ hedzrana. Abe alesi ŋkɔa ɖee fia ene la, ɖe woɖunɛ, womedenɛ nume henɔa enyim o. Asrãdodo kple atamaɖuɖu siaa naa ame ƒe nume ʋẽna, aɖu wɔa yibɔ, enaa nume kple veme kansa, nicotine va maa ame, enaa numebi ɣi si ate ŋu azu kansa, aɖulã va wɔa abi, eye ana ƒu nanyi le aɖua ŋu. Edze ƒã be atama dede nume alo eɖuɖu menye nusi me nunya le woawɔ ɖe atamanono teƒe o.

Viɖe Siwo Le Asiɖeɖe le Eŋu Me

Tsɔe be yele atama nom ɣeyiɣi didi. Nukae adzɔ ne èdzudzɔ? Ne èdzudzɔ sigaret nono aɖabaƒoƒo 20 megbe la, wò ʋu ƒe dɔwɔwɔ aɖiɖi aɖo afisi wòle be wòanɔ. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, nicotine avɔ le lãme na wò. Le dzinu ɖeka megbe la, wò kpe kpekpe, ŋɔtimexexe, ɖeɖiteameŋu, kple gbɔgbɔtsixetsiameƒo adze ɖiɖi gɔme. Le ƒe atɔ megbe la, afɔku si li be dzitodzito me kansa awu wò la aɖiɖi alafa memama 50. Le ƒe 15 megbe la, afɔku si li be nàxɔ dzidɔ la aɖiɖi asɔ kple amesi meno atama kpɔ o la tɔ.

Nuɖuɖu avivi na wò wu. Wò gbɔgbɔ, ametia, kple awuwo aʋẽ nyuie wu. Atamaƒeƒle alo ga gbegblẽ ɖe eŋu maganye kuxi na wò o. Wò dzi adze eme be yete ŋu ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. Ne viwo le asiwò la, wò kpɔɖeŋu awɔe be alesi wòate ŋu adzɔe be woazu atamanolawo dzi naɖe akpɔtɔ. Àte ŋu anɔ agbe didi wu. Gawu la, àwɔ nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe didi nu, elabena Biblia gblɔ be: ‘Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.’ (Korintotɔwo II, 7:1) Mègasusui be etsi megbe akpa be yeadzudzɔ o: ne èdzudzɔ kaba la, ade dziwò wu.

Nusita Asiɖeɖe Le Eŋu Sesẽ Nenema Gbegbe

Asiɖeɖe le atamanono ŋu sesẽ—le amesiwo ɖoe kplikpaa gɔ̃ hã gome. Nusita koŋue nye be nicotine si le atama me nye atike si maa ame ale gbegbe. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be: “Le atike siwo gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu ƒe amemamaŋutete ɖoɖo ɖe ɖoɖonu me la, wokpɔe be nicotine ƒe ame mama kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi wu heroin [kple] cocaine.” To vovo na heroin kple cocaine la, nicotine memua ame wòwɔa nu wòɖea dzesi o, eyata ele bɔbɔe be woabu eƒe ŋusẽ nu tsɛe. Gake dzidzɔ si wodona na ame wɔnɛ be ame akpa gãtɔ yia edzi nonɛ bene yewoagase vivi ma ake. Le nyateƒe me la, nicotine trɔa ame ƒe nɔnɔme; efaa dzimaɖitsitsi nu. Gake dziɖeɖi si sigaret nana la ƒe akpa aɖe tso nicotine si le amea dzrom ƒe kɔɖiname gbɔ.

Asiɖeɖe le atamanono ŋu hã sesẽ le esi atamanono va zua nutsiamesi ta. Le nicotine si va zua numame na wo megbe la, sigaret kpekpe kple egbɔgbɔ va zua nuwɔna si ma atamanolawo. ‘Enye nusi nàwɔ kple wò asi.’ Ame aɖewo agblɔ be ‘ena wokpɔa nane nɔ wɔwɔm ɣesiaɣi.’

Nu etɔ̃lia si na asiɖeɖe le eŋu sesẽna enye be wona atamanono va zu gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Atamadɔwɔƒewo zãa ga si ade dɔlar biliɔn ade ƒe sia ƒe tsɔ doa boblo siwo me woɖea atamanolawo fiana le be wonye amesiwo nya kpɔ, wozã, wole lãmesẽ me, eye woƒe tagbɔ ɖa. Zi geɖe la, woɖea wo fiana wonɔa sɔ dom, nɔa tsi ƒum, nɔa tenis ƒom, alo wonɔa dɔwɔna dzroame bubu aɖe wɔm. Woɖea amewo fiana le sinimawo kple television dzi wɔnawo me wonɔa atama nom—eye menye ɣesiaɣie wonyea nuvlowɔlawo o. Se ɖe mɔ ɖe atamadzadzra ŋu eye ebɔ woaƒle le afisiafi kloe. Atamanolawo ƒo xlã mía dometɔ akpa gãtɔ ɣesiaɣi. Màte ŋu asi le ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo nu o.

Nublanuitɔe la, atikekui aɖeke meli nàmi si aɖe atamanono ƒe dzodzro ɖa le mewò abe alesi taɖuametike faa taɖuame nu ene o. Be ame nakpɔ dzidzedze le asiɖeɖe le atamanono ŋu si sesẽna me la, ele be nane nado ŋusẽe. Abe alesi wònɔna ne ame aɖe di be yeaɖe yeƒe lolome dzi akpɔtɔ ene la, ebia tameɖoɖo kplikpaa hena ɣeyiɣi didi. Atamanolaa dzie agbaa le be wòakpɔ dzidzedze.

[Aɖaka si le axa 15]

Wodzea Enono Gɔme Kaba

Numekuku aɖe si wowɔ le United States ɖee fia be sigaret nono va tsi ɖevi 4 siwo tee kpɔ la dometɔ 1 ɖesiaɖe si. Esia sɔ kple ame agbɔsɔsɔ siwo te cocaine kple heroin kpɔ eye wòtsi wo si. Togbɔ be evea sɔhɛ siwo noa atama dometɔ 70 le alafa me be yewodze enono gɔme hã la, wo dometɔ geɖe mete ŋu dzudzɔna o.

[Aɖaka si le axa 15]

Nukae Le Sigaret Dzudzɔ Me?

Aɖinu si nye tar, si me atikemenu siwo wu 4,000 le ye nɔa sigaret dzudzɔ me. Le atikemenu siawo dome la, wode dzesi wo dometɔ 43 be wonaa kansa. Aɖinu siawo ƒe ɖewoe nye cyanide, benzene, methanol, kple acetylene. Aɖinu bubu siwo le sigaret mee nye nitrogen oxide kple carbon monoxide, eye wo kple evea siaa nye aɖiyawo. Nu vevi si le emee nye nicotine, si nye atike si ƒe amemamaŋutete nu sẽ ŋutɔ.

[Aɖaka si le axa 16]

Kpekpe Ðe Ame ƒe Lɔlɔ̃tɔ Ŋu Wòadzudzɔ

Ne mènoa atama o eye nènya afɔku siwo le atamanono me la, ate ɖe dziwò ne xɔ̃wòwo kple wò lɔlɔ̃tɔwo le enono dzi. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu woadzudzɔ? Zi geɖe la, nuwɔnawo abe nyahehe, kukuɖeɖe, amedzizizi, kple alɔmeɖeɖe le ame ŋu mena wo dzudzɔna o. Nenema ke nuƒo siwo me woɖia gbɔ atamanolawo vevie le hã mewɔa dɔ o. Le esi teƒe be atamanolaa nadzudzɔ enono la, ate ŋu ana wòakpe sigaret bubu be yeatsɔ afa seselelãmevevesese si mɔnu siawo do nɛ la nu. Eyata dze agbagba nàse alesi wòsesẽna be woadzudzɔe la gɔme, eye nàde dzesii be asiɖeɖe le eŋu sesẽna na ame aɖewo wu ame bubuwo.

Màte ŋu ana ame nadzudzɔ atamanono o. Ele be ememe ŋutete kple didi be woadzudzɔ natso atamanolaa ŋutɔ gbɔ. Ele be nàdi mɔnu siwo me lɔlɔ̃ le atsɔ ade dzi ƒo nɛ ahakpe asi ɖe eƒe didi be yeadzudzɔ ŋu.

Aleke nàwɔe? Le ɣeyiɣi si sɔ me la, àte ŋu agblɔ alesi nèlɔ̃ ameae nɛ, agblɔ be yetsɔ ɖe le eƒe atamanono me ale gbegbe. Ðe eme be yealɔ̃ akpe asi ɖe nyametsotso ɖesiaɖe si wòawɔ be yeadzudzɔ la ŋu. Gake ne wogblɔa nya siawo zi geɖe akpa la, awɔe be ava zu nya dzodzrowo eye mawɔ dɔ o.

Nukae nàte ŋu awɔ ne wò lɔlɔ̃tɔ tso nya me be yeadzudzɔ atamanono? Nenɔ susu me na wò be asiɖeɖeleŋu ƒe kuxi aɖewo ado mo ɖa, si ƒe ɖewoe nye dzikudodo kple blanuiléle. Kuxi bubuwo ate ŋu anye taɖuame kple alɔ̃madɔmadɔ. Ðo ŋku edzi na wò lɔlɔ̃tɔa be kuxi siawo manɔ anyi didi o, eye be wonye dzesi siwo fia be ŋutilãa le tɔtrɔm ɖe nɔnɔme yeye si nyo wu me. Nye dzidzɔme eye mɔkpɔkpɔ nenɔ asiwò. Gblɔ alesi dzi le dzɔwòm le esi wòle asi ɖem le eŋu ta la nɛ. Le ɣeyiɣi siwo katã me asiɖeɖe le eŋu ƒe kuxiwo anɔ anyi me la, kpe ɖe wò lɔlɔ̃tɔa ŋu wòaƒo asa na nɔnɔme siwo ana dzi naɖe le eƒo eye wòagatrɔ ɖe enono ŋu.

Ke ne egadze enono gɔme ake ɖe? Dze agbagba be màgawɔ nu wòagbɔ eme o. Ðe nugɔmesesename fia. Bu nɔnɔmea be enye esi me mi ame evea siaa miasrɔ̃ nu tsoe, si ana wòanɔ bɔbɔe be ɣebubuɣi si wòagatee kpɔ la, akpɔ dzidzedze.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Atamadɔwɔƒewo zãa ga si ade dɔlar biliɔn ade ɖe boblododo ŋu ƒe sia ƒe