Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigba La—Ðe “Woɖo Egɔme Anyi” le Vomea?

Anyigba La—Ðe “Woɖo Egɔme Anyi” le Vomea?

Anyigba La—Ðe “Woɖo Egɔme Anyi” le Vomea?

BE ANYIGBA nakpɔ dzoxɔxɔ si sɔ la, ele be wòaɖe ɖe aga le ɣea ŋu alesi dze hafi anɔ xlã ƒomee. Wokpɔ ɣletinyigbawo le dziƒonuto bubu me siwo ƒoa xlã dzinuvi siwo le abe ɣe ene eye wobua wo be wole ‘afisi agbe ate ŋu anɔ’—si fia be tsi ate ŋu anɔ afima. Gake anɔ eme be amegbetɔwo mate ŋu anɔ agbe le ɣletinyigba siawo siwo wobe woate ŋu anɔ agbe le afima gɔ̃ hã dzi o. Ele be du si wotsɔna ƒoa xlã ɣe la kple woƒe lolome hã nasɔ.

Nenye ɖe anyigba le sue hele wodzoe wu alesi wòle la, anye ne eƒe nuheŋusẽ nu masẽ kura o eye awɔe be nu vevi siwo le anyigba ƒe yamenutowo me nabu kura. Esia dze le dzinu kple ɣletinyigba eve siwo nye Mekuri kple Mars gome. Esi wole sue hele wodzoe wu anyigba ta la, ya sue aɖe koe le wo dzi, alo ɖeke meli kura o. Ke nenye ɖe anyigba lolo hekpe ʋɛ wu alesi wòle fifia ɖe?

Anye ne anyigba ƒe nuheŋusẽ nu asẽ wu eye gas siwo ŋu kpekpeme mele o, abe haidrodzin kple hiliɔm ene, atsi anyigba ƒe yamenutome didi wu. Dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ si nye Environment of Life, ɖe nu me be: “Vevietɔ wu la, ana be alesi gas siwo le yamenutowo me da sɔ nyuie la natɔtɔ.”

Alo bu ɔksidzin si na nu léa dzo ŋu kpɔ. Ne wogadzi eƒe agbɔsɔsɔme ɖe edzi alafa memama 1 pɛ la, awɔe be avewo nanɔ dzo lém kabakaba wu. Le go bubu me, ne dzoxɔxɔ si le yame nu le sesẽm ɖe edzi la, anyigba si dzi xɔ dzo akpa agblẽ nu le mía ŋu.

Anyigba ƒe Xlãƒoƒo

Nu ɖedzesi bubue nye alesi anyigba ƒoa xlã ɣe lae. Nenye ɖe anyigbaa ƒoa xlã le tòlɔbɔ me la, anye ne yame ƒe dzoxɔxɔ ƒe tɔtrɔ si gbɔ eme agblẽ nu le mía ŋu. Gake anyigba ƒoa xlã ɣea le togodo si sɔ kloe me wòsɔ nyuie. Gake nɔnɔmea atrɔ ne ɣletinyigba gã abe Jupiter ene zɔ va to eŋu. Le nyitsɔ laa ƒewo me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔ kpeɖodzi siwo fia be ɣletinyigba siwo lolo abe Jupiter ene te ɖe ɣletivi aɖewo ŋu tututu hetrona ƒoa xlã wo. Ɣletinyigba siawo siwo ɖi Jupiter la dometɔ akpa gãtɔ ƒoa xlã le tòlɔbɔ me. Nu agblẽ le ɣletinyigba ɖesiaɖe si ɖi anyigba si le nɔnɔme ma ƒomevi me ŋu.

Ɣletiviŋununyala Geoffrey Marcy tsɔ ɣletinyigba siawo siwo le adzɔge ƒe hatsotsowo sɔ kple ɣletinyigba ene siwo nye Mekuri, Venus, Anyigba, kple Mars, siwo le ɣe kple eŋu ɣletinyigbawo ƒe domedome. Esi wobia gbe Marcy la, egblɔ be: “Kpɔ alesi gbegbe [ɖoɖo] sia sɔ pɛpɛpɛe ɖa. Ele ko abe kpe xɔasi aɖe ene. Wozɔna le togodo me. Wo katã wole akasa nu. Wo katã woɖo ta teƒe ɖeka. . . . Míagblɔe ko be enye nukunu.” Ðe woate ŋu aɖe nusia me wòasɔ be edzɔ le vomea?

Nu wɔnuku bubu aɖe le míaƒe ɣe kple eŋu ɣletinyigbawo ŋu. Ɣletinyigba gã siwo nye Jupiter, Saturn, Uranus, kple Neptune sa ɖe aga kura tso mía gbɔ hafi ƒoa xlã ɣea. Le esi teƒe be ɣletinyigba siawo nagblẽ nu le mía ŋu la, wowɔa dɔ vevi aɖe boŋ. Ɣletiviŋununyalawo tsɔ wo sɔ kple ‘yamenutome dzadzɛnyenye dɔwɔlawo’ elabena nuheŋusẽ si le wo me la léa kpe gã siwo ne woɖo anyigba dzi la, woagblẽ nu le eŋu. Le nyateƒe me la, ɖe ‘woɖo anyigba gɔme anyi’ wòsɔ nyuie. (Hiob 38:4) Eƒe lolome kple afisi wòle le míaƒe ɣe kple eŋu ɣletinyigbawo dome la sɔ pɛpɛpɛ. Gake mevɔ o. Nu tɔxɛ bubu aɖewo gale anyigba ŋu siwo hiã hena agbenɔnɔ.

Ɔksidzin Kple Numiemiewo ƒe Nuɖuɖuwɔwɔ

Ɔksidzin me atɔmwo nyea nugbagbe siwo katã le anyigba dzi ƒe kpekpeme memama 63 le alafa me. Gakpe ɖe eŋu la, ɔksidzin si le yame kpɔa anyigba dzi numiemiewo kple lãwo ta be ɣe ƒe keklẽ nagagblẽ nu le wo ŋu o. Gake ɔksidzin te ŋu trɔna nu vevi bubuwo, eye eƒe ɖee nye alesi wòkpɔa ŋusẽ ɖe iron alo gayibɔ dzi wònaa nu léa ɣebiae. Ekema aleke wòdzɔnae be ya vevi sia si te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe nuwo dzi alea ƒe ŋusẽ alafa memama 21 te ŋu le yame?

Ŋuɖoɖoae nye alesi numiemiewo wɔa woƒe nuɖuɖui—mɔnu wɔnuku si na anyigba dzi numiemiewo zãa ɣe ƒe keklẽ tsɔ wɔa nuɖuɖui. Ɔksidzin ye nye nusi dona tsoa numiemiewo ƒe nuɖuɖuwɔwɔ me—eye wotua agbɔsɔsɔme si wu tɔn biliɔn ɖeka ɖe yame gbesiagbe. The New Encyclopædia Britannica ɖe nu me be: “Numiemiewo ƒe nuɖuɖuwɔwɔ manɔmee la, menye ɖeko nuɖuɖu avɔ o, ke boŋ ɔksidzin hã ava vɔ le Anyigba dzi.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽwo ŋlɔ nu geɖe tsɔ ɖe alesi numiemiewo wɔa woƒe nuɖuɖui me tsitotsito. Womese numeɖeɖeawo dometɔ aɖewo gɔme bliboe haɖe o. Nɔnɔmetɔtrɔfialawo mate ŋu aɖe alesi nuawo dometɔ ɖesiaɖe trɔ tso ɖeka si bɔbɔ ɖe anyi wu la dzi va zu bubu la me o. Le nyateƒe me la, edze abe mɔnuawo dometɔ ɖesiaɖe deŋgɔ ale gbegbe ene. The New Encyclopædia Britannica lɔ̃ ɖe edzi be: “Nukpɔsusu aɖeke meli si dzi amesiame da asi ɖo le alesi numiemiewo ƒe nuɖuɖuwɔwɔ dze egɔmee ŋu o.” Nɔnɔmetɔtrɔ fiala aɖe te kpɔ be yeaɖe kuxia me, gblɔ be “gɔmedzenugbagbevi ʋɛ aɖewoe to” numiemiewo ƒe nuɖuɖuwɔwɔ vɛ.

Togbɔ be nya ma mesɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me o hã la, eɖe nuwɔnuku aɖe fia, si nye be: Ehiã be kpɔtɔtɔ aɖe nanɔ anyi si me numiemiewo nawɔ woƒe nuɖuɖu le, eye nuɖuɖua wɔwɔ bia be nugbagbeviwo nagbugbɔ adzi bubuwo. Ðe nu mawo katã dzɔ le vome, to “gɔmedzenugbagbevi” ʋɛ aɖewoe dzia?

Tso Lãmenugbagbevi Dzɔleɖokuisi Dzi Va Ðo Amegbetɔ Dzi

Ðe wòate ŋu adzɔ be atɔmwo nawɔ ɖeka kple wo nɔewo azu lãmenugbagbevi suetɔ kekeakea? Dzɔdzɔmeŋutinunyala Christian de Duve, si nye Nobel Nunanaxɔla lɔ̃ ɖe edzi le eƒe agbalẽ si nye A Guided Tour of the Living Cell me be: “Ne ètsɔ alesi nugbagbevi suesuewo wɔna va dzɔna ƒe susu bui be atɔm siwo le eme nawɔ ɖeka kple wo nɔewo le vome la, ɖeka hɔ̃ hã mate ŋu adzɔ le eɖokui si akpɔ gbeɖe o yi ɖe mavɔ me.”

Esi míedzro nyaa me vaseɖe afisia la, mina míaɖe zɔ ayi ŋgɔ kura tso nugbagbe si le nugbagbevi suesuewo me dzi ayi ahɔhɔ̃menugbagbevi deŋgɔ biliɔn nane siwo le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ me dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ be eyae nye nuwɔwɔ si wokpɔna si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe le xexea ƒe akpa si ŋu wosrɔ̃ nu tsoe la me. Ele etɔxɛ vavã. Le kpɔɖeŋu me, woyɔa ahɔhɔ̃a ƒe teƒe geɖe be tamebuƒewo. Teƒe siawoe wowɔa nyatakaka siwo susua xɔna ŋudɔ le. Tamebuƒeawo dometɔ ɖeka si le wò ŋgonu kpena ɖe ŋuwò be nàde ŋugble le nukunu siwo le xexeame ŋu. Ðe nusi dzɔ le vome ate ŋu aɖe alesi tamebuƒe mawo wɔ va li la mea? Ðk. Sherwin Nuland si nye nɔnɔmetɔtrɔfiala lɔ̃ ɖe edzi le eƒe agbalẽ si nye The Wisdom of the Body me be: “Tamebuƒe vevi siawo ƒomevi aɖeke mele lã bubuwo si o.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpe edzi be amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ te ŋu wɔa nyatakaka ŋudɔ wòtsɔna kura wu kɔmpiuta sẽŋutɔ kekeake. Nenɔ susu me nawò be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze ƒe gbogbo mee woto wɔ kɔmpiuta si li egbea. Ke amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ deŋgɔa ya ɖe? Dzɔdzɔmeŋutinunyala eve siwo nye John Barrow kple Frank Tipler lɔ̃ ɖe edzi le woƒe agbalẽ si nye The Anthropic Cosmological Principle me be: “Nɔnɔmetɔtrɔfiala geɖe va da asi ɖe nukpɔsusu sia dzi be, be nugbagbe si si nunya le, si sɔ kple amegbetɔ nado tso nɔnɔmetɔtrɔ me la mate ŋu adzɔ le ɣletinyigba bubu aɖeke dzi le xexe si wokpɔna bliboa katã me o.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala siawo wu enu be “aklãmae ɖi” be míeva dzɔ.

Ðe Wo Katã Va Dzɔ le Vomea?

Nukae nye wò nyataƒoƒo? Ðe wòate ŋu adzɔ be xexeame kple nu wɔnuku siwo katã le eme nadzɔ le vomea? Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be hakpala aɖee kpa ha vivi ɖesiaɖe, eye be ɖe wotrɔ asi le haƒonuawo ŋu nyuie be woanya se oa? Ke míaƒe xexe wɔnukua ya ɖe? David Block, si nye akɔntanyala kple ɣletiviŋununyala gblɔ be: “Xexe si ŋu wotrɔ asi le nyuie mee míele.” Aleke wòƒo nya tae? “Aƒemee míaƒe xexeame nye. Mexɔe se be Mawu ƒe asie wɔe.”

Ne nenemae nye wò nyataƒoƒo la, ekema àlɔ̃ ɖe alesi Biblia ɖɔ Wɔla, Yehowae dzi be: ‘Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, eye wòtsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee.’—Yeremya 51:15.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

ƔLETINYIGBA TƆXƐ AÐE

“Nɔnɔme tɔxɛ siwo le anyigba dzi, tso eƒe lolome si sɔ, gɔmedzenu vevi siwo le eme ƒe ɖoɖonunɔnɔ, kple alesi wòɖe aga tso ɣletivi si nye ɣe, si li xoxoxo la gbɔ heƒoa xlãe le togodo mee la na wòle bɔbɔe be tsi naxa ɖe anyigba dzi. Esesẽ gɔ̃ hã be woabu afisi agbe dzɔ tso ŋu nenye tsi ɖe meli o.”—Integrated Principles of Zoology, Tata Adelia.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA photo

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

AGBE—ÐE WÒDZƆ LE VOMEA?

Le ƒe 1988 me la, woto agbalẽ si te kpɔ be yeaɖe alesi wòate ŋu adzɔe be agbe nadzɔ le eɖokui si la me le magazine si nye Search, si Australia kple New Zealandtɔwo ƒe Habɔbɔ Hena Dzɔdzɔmeŋutinunya Dodoɖeŋgɔ ta la me. Le agbalẽa ƒe axa ɖeka ko me la, dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti nuŋlɔla L. A. Bennett ke ɖe “nya siwo nye nususugblɔ dzro ko 16, siwo dometɔ ɖesiaɖe wotu ɖe esi do ŋgɔ nɛ dzi” la ŋu. Aleke Bennett ƒo nya tae le agbalẽ bliboa xexlẽ vɔ megbe? Eŋlɔ be: “Ele bɔbɔe kura wu be woalɔ̃ ɖe Wɔla lɔ̃ame si wɔ agbe zi ɖeka eye wòfia mɔe be wòawɔ nu ɖe [tameɖoɖo] si ta wowɔe ɖo nu la dzi . . . tsɔ wu be woaxɔ ‘nuwo ƒe dzɔdzɔ le vome si me susu mele o’ gbogbo si hiã be woatsɔ aɖo kpe nuŋlɔlaa ƒe nukpɔsusuwo dzi la dzi ase.”

[Nɔnɔmetatawo]

Numiemiewo ƒe nuɖuɖuwɔwɔ hiã be nuɖuɖu kple ɔksidzin nanɔ anyi

Nukawoe na nu tɔxɛ siwo hiã hena agbenɔnɔ la le anyigba dzi?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ be eyae nye nuwɔwɔ si wokpɔna si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe le xexeame. Aleke wòate ŋu adzɔ le vomee?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo: Zoo de la Casa de Campo, Madrid

Monte Costa, Sea Life Park Hawaii

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Ɣletinyigbawo ƒe lolome siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu

Ɣe

Mekuri

Venus

Anyigba

Mars

Jupiter

Saturn

Uranus

Neptune

Pluto

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Sun: National Optical Astronomy Observatories; Mercury, Jupiter, and Saturn: Courtesy of NASA/JPL/Caltech/USGS; Venus and Uranus: Courtesy of NASA/JPL/Caltech; Earth: NASA photo; Mars: NASA/JPL; Neptune: JPL; Pluto: A. Stern (SwRI), M. Buie (Lowell Obs.), NASA, ESA