Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hehenaɖoɖo si Keke Ta

Hehenaɖoɖo si Keke Ta

Hehenaɖoɖo si Keke Ta

“Amesiwo xɔ hehe koe le ablɔɖe me.”—Epictetus, ƒe 100 M.Ŋ. lɔƒo.

WILLIAM H. SEWARD, si nye ƒe alafa 19 lia me kluvisitsatsa nu tsitsi taʋlila, xɔe se be “amegbetɔwo ƒe ŋgɔyiyiwo katã nɔ te ɖe Biblia ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo dzi si le dzidzim ɖe edzi la dzi.”

Yehowa Ðasefowo hã dea bubu deto Biblia ŋu. Wokpɔ kakaɖedzi be amesiwo wɔa eƒe gɔmeɖosewo dzi zua srɔ̃ŋutsu ɖɔʋu, srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu, kple ɖevi ɖɔʋuwo—ẽ, wonyea ame nyuitɔwo kekeake le xexeame. Eyata wowɔna ɖe Yesu Kristo ƒe sededea dzi be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, miafia nu wo.’—Mateo 28:19, 20.

Le agbagbadzedze be woaɖo Biblia fiafia amewo ƒe taɖodzinu sia gbɔ me la, Yehowa Ðasefowo ƒo wo ɖokui ɖe dɔ si woate ŋu agblɔ be enye hehenadɔ si de teƒe geɖe wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la me. Aleke gbegbe wòkeke tae?

Xexeame Katã ƒe Agbalẽtadɔ Aɖe

Yehowa Ðasefowo zãa Biblia gɔmeɖeɖe siwo le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Gake woawo ŋutɔ hã wota New World Translation of the Holy Scriptures Biblia ɖe gbegbɔgblɔ 21 me kple New World Translation of the Christian Greek Scriptures (si amewo yɔna be Nubabla Yeye) la ɖe gbegbɔgblɔ 16 bubuwo me. Azɔ hã wole Biblia gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ 11 bubuwo me fifia. Ðasefoawo taa agbalẽ siwo kpena ɖe amewo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖe Biblia ŋu eye wònaa wosea egɔme nyuie wu hã.

Le kpɔɖeŋu me, wotaa magazine sia si nye Nyɔ!, ɖe gbegbɔgblɔ 83 sɔŋ me, eye wotaa tata ɖesiaɖe ƒe agbɔsɔsɔ si wu 20,380,000 le mama dedie nu. Wotaa eƒe kpeɖeŋutɔ si nye Gbetakpɔxɔ magazinea, ƒe tata ɖesiaɖe 23,042,000 le mama dedie nu ɖe gbegbɔgblɔ 139 me. Ale wotaa magazine siawo wosɔa gbɔ wu biliɔn ɖeka ƒe sia ƒe! Gawu la, wotaa Gbetakpɔxɔa ɖe gbegbɔgblɔ siawo dometɔ 124 me le ɣeyiɣi ɖeka me, eye wotaa Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 58 me. Eyata le xexeame katã la, gbegbɔgblɔ vovovo dolawo le nyatakaka siwo le magazine siawo me xlẽm le ɣeyiɣi ɖeka me le woa ŋutɔwo degbe me.

Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo ta Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn alafa geɖe le ƒe siawo me. Wota agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ɖekaɖeka miliɔn 107 kple edzivɔwo. Emegbe wota Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi agbɔsɔsɔ si wu miliɔn 81, eye nyitsɔ laa la, wota Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me miliɔn 75 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 146 me. Azɔ hã wota axa 32-gbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? miliɔn 113 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 240 me.

Wota agbalẽ bubuwo na hiahiã aɖewo koŋ gbɔ kpɔkpɔ. Wota Nye AgbalSi Nye Biblia-Ŋutinyawo, si ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo, wosɔ gbɔ wu miliɔn 51. Wota agbalẽ eve siwo nye Your Youth—Getting the Best Out Of It kple Questions Young People Ask—Answers That Work, siwo ŋu wotrɔ asi le na sɔhɛwo koŋ, ƒe agbɔsɔsɔme si wu miliɔn 53. Eye wota Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si nye agbalẽ si kpe ɖe ƒome miliɔn geɖe ŋu wokpɔ woƒe kuxiwo gbɔ, la ɖe gbegbɔgblɔ 115 me.

Wota agbalẽ ene bubu siwo woɖe ɖe go tso ƒe 1985 me siwo tua xɔse ɖo vevietɔ ɖe Wɔla la, kple Via, kpakple ɖe Biblia me, eye wo katã ƒe agbɔsɔsɔ si wota sɔ gbɔ wu miliɔn 117. Woawoe nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, The Bible—God’s Word or Man’s?, kple Is There a Creator Who Cares About You?

Egbea la, Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta le gbegbɔgblɔ 353 sɔŋ me, eye woaɖe esiawo dometɔ aɖewo ɖe go le gbegbɔgblɔ 38 bubu me kpuie. Le nyateƒe me tso ƒe 1970-awo me la, Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ, agbalẽvi, agbalẽ gbadza, kple magazine biliɔn 20 kple edzivɔwo! Gawu la, nufiala siwo ade miliɔn ade kloe le dɔ dzi vevie le Biblia me sidzedze kakam le dukɔ siwo wu 230 me. Gake aleke wowɔ te ŋu le nusia gbegbe wɔm, eye aleke wòle ŋusẽ kpɔm ɖe amewo ƒe agbe dzii?

Nusita Wota Wo Ðe Ameawo Degbe Me

Abe alesi nàte ŋu akpɔe le susu mee ene la, ebia ɖekawɔwɔ kple agbagbadzedze gã ŋutɔ be woata agbalẽ nyuiwo le ɣeyiɣi ɖeka me ɖe gbegbɔgblɔ alafa ɖeka kple edzivɔwo me. Gbegɔmeɖeha siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣi kple aɖaŋu na faa, zãa kɔmpiutaɖaŋu wɔa dɔa wònyona, hesɔna, eye wòtsɔna hã. Eyata le gbegbɔgblɔ siwo me gbegɔmeɖelawo mesɔ gbɔ le o gɔ̃ hã gome la, agbalẽawo ɖoa wo gbɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Fifi laa la, ŋutsu kple nyɔnu siwo wu 1,950 ye le gome kpɔm le xexeame katã ƒe gbegɔmeɖedɔ sia si me womedia viɖe le o me. Gake nukata wodzea agbagba ma gbegbe? Esi wònye be amesiwo ƒe gbegbɔgblɔ mede du o te ŋu doa esiwo keketa hã ta la, ɖe wògahiã kokoko be woadze agbagba mawoa?

Yehowa Ðasefowo kpɔe be agbagbadzedzeawo ɖea vi gbogbo le susu si William Tyndale, si nye Biblia-gɔmeɖela xɔŋkɔ le ƒe alafa 16 lia me, ɖe gblɔ nu. Eŋlɔ be: “Mekpɔe de dzesii to nuteƒekpɔkpɔ me be manya wɔ be woana ame gbɔlowo nali ke ɖe nyateƒea me o, negbe ɖe woɖe ŋɔŋlɔ la me na wo kɔte le wo degbe me, bene woanya ŋɔŋlɔa me nya veviwo, ɖoɖo si nu woɖo wo ɖo, kple gɔmesese si le wo ŋu.”

Nyateƒee, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woata Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe amewo ƒe degbewo me o. Gake ne wote ŋu tae la, Biblia me nyateƒewo ɖoa ameawo ƒe dzi gbɔ kaba wu eye wòlia ke ɖe wo me wu. Wode dzesi esia le dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union, afisi to vovovo me tɔwo doa gbe vovovowo le me. Le ƒe alafa si va yi ƒe gɔmedzedze la, amesiawo dometɔ geɖe va zu Soviet Union ƒe akpa aɖe eye wofia Russiagbe wo—hebia tso wo si be woadoe. Eyata woxlẽa Russiagbe hedonɛ, eye le ɣeyiɣi ma ke me wogadoa wo degbe hã.

Vevietɔ tso esime Soviet Union gbã le ƒe 1991 me ke la, amesiawo dometɔ geɖe di be yewoazã yewo degbewo. Esia nye nyateƒe le amesiwo ƒe degbewo nye Adyghe, Altai, Belorussia, Georgia, Kirghiz, Komi, Osset, Tuva, alo bubu geɖeawo gome. Togbɔ be wo dometɔ akpa gãtɔ te ŋu doa Russiagbe hã la, Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le Russiagbe me meʋãa dzi na wo tututu o. Gake agbalẽ siwo le woa ŋutɔwo degbewo me dea dzi gbɔ na wo ale gbegbe. Ame aɖe si xɔ trakt si ɖe Biblia me le Altaigbe me gblɔ be: “Enyo ŋutɔ be miedze agbalẽ tata gɔme ɖe mía degbe me.”

Esia ƒe kpɔɖeŋu bubu enye Greenland, si nye Artic-ƒukpo aɖe, si dzi ame 60,000 pɛ le. Wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siaa ɖe Greenlandgbe me, eye magazine siawo bɔ ŋutɔ—abe alesi wòle le agbalẽ bubu siwo Yehowa Ðasefowo ta ɖe Greenlandgbe me gomee ene. Le nyateƒe me la, woate ŋu akpɔ agbalẽ mawo le aƒe siwo le ƒukpoa ƒe kɔƒe siwo gbɔ didi wu kekeake hã me.

Le South Pacific nutowo me la, amesiwo ade 7,000 doa Naurugbe, ame 4,500 doa Tokelaugbe, eye ame 12,000 doa Rotumagbe. Fifia Ðasefoawo taa trakt siwo ɖe Biblia me kple agbalẽ gbadzawo ɖe gbegbɔgblɔ mawo me eye wotaa Gbetakpɔxɔ ɖe Niuegbe si amesiwo ade 8,000 dona, kple Tuvalugbe si ame abe 11,000 ene dona hã me ɣleti sia ɣleti. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowoe nye amesiwo taa agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo mekeke ta o me wu la dometɔ ɖeka, eye wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbewo abe Bislama, Hiri Motu, Papiamento, Mauritian Creole, New Guinea Pidgin, Seychelles-Creole, Solomon Islands Pidgin, kple bubu geɖewo me.

Zi geɖe la, zi alesi gbe aɖe dolawo le ʋɛ wue la, zi nenema ke wosana ɖe aga wu eye wodaa ahe hãe. Ke hã ete ŋu dzɔna be ame geɖe ŋutɔ te ŋu xlẽa nu le nuto mawo me. Eye zi geɖe la, Biblia si wota ɖe wo degbe mee nye agbalẽ ʋɛ siwo le nutoa me tɔwo si la dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, wometaa nyadzɔdzɔgbalẽ gɔ̃ hã ɖe gbe siawo dometɔ aɖewo me o, elabena viɖe manɔ eme o.

Nusita Wokpɔa Ŋudzedze Ðe Dɔa Ŋu

Esi Yehowa Ðasefowo taa agbalẽ siwo ɖɔa amewo ƒe agbenɔnɔ ɖo wònyona ɖe edzi ta la, ame geɖe kafua woƒe gbegɔmeɖedɔwo. Linda Crowl, si le dɔ wɔm le Pasifikŋutinusrɔ̃ƒe, si le South Pacific Yunivɛsiti le Suva, Fiji, gblɔ be Ðasefoawo ƒe gbegɔmeɖedɔae nye “nudodzidzɔname si ƒo ɖesiaɖe ta si le edzi yim le Pasifik nutoa me.” Ekafu woƒe agbalẽwo le alesi wonyo ŋutɔe ta.

Esi wote Nyɔ! tata ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe ɖe Samoagbe me la, nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽwo kple dukɔa ƒe television dzi nyadzɔdzɔwo ɖe gbeƒãe. Le nyadzɔdzɔa gbɔgblɔ me la, woɖe Nyɔ! ƒe akpaa fia, eye woʋu magazinea ƒe nyati ɖesiaɖe fia. Emegbe woƒo nu tso nyati siawo ŋu ɖekaɖekae.

Nu ɖedzesi ɖekae nye be le dukɔ aɖewo me la, nutoa me ƒe gbegbɔgblɔdɔwɔƒewo tena ɖe Ðasefowo ƒe gbegɔmeɖelawo ŋu edziedzi xɔa aɖaŋuɖoɖo le gbeŋutise, nuŋɔŋlɔ ɖe ɖoɖo nu, nya yeyewo toto vɛ, kple bubuawo ŋu. Edze ƒã be hehenadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le femaxee kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubu geɖewo ƒe agbe dzi, ke menye woƒe hamevi ŋutɔŋutɔwo ɖeɖeko dzi o.

Ke hã abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ mee ene la, ame tsitsi siwo ade biliɔn ɖeka kloe—si sɔ gbɔ de xexeametɔwo katã ƒe akpa adelia kloe—menya agbalẽ o. Nukae wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ame mawo ŋu be nyati vevi siwo ate ŋu asu ame si to nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ me la naɖe vi na wo?

Hehenana ƒe Hiahiã Veviwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Ðasefowo wɔ agbalẽsɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo tsɔ le nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ fiam amewo le dukɔ geɖe me. Wota woawo ŋutɔ ƒe nufiagbalẽwo gɔ̃ hã, abe agbalẽ si nye How to Read and Write ene, eye wotae ɖe gbegbɔgblɔ 28 me. Woto agbalẽsrɔ̃suku siawo dzi kpe ɖe ame akpe geɖe siwo dome nyɔnuwo kple ame tsitsiwo hã le ŋu wova zu agbalẽnyalawo.

Le Burundi la, Yehowa Ðasefowo to agbalẽsrɔ̃suku siawo dzi kpe ɖe ame alafa geɖe ŋu wova nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Esi Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Ame Tsitsiwo ƒe Agbalẽsrɔ̃nyawo Gbɔ kpɔ viɖe nyui siwo do tso ɖoɖo sia me la, wona nunana Ðasefowo ƒe nufiala ene le Dukɔwo Dome Agbalẽnyanya Ŋkeke si woɖu le September 8, 1999, dzi.

Míexɔ nyatakaka si gbɔna ku ɖe agbalẽsrɔ̃sukuwo ŋu tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 700 le Mozambique gbɔ: “Le ƒe ene siwo va yi me la, sukuvi 5,089 wu sukua nu, eye ame 4,000 ye le sukua dem fifia.” Sukuvi ɖeka ŋlɔ be: “Medi be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe sukua ŋu . . . Menye agbalẽmanyala tsã. Gake to sukua dzi la, mete ŋu xlẽa nu, eye togbɔ be nyemebi nyuie haɖe o hã la, mete ŋu ŋlɔa nu hã.”

Tso ƒe 1946 me, esi wodze nuŋlɔɖiwo dzadzraɖo le Mexico la, wofia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amesiwo wu 143,000 le afima le suku tɔxɛ siwo woɖo hena aɖaŋu sia fiafia me. Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 63 ŋlɔ be: “Meda akpe na Yehowa Ðasefowo, amesiwo fia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔm, la ŋutɔ. Nye agbe wɔ nublanui tsã. Gake fifia mate ŋu axlẽ aɖaŋuɖoɖowo le Biblia me, eye emenyawo doa dzidzɔ nam.”

Le Anyiehe Amerika dukɔ si nye Brazil me la, Ðasefowo fia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ame akpe geɖe. Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 64 gblɔ be: “Nuxexlẽ sɔsrɔ̃ le ko abe ablɔɖenana ame aɖe si nɔ game ɣeyiɣi didi ene. Fifia mete ŋu xlẽa nyatakaka ɖesiaɖe ƒomevi. Vevietɔ wu la, Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ na ablɔɖem tso alakpanufiafiawo me.”

Enuenu la, Biblia-fiala siwo nye Yehowa Ðasefowo fiaa nuxexlẽ woƒe nusrɔ̃vi ɖekaɖekae hã. Martina nye nyɔnu si nɔ eƒe ƒe 80-awo me esime Ðasefo aɖe va srãe kpɔ le Philippines. Martina di be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye edziedzi, gake menya nuxexlẽ o. To amesi fia Bibliae ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, Martina wɔ ŋgɔyiyi, eye kpekpeɖeŋu bubu xɔxɔ kpee le hame si le wo gbɔ me wɔe be wòva dze hezãa Biblia tsɔ fiaa nu ame bubuwoe. Fifia enya agbalẽ, eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe Biblia-fiala.

Edze ƒã be ameƒomevi ɖesiaɖe ate ŋu anya agbalẽ. Gake míabia be, Ðe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze si tso Biblia me ate ŋu aɖe vi na amewo vavã? Nyati siawo siwo tsiã ɖe enu ƒe mamlɛtɔ aɖo biabia sia ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Ewu Gbɔgblɔ Nam . . . ”

Dziɖuɖumegãwo, agbalẽnyalawo, kple ame tsɛwo katã kpɔ agbagba siwo gbegbe Yehowa Ðasefowo dze be woatsɔ do hehenana amewo le xexeame katã ɖe ŋgɔe la dze sii. Nya siwo wogblɔ ƒe ɖewoe nye si:

“Mía kple nye dziɖuɖua míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ elabena agbalẽ sia [Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, si le Tuvalugbe me] nye nu xɔasi yeye si gava kpe ɖe Tuvalu ƒe ‘kesinɔnu’ veviwo ŋu. Ele be wòanye dzidzɔ gã na mi le akpa si miewɔ—si nye akpa vevi si miewɔ le dukɔa me tɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo me, la ta. Meka ɖe edzi be woava ŋlɔ dɔ sia ŋu nya ɖe Tuvalu ƒe ŋutinya me ku ɖe hehenagbalẽwo tata ŋu.”—Ðk. T. Puapua, si nye dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ tsã le Tuvalu, South Pacific.

“Agbalẽtaɖoɖo si le afɔ tsɔm ale gbegbe la le Yehowa Ðasefowo si, si me wozãa egbegbe mɔ̃ɖaŋununya yeyetɔ kekeake le le South Pacific. . . . Agbalẽtadɔ sia gaɖe dzesi wu le vovototo gbogbo . . . siwo le Pacific Ƒukpowo dzi gbegbɔgblɔwo me ta.”—Linda Crowl, si le South Pacific ƒe Yunivɛsiti, le Suva, Fiji.

“Aleke gbegbe Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa si le Isokogbe me wɔ nuku hewɔa dɔ ɖe ame dzii enye si! Míeda akpe na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le dɔ wɔm le Isoko gbegɔmeɖehaa me le alesi wokpe ɖe mía ŋu míese agbalẽa gɔme bliboe ta.”—C.O.A., Nigeria.

“Mekpɔ ŋudzedze ɖe Biblia gɔmeɖeɖe sia [New World Translation si le Serbiagbe me], si gɔmesese le bɔbɔe la ŋu ale gbegbe be, ewu gbɔgblɔ nam gɔ̃ hã. Tsã la, metea kpɔ be maxlẽ Biblia bliboa katã, gake ɖeko wògloam ɣesiaɣi elabena nyemete ŋu sea gbea gɔme o. Fifia mete ŋu xlẽa gɔmeɖeɖe tɔxɛ sia hesea egɔme!”—J. A., Yugoslavia.

“Meda akpe na mi ɖe nufiamegbalẽ nyui tuameɖo siwo gɔme mieɖe ɖe Tivgbe me la ta. Le nyateƒe me la, viɖe kple dzideƒoname siwo katã tsoa agbalẽ kple agbalẽ gbadza siawo me la wu gbɔgblɔ. Agbalẽ siawo ɖo ame akpe geɖe gbɔ.”—P.T.S., Nigeria.

[Nɔnɔmetata]

Ðekaɖeka miliɔn 36 le gbegbɔgblɔ 115 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

Wota “New World Translation” Biblia ɖekaɖeka miliɔn 100 kple edzivɔwo ɖe gbegbɔgblɔ 37 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Le xexeame katã la, amesiwo ade 2,000 kloe ɖea Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo gɔme. (Zulu-gbegɔmeɖeha le South Africa, miame; kple gbegɔmeɖela aɖe le Japan, anyime)

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wotaa “Gbetakpɔxɔ” kple “Nyɔ!” magazine biliɔn ɖeka kple edzivɔwo ƒe sia ƒe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Yehowa Ðasefowo fiaa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo le xexeame katã. (Mexico, ɖusime; kple Burundi, anyime)