Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Nànye Nufiala?

Nukatae Nànye Nufiala?

Nukatae Nànye Nufiala?

“Nufiala geɖe tia dɔwɔɖui sia elabena enye kpekpeɖeŋunadɔ. [Nufiafia nye] asitɔtrɔ le ɖeviwo ƒe agbe ŋu tsɔtsɔ ɖo ame ɖokui dzi.”​—Teachers, Schools, and Society.

TOGBƆ be nufiala aɖewo naa nufiafia dzena nu bɔbɔe hã la, kplamatsedonu geɖe ate ŋu anɔ eme—akɔkpekpe kple sukuvi gbogbowo ƒe sukuxɔ ɖeka me nɔnɔ, agbalẽdɔ geɖe wɔwɔ, dɔwɔɖoɖo geɖe si tea ɖeɖi ame ŋu, sukuviwo ƒe nu mabumabu, kple fetu madeŋgɔ. Pedro, si nye nufiala le Madrid, Spain gblɔe ale: “Nufiala nyenye mele bɔbɔe kura o. Ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ geɖe. Togbɔ be kuxiwo le eŋu hã la, megabua nufiafia be enye dɔ si me dzidzeme le wu asitsadɔwo.”

Gbetɔamea nu agate ŋu asẽ le dugã me sukuwo me le dukɔ akpa gãtɔ me. Atikevɔ̃ɖiwo zazã, nuvlowɔwɔ, mɔɖeɖe ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, kple ɣeaɖewoɣi dzilawo ƒe ŋumaɖɔmaɖɔɖo gblẽa nu le sukuwo ƒe dedienɔnɔ kple amehehe ŋu. Aglãdzedze ƒe nɔnɔmewo bɔ ɖe afisiafi. Ekema nukatae ame geɖe siwo bi nyuie la tianɛ be yewoazu nufialawo?

Leemarys kple Diana nye nufialawo le New York City. Wofiaa nu abɔdzokpoviwo kple ɖevi siwo xɔ va ɖo ƒe ewo. Wo katã nye amesiwo doa gbe eve nyuie (Eŋlisigbe kple Spaingbe) eye ɖevi siwo nye Spaingbedolawo koŋ wofiaa nui. Míaƒe nyabiabia enye . . .

Nukae Ʋãa Nufiala?

Leemarys gblɔ be: “Ðe miebe nukae ʋãam hã? Lɔlɔ̃ si le asinye na ɖeviwoe? Menyae be le ɖevi aɖewo gome la nye koe le alɔ dom wo le woƒe agbagbadzedzewo me.”

Diana gblɔ be: “Mefia nu tasiyɔvinye si xɔ ƒe enyi, amesi nu menya srɔ̃na na le suku o—vevietɔ nuxexlẽ. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ eya kple ame bubuwo le nu srɔ̃m! Eyata metso nya me be mafia nu, eye medzudzɔ dɔ si wɔm menɔ le gadzraɖoƒe.”

Nyɔ! bia nya siawo tɔgbe ke nufialawo le dukɔ geɖewo me, eye nyaŋuɖoɖo siwo gbɔna nye wo dometɔ aɖewo.

Giuliano, si nye Italytɔ si le eƒe ƒe 40-awo me gblɔ be: “Metia dɔ sia elabena edoa dzidzɔ nam esime menye sukuvi (le ɖusikpadzi). Mebui be enye aɖaŋudɔ kple dɔ si me mɔnukpɔkpɔ geɖe asu ame si woade dzi ƒo na ame le. Dzo si nɔ menye ɖe eŋu le gɔmedzedzea me na mete ŋu ɖu kuxi siwo medo goe le nye dɔa ƒe gɔmedzedze me dzi.”

Nick, si tso New South Wales, Australia gblɔ be: “Atikewo ŋuti numekuku dɔ si menya la kpɔkpɔ awɔ sesẽ, gake mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔ nufiafiadɔ ya me. Mekpɔe be nufiafia vivia nunye tso ɣemaɣi, eye edze abe sukuviawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe alesi mefiaa nu wo hã ŋu ene.

Zi geɖe la, dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nye nusi koŋ kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo tia nufiafiadɔ la dzi. William, si tso Kenya, ɖo míaƒe nyabiabia ŋu ale: “Fofonye, si nye nufiala tso ƒe 1952 me ke la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe didi si nɔ menye ɖe nufiafia ŋu la dzi. Enyanya be mele asi trɔm le ɖeviwo ƒe susuwo ŋu nye nusi na melé ɖe dɔ sia ŋu.”

Rosemary, si hã tso Kenya, gblɔ na mí be: “Enyea nye didi ɣesiaɣi be makpe ɖe amesiwo dzi nu mede tututu o la ŋu. Eyata tiatia wɔwɔ le dɔnɔdzikpɔkpɔ kple nufiafiadɔ me dze ŋgɔm. Nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔe va gbã. Dzila si menye hã na alesi melɔ̃ dɔae sẽ ɖe edzi.”

Susu bubue nɔ Berthold, si tso Düren, Germany si ɖe nufiafia ŋu: “Srɔ̃nyee ka ɖe edzi nam be mate ŋu ava zu nufiala nyui.” Eye wòva eme abe alesi wògblɔe ene. Egblɔ kpee be: “Fiafia nye dɔa naa mekpɔa dzidzɔ geɖe. Nenye be nufiala menya asixɔxɔ si le agbalẽsɔsrɔ̃ me o eye metsɔa ɖeke le eme na ɖeviwo o la, mate ŋu ava zu nufiala nyui, kpɔ dzidzedze, si me dzo le, hekpɔa dzidzɔ o.”

Japantɔ nufiala, Masahiro, si tso Nakatsu Dugã me, gblɔ be: “Nusi ʋãm meva zu nufialae nye nufiala bibi aɖe si nɔ asinye esime menɔ titinasuku ƒe ƒe gbãtɔ me. Etsɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ blibo fia nu mí. Eye susu vevi si na meyi ɖe nye dɔa wɔwɔ dzi enye be melɔ̃ ɖeviwo.”

Yoshiya, si xɔ ƒe 54 fifia si tso Japan la nɔ dɔ si ŋu fetu nyui le la wɔm le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe me gake eva kpɔe be yeva zu kluvi na dɔa kple mɔzɔzɔ. “Megblɔ le ɖokuinye me gbeɖeka be, ‘Ɣekaɣie mayi edzi anɔ agbe sia nɔnɔ dzi?’ Metiae be madi dɔ si ana woawɔ nu kple amewo wu nuwo. Nufiafia le etɔxɛ. Awɔ dɔ kple sɔhɛwo. Enye kpekpeɖeŋunana amewo ƒe dɔ.”

Valentina, si tso St. Petersburg, Russia, hã kpɔ ŋudzedze ɖe nufiafia ƒe akpa ma ke ŋu. Egblɔ be: “Nufiafia nye dɔ si nyo nam. Menye gɔmedzesuku nufiala ƒe 37 sɔŋ enye sia. Dɔwɔwɔ kple ɖeviwo, vevietɔ esiwo metsi o la doa dzidzɔ nam. Melɔ̃ nye dɔa, eyatae nyemexɔ dzudzɔ haɖe o.”

William Ayers, si hã nye nufiala, ŋlɔ be: “Woyɔa ame geɖewo be woava fia nu elabena wolɔ̃a ɖeviwo kple sɔhɛwo, alo wodina be yewoanɔ wo gbɔ, yewoanɔ wo kpɔm esime wole tsitsim hele ŋusẽm, hele bibim, hele ame sẽŋuwo zum le xexeame. . . Amewo fiaa nu . . . wònyea ameɖokui tsɔtsɔ na ɖe ame bubuwo ta. Mefiaa nu kple mɔkpɔkpɔ be xexeame nanyo ɖe edzi.”

Ẽ, togbɔ be kuxiwo kple kplamatsedonuwo li hã la, nyɔnu kple ŋutsu akpe geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo ke la lɔ̃na wɔa nufiafiadɔ. Nukawoe nye gbetɔame sesẽ siwo wodoa goe dometɔ aɖewo? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiabia ma ŋu.

[Aɖaka si le axa 6]

Aɖaŋuɖoɖowo Hena Nufialawo Kple Dzilawo Dome Ƒomedodo

✔ Midze agbagba mianya dzilawo. Esia menye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Enye ɣeyiɣi ŋudɔwɔwɔ si aɖe vi na mi katã. Enye mɔnukpɔkpɔ si dzi nàte ŋu ato aɖo ƒomedodo anyi kple amesiwo ate ŋu anye wò kpeɖeŋutɔwo.

✔ Ƒo nu na dzilawo le ɖoƒe si le wo si nu—mègada wo ɖe anyi alo axɔ nya aƒu akɔ o. Ƒo asa na nya gã siwo nufialawo zãna.

✔ Ne èle nu ƒom tso ɖeviawo ŋu la, te gbe ɖe nya tuameɖowo dzi. Amekafukafu wɔa dɔ geɖe wu ame dada ɖe anyi. Gblɔ nusiwo dzilaawo ate ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe ɖevia ŋu be wòakpɔ dzidzedze.

✔ Na dzilawo naƒo nu, eye nàɖo to nyuie.

✔ Dze agbagba nàse nɔnɔme siwo me ɖevia le le aƒeme la gɔme. Ne anya wɔ la, ɖi tsa yi aƒea me.

✔ Ðo ɣeyiɣi ɖi ɖe sasrãkpɔ evelia ŋu. Tɔtrɔ ayi ake le vevie. Eɖenɛ fiana be ètsɔ ɖe le eme nyateƒe.—Wotui ɖe agbalẽ si nye Teaching in America dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

‘Fofonye hã nye nufiala.’—WILLIAM, KENYA

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Mekpɔa dzidzɔ ɖe nufiafia ɖeviwo ŋu.”—VALENTINA, RUSSIA

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

“Nufiafia le etɔxɛ. Àwɔ dɔ kple sɔhɛwo.”—YOSHIYA, JAPAN