Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðokuisi Mawusubɔsubɔ” Ye Nye Egbɔkpɔnua?

“Ðokuisi Mawusubɔsubɔ” Ye Nye Egbɔkpɔnua?

“Ðokuisi Mawusubɔsubɔ” Ye Nye Egbɔkpɔnua?

ESI SUBƆSUBƆHA GÃWO megate ŋu le emenɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm o la, mewɔ nuku be ame geɖe le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖom anyi o. Gake, biabiawoe nye be, Ðe esia wɔwɔ akpɔ ame ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ vavã? “Ðokuisi mawusubɔsubɔe” nye egbɔkpɔnua?

Hafi míaɖo biabia siawo ŋu la, gbã la míadi be míakpɔe ɖa ne ɖokuisi mawusubɔsubɔ ate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ si míatsɔ míaƒe ‘tamebubuŋutete’ si nye nunana xɔasitɔwo dometɔ ɖeka si le amegbetɔ si awɔ la nu hã.—Romatɔwo 12:1.

Amesiwo bua nu ŋu nyuie la gbea nusi tsia tre ɖe eɖokui ŋu. Ke hã le numekuku si wowɔ le ɖokuisi mawusubɔsubɔ ŋu le Sweden me la, woƒo nya ta be zi geɖe la, amewo “ƒoa agbe me ŋuti nukpɔsusu vovovowo (siwo ƒe ɖewo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu) nu ƒu tsɔ wɔa dzidzenui na wo ɖokui wo ŋu mabumabu nyuie.”

Le kpɔɖeŋu me, amesiwo gblɔna be yewonye “Kristotɔwo le yewoƒe nugɔmesese nu” la dometɔ 2 le alafa me koe gblɔ gɔ̃ hã be Yesu nye amesi nɔ anyi kpɔ. Ke hã gbugbɔgadzɔ dzixɔse dzena le woƒe nuƒo me zi geɖe. Azɔ la ɖe menye nusiwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu be woabu ame ɖokui Yesu Kristo yomedzela ahanɔ eƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo gbem—ahayi nufiafia siwo tsi tre ɖe Kristo tɔ ŋu kura gɔ̃ hã xɔ ge oa? *

Míaƒe tamebubuŋutete mewɔa ɖeka kple nusi me mekɔna kura hã o. Ke hã esime wobia gbe ame aɖewo nenye be woxɔ “Mawu alo Mawu me ŋusẽ aɖe dzi se hã la,” wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo ŋu be “Nane” nenema tɔgbe aɖe anya anɔ anyi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Mexɔe se be nane li si ƒo dzɔdzɔmenuwo ta gake menye nusi le Mawu ƒe nɔnɔme kokoko o.” Wo dometɔ siwo xɔ Mawu dzi se la sena le wo ɖokui me be “mekpɔa ŋusẽ gobii aɖeke ɖe míaƒe agbe dzi o.” Nyatakakaa ɖɔ ɖokuisi mawusubɔsubɔ be enye “gɔmeɖose si tɔtɔ,” eye wòƒo eta kple ŋuɖoɖo si ame akpa gãtɔ na, gblɔ be: “Mexɔ nane dzi se gake nyemenya nusi wònye o.”

Numekuku si wowɔ le ɖokuisi mawusubɔsubɔ ŋu le Canada hã ɖo kpe nya ma tɔgbe ke dzi. Magazine si nye Alberta Report gblɔ be: “Míekpɔ alesi woxɔ nusianu kloe si ava susu me na ame dzi se vevie gake míekpɔ gɔmesese gobii aɖeke na wo o. Eye esi míete kpɔ be míaku mɔfiafia si dzixɔse sia naa wo le agbe me me la, míeke ɖe naneke ŋu o. Dzidzenu aɖeke koŋ meli si nu wonɔa agbe ɖo o. Eyata viɖe aɖeke mele woƒe ɖokuisi dzixɔsea ŋu o.” Magazine la ɖɔe be enye “mawu si ma kakɛkakɛe” le esi amesiwo si dzixɔse sia tɔgbe le “léa xesemeʋuʋu vovovo siwo wotsɔ ƒo ƒui me ɖe asi” ta. Ðe wòwɔna na wò be eme kɔ be woatu mawusubɔsubɔ dzixɔsewo—kple etsɔmemɔkpɔkpɔ gɔ̃ hã—ɖe nukpɔsusu maɖevi, doviviti, si ma kakɛkakɛ dzia?

Alesi Gbegbe Wòhiã be Míade Ha

Hadede, nɔviwɔwɔ, kple ɖekawɔwɔ nye nusiwo ŋu xɔsetɔwo mefena le o tso blema ke. (Dɔwɔwɔwo 2:42, 46) Gake esi ɖokuisi mawusubɔsubɔ le alea la—si nye ame ŋutɔ ƒe nu la—aleke wòate ŋu akpɔ hiahiã siawo gbɔe?

Menye ɖeko ɖokuisi mawusubɔsubɔ, si nye “amesiame kple eya ŋutɔ ƒe sɔleme” la gado gã mama si le subɔsubɔhawo me xoxo ɖe edzi oa? Magazine si nye Alberta Report gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ zu ɖokuisi nyametsotso wɔwɔ fifia . . . , eye menye dukɔ si me xɔsemeʋuʋu alafa ʋɛ aɖewo lee míeva zu o ke boŋ dukɔ si me xɔsemeʋuʋu miliɔn ʋɛ aɖewo lee míezu.” Mewɔ nuku o be woɖɔ ɖokuisi mawusubɔsubɔ be enye gbɔgbɔ me zitɔtɔ ƒomevi aɖe.

Ke Gɔmeɖosewo Ya Ðe?

Esi nyadzɔdzɔgbalẽ Svenska Dagbladet ŋlɔlawo nɔ gbe biam Swedentɔ Bishop Martin Lönnebo la, eɖe nu me be “ɖokuisi mawusubɔsubɔ mate ŋu ade ame dzi le míaƒe ŋkekeawo me o, eye mele bɔbɔe be woafia eƒe gɔmeɖosewo dzidzime yeye aɖe o.” Wokpɔ esia ƒe nyateƒenyenye aɖe le dzila Swedentɔwo ƒe vinyinyi me. Svenska Dagbladet gblɔ nɔnɔme si woɖena fiana kpuie ale: “Xɔ nusi nèlɔ̃ dzi se! Eye megazii ɖe viwòwo dzi be woaxɔe o. Ke boŋ na woawɔ woa ŋutɔwo ƒe tiatia ne wotsi.”

Nyadzɔdzɔgbalẽa lɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu abu mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo fiafia ɖeviwo be enye mɔxexe na woƒe nyametsotso wɔwɔ ŋu ya. Ke hã nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo eta be: “Mawusubɔsubɔ gɔmeɖosewo fiafia ɖeviwo ate ŋu anye nu nyui aɖe eye ate ŋu anye mɔ ɖeka kolia na wo . . . be woava tso nya me na wo ɖokui.” Nyateƒee, afɔku si me sɔhɛwo ɖo fifia fia be ɖokuisi mawusubɔsubɔ mena ƒomewo wɔ ɖeka be woate ŋu afia gɔmeɖose veviwo tso dzidzime yi dzidzime o.

Eyata eme va le kɔkɔm azɔ be ɖokuisi mawusubɔsubɔ mate ŋu ana woakpɔ biabia siwo ku ɖe agbe ŋu kakaɖedzitɔe pɛpɛpɛ o, eye mate ŋu ana amewo nawɔ ɖeka alo ana ameƒomea nakpɔ agbenyuinɔnɔse si dzi woazɔ ɖo o. Nya si míeyɔ va yi le Svenska Dagbladet ƒe nyatia me gblɔ nya sia tso ɖokuisi mawusubɔsubɔ ŋu be: “Ne wogblɔ be nusianu le nusi yɔm wole be ‘xɔse’ me la, dzodzroe. Eye ne womeɖo seɖoƒe na ablɔɖe o la egbɔdzɔna.”

Edze ƒã le go geɖe me be, ɖokuisi mawusubusubɔ mete ŋu kpɔ amewo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ na wo o. Le nyateƒe me la, aleke woakpɔ mɔ be woakpɔ nuhiahiã siawo gbɔ nyuie ne wotso ko tia dzixɔse vovovowo tso kɔnu vovovowo me abe ɖe wòle nuɖuɖu dzroamewo tiam le kplɔ̃ɖoɖo gã aɖe me ene? Edze abe eme kɔ ƒã hã be subɔsubɔha gãwo mete ŋu kpɔ nuhiahiã sia gbɔ na amewo o ene. Ekema afikae míate ŋu atrɔ ɖo?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yesu mefia nu be kukuawo gagbugbɔ dzɔna o. Ke boŋ, efia nu be kukuawo le alɔ̃ dɔm le ku me le tsitretsitsi lalam le etsɔme.—Yohanes 5:28, 29; 11:11-14.

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Ðe wòle be míabu mawusubɔsubɔ abe kplɔ̃ɖoɖo gã aɖe ko ene anɔ dzixɔsewo tiam le wo me alesi dze mía ŋua?