Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔ Nyuitɔ Si Nàto Akpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

Mɔ Nyuitɔ Si Nàto Akpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

Mɔ Nyuitɔ Si Nàto Akpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

NUKATAE AMEWO hiã mawusubɔsubɔ ɖo? Ame aɖewo aɖo ŋu be amegbetɔwo trɔna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu be yewoakpɔ ametakpɔkpɔ le xexe si me dedienɔnɔ mele o me. Gake elɔ nu geɖe ɖe eme wu ema. Nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye American Sociological Review me gblɔ be: “Menye dedienɔnɔ ɖeɖe tae amewo ƒoa wo ɖokui ɖe mawusubɔsubɔ aɖe me o. Ɣesiaɣi la amewo nɔa ŋuɖoɖo dim na biabiawo abe: Afikae míedzɔ tso? Etsɔmemɔkpɔkpɔ kae le mía si? Nukatae míele afisia ɖo?”

Àlɔ̃ ɖe edzi ɖikekemanɔmee be esiawo nye nyabiabia vevi detowo. Esi wole alea la, ɖe manyo be woakpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le na wo oa? Biabia siawo le vevie helolo akpa be woakpɔ wo gbɔ kple dzixɔse vovovo aɖewo siwo wotia tso kɔnu aɖewo me ko kple susu be esiawoe dzɔa dzi na mí ta. Ne míedi be míakpɔ ŋuɖoɖo nyui si ŋu kakaɖedzi le na agbemenya veviwo la, ke míehiã mɔnu si nyo wu godoo.

Ðe mɔnu aɖe li si nyo wua? Biblia gɔmeɖela, Ferrar Fenton gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe tso agbalẽ sia ŋu. Eyɔe be “nu ɖeka kolia aɖe si kloa nu le Xexeame ƒe Nyaɣaɣla dzi na Ame, kple Nyaɣaɣla siwo ku ɖe Ame ŋutɔ ŋu dzi na Eɖokui.” Ẽ, Biblia la ɖoa biabia siwo ku ɖe ɣeyiɣi siwo va yi, fifia, kple etsɔme si gbɔna ŋu. Egblɔa afisi míedzɔ tso, tameɖoɖo si le agbe ŋu, alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ, kple mɔkpɔkpɔ si li na mí le etsɔme la na mí. Womeŋlɔ agbalẽ aɖeke le ŋutinya me si wɔa dɔ ɖe ame dzi de Biblia nu o; eye wometo mɔnu vovovo be woagblẽ agbalẽ aɖeke dome kpɔ abe Biblia ene o. Ke hã nukata amewo ŋea aɖaba ƒua agbalẽ tɔxɛ sia dzi ne wole ŋuɖoɖo dim na biabia siwo ku ɖe agbe ŋu?

Ame geɖe megbɔa dzi ɖi dea ŋugble le vovototo gã si le Biblia kple sɔlemeha siwo wonya dome o. Wokpɔa alesi amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la wua wo nɔewoe le Mawu ƒe ŋkɔ me. Ame geɖe fa konyi abe alesi The Guardian gblɔe ene be, “le egbeŋkekeawo me la, gadzɔdzɔ ŋue nunɔlawo tsia dzi ɖo tsɔ wu hameviwo sasrã kpɔ.” Wosusuna be Biblia da asi ɖe nɔnɔme ma dzi alo ŋe aɖaba ƒu edzi. Nyateƒea enye be Biblia la de se na Kristotɔwo be ‘woalɔ̃ wo nɔewo,’ eye wògblɔ na amesiwo ɖea gbeƒã nya la be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Yohanes 13:34; Mateo 10:8) Ekema ɖe wòasɔ be woagbe Biblia la le esi ame aɖewo siwo gblɔna be yewoxɔ edzi se la mewɔna ɖe edzi o ta?

Ame geɖe xɔe se be Biblia me nyawo mesɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya nu o, eƒe nyawo mele ɖeka o, eye wònye tsigãdzinu. Gake numekuku nyuie fia be mele nenema kura o. Ele eme baa be Biblia la menye dzɔdzɔmeŋutinunya-gbalẽ o. Ke hã ne Biblia ƒo nu tso nusiwo do ka kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu—abe ɖoɖo si nu wowɔ nuwo ɖo le anyigba dzi, anyigba ƒe nɔnɔme, alo mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ dɔxɔleameŋu aɖe gbɔ ene—la eƒe nyawo nɔa eteƒe pɛpɛpɛ. Gawu la egblɔ nya aɖewo ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi wova srɔ̃ nu tso wo ŋu le dzɔdzɔmeŋutinunya me. Eye togbɔ be agbalẽ 66 ye ƒo ƒu wɔ Biblia eye wotsɔ ƒe si wu 1,600 wu eŋɔŋlɔ nui hã la, wo katã de nu wo nɔewo me. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia la ƒo nu tsitotsito tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu etɔxɛe, si na be enu meva yina gbeɖe o.

Agbalẽ ɖedzesi sia gblɔ nya vevi aɖe tso alesi woade ta agu na Mawu ŋu. Egblɔ be mele be woade ta agu le mɔ si amegbetɔ fia nu o, ke boŋ ele be woade ta agu le mɔ si Mawu fia nu. (Yohanes 5:30; Yakobo 4:13-15; Petro II, 1:21) Gake ame ʋɛ aɖewo koe wɔna ɖe gɔmeɖose mawo dzi pɛpɛpɛ. Tso blema ke la, amewo ɖo mawusubɔsubɔ anyi be wòasɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe tameɖoɖo nu. Alea wòle ne amewo tsɔ ati kpa woƒe mawuwo hesubɔ wo. Alea wòle ne subɔsubɔhawo fia nufiafia siwo woto vɛ. Ðe menye alea ke wòle le ame ɖekaɖeka aɖewo hã siwo trɔa asi le ɖokuisi mawusubɔsubɔ ŋu be wòasɔ ɖe woa ŋutɔ ƒe didiwo nu gome oa?

Bu nu bubu ŋu kpɔ. Manyo be nàwɔ nu abe alesi United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la gã aɖe wɔe ene oa? Abe alesi wodzroa nyawo mee le ʋɔnu me ene la, etsɔ dzi nyui dzro nusiwo ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi. Nuka ŋue wòke ɖo? Egblɔ be: “Meva kpɔ be Biblia nye agbalẽ si gbɔ dzɔdzɔmenuwo ŋu, eye be Mawu gbɔe wòtso.”

Aleke nàte ŋu awɔ numekuku sia tɔgbe na ɖokuiwòe ? Aɖaŋuɖoɖoa enye be anyo be nàte Biblia-sɔsrɔ̃ tsitotsito kpɔ, ale be nàtsɔ biabia siwo fɔ ɖe te le nyati sia ƒe gɔmedzedzea me awɔ numekukuae. Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn ade le dukɔ 235 me srɔ̃ nusiawo. Wolɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣi be woatsɔ nusi wosrɔ̃ la akpe ɖe ame bubuwo ŋui. Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wowɔna kple amewo femaxee la kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu xɔse si menye ɣeyiɣi kpui aɖe tɔ alo nudzroame aɖe ko o la su wo si. Kristotɔnyenye vavã si ƒe nya wogblɔ le Biblia me la menye mawusubɔsubɔ bubu aɖe ko o. Enye nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Eyata manyo be nàtia nusi nyo wu la oa?—Yohanes 17:17.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Mɔ nyuitɔ si dzi nàto akpɔ wò gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ enye be nàsrɔ̃ nu tso Mawu ŋu tso Biblia me eye nàde ha kple tadeagula vavãtɔwo