Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Mía Kple Amesi le Xɔme ƒe Anyinɔnɔ Sesẽ Alea?

Nukatae Mía Kple Amesi le Xɔme ƒe Anyinɔnɔ Sesẽ Alea?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Mía Kple Amesi le Xɔme ƒe Anyinɔnɔ Sesẽ Alea?

“Nyemelɔ̃a ɖi o, mele dzadzɛ ŋutɔ. Gake ne meɖo aƒeme la, amesi le xɔme kplim draa eɖokui ɖe anyigba nɔa television kpɔm—hekakaa pepawo kple bli tɔtɔewo ɖe afisiafi. Ɣesiaɣi si megbɔna ɖe aƒeme la nusiwo ŋu mava ke ɖo la nɔa susu me nam, eye megblɔna na ɖokuinye be, ‘nyemage ɖe xɔa me o.’”​—David.

“Ðevi gbegblẽ donuƒoname aɖe koe amesi le xɔme kplim nye. Ewɔ nam be esusuna be subɔvi aɖewo le mía gbɔ. Eye edina ɣesiaɣi be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu.”​—Renee. *

“DZIDODO be woanɔ te ɖe amedzro ƒe nɔnɔme nu ate ŋu ana woasrɔ̃ . . . tufafa kple asiɖeɖe le nya ŋu. Gake esɔsrɔ̃ mele bɔbɔe o,” alea nyati aɖe si dze le U.S.News & World Report me gblɔ enye si. Amesi nɔ xɔme kple ame aɖe kpɔ alɔ̃ ɖe edzi.

Yunivɛsiti-dela geɖewo nɔa xɔme kple wo hatiwo be woaɖe sukufe gbogbo xexe dzi akpɔtɔ. Sɔhɛ bubuwo ʋuna va nɔa xɔme kple wo nɔewo esi wodi be yewoaɖe ɖa le yewo dzilawo ŋu ta. Kristotɔ sɔhɛwo dometɔ geɖe nɔa xɔme kple wo tɔ bubu kple susu be woate ŋu awɔ gbɔgbɔmedɔwo. (Mateo 6:33) Wokpɔnɛ be ame aɖe si woama fe me kpli kpɔkpɔ kpena ɖe yewo ŋu be yewote ŋu wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa. Ɣeaɖewoɣi la, dutanyanyuigblɔlawo hã zãa xɔ ɖeka kple wo tɔ bubuwo eye nenema ke wòle le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe vovovowo. *

Nyɔ! ŋlɔlawo ɖo dze kple ɖekakpui kple ɖetugbi geɖe siwo nɔ xɔme kple ame aɖe kpɔ. Wo katã lɔ̃ ɖe edzi be tsɔ kpe ɖe amesi woama xɔfe kplii si wòanye ŋu la—amesi le xɔme kple ame ate ŋu anye kpeɖeŋutɔ, amesi nàte ŋu aɖo dze kple ahawɔ nu kplii ɖekae. Lynn gblɔ be: “Míenɔa ŋu ɖoa nyɔnuviwo ƒe dze alo kpɔa television.” Renee gblɔ be: “Amesi le xɔme kpli wò hã ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Ɣeaɖewoɣi ne èle dɔ wɔm, ne èle agbagba dzem be yeaxe wò fewo katã, hele agbagba dzem be yeaɖe gbeƒã la, enyo be amesi le xɔme kple ame si dea dzi ƒo na ame nanɔ ame si.”

Ke hã xɔmenɔnɔ kple ame aɖe—vevietɔ amesi mènya kura le gɔmedzedzea o—ate ŋu anye kuxi. U.S.News & World Report gblɔ le nusi wokpɔ le sukukpo aɖe dzi ŋu be: “Togbɔ be wodze agbagba geɖe le sukuwo me be woana xɔmenɔla siwo sɔ na wo nɔewo nanɔ xɔ ɖeka me hã la, kuxi geɖe doa mo ɖa godoo.” Nyateƒee, wosena xɔmenɔla aɖewo ƒe dzre wova zua ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe amehavi ŋu nya le kɔledziviwo! Esia ta Internet dzi wɔnawo do eye woɖea mɔ na sukuviwo be woaɖe nya si le dzi me na wo ɖe woa kple amesi le xɔme kpli wo ŋu si wobuna be enu matsi akpɔ o la agblɔ faa. Nukata zi geɖe anyinɔnɔ kple ame nɔewo le xɔme sesẽna alea?

Anyinɔnɔ Kple Amedzro

Mark gblɔ be: “Be nàʋu aɖanɔ anyi kple amesi mènya o la nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe. Mènya alesi tututu mia kpli ƒe anyinɔnɔ ava anɔ o.” Nyateƒee, anyinɔnɔ kple ame aɖe si mènya tututu o alo amesi ŋu mènya naneke le kura o la ate ŋu ana nàtsi dzodzodzoe. Nyateƒee, ele be Kristotɔwo nanye nu ɖeka wɔlawo le go geɖe me eye nu geɖe nanɔ wo si si ŋu woaɖo dze le. Ke hã David ʋu eme be: “Xɔmenɔnɔ kple ame bubu tsoa dzika ƒo nam.”

Ke hã eva dzɔ be amesi va nɔ xɔme kple David hã nye amesi wohe abe eya ke ene. Gake medzea edzi na amesiame alea o. Mark gblɔ be: “Amesi nɔ xɔme kplim zi gbãtɔ meƒoa nu fũ o. Ne miele xɔme la wò koe anɔ nuƒoƒo dzi. Gake eya maƒo nu o. Eva kua dzi nam.”

Teƒe vovovo siwo mietsi le hã ate ŋu ahe masɔmasɔ bubu vɛ. Lynn gblɔ be: “Ne ènya ʋu le aƒeme ko la àdi be yeawɔ nu alesi nèdii. Gake eteƒe medidina hafi nàva kpɔe be ele be yeabu ame bubuwo ŋu o.” Nyateƒee, esi nètso ablɔɖe gbadzaa me si nye wo ƒomea me tɔwo dome va ta la, anye nusi awɔ mo yaa ne èva kpɔe be nukpɔsusu bubu kurae le ame bubuwo si ku ɖe nanewo ŋu.

Teƒe Vovo Tsotso, Nuwɔwɔ le Mɔ Vovo Nu

Nu geɖe nɔa te ɖe hehe si amea xɔ—alo mexɔ kura o—tso edzilawo gbɔ dzi. (Lododowo 22:6) Ðekakpui Fernando gblɔ be: “Ame dzadzɛe menye, ke amesi le xɔme kplim nye fewɔla. Na míatsɔ awudzraɖoƒe le kpɔɖeŋu me: Elɔ̃a eƒe nuwo kakaka ɖe afisiafi. Melɔ̃a nye nuwo kuku ɖe awudzraɖoƒea.” Ɣeaɖewoɣi la vovototo gã aɖe nɔa mía kpli ƒe agbenɔnɔ me.

Renee gblɔ be: “Mía kple ame aɖe nɔ xɔme kpɔ si ƒe xɔdɔme le abe aɖukpo dzi ene! Mía kple ame bubu aɖewo hã nɔ xɔme kpɔ siwo metutua kplɔ si dzi woɖua nu lena o alo wogblẽa agbawo ɖi ŋkeke eve alo etɔ̃ maklɔmaklɔe.” Ẽ, ne eɖo aƒemedɔ wɔwɔ dzi la, Lododowo 26:14 sɔna na ame aɖewo siwo le xɔme kple ame be: “Alesi ʋɔtru trona le eƒe megbega me la, nenema nye kuviatɔ le aba dzi.”

Le go bubu me la, xɔmenɔnɔ kple amesi ƒe dzadzɛnyenye kɔ boo hã menaa ame ƒe dzi dzea eme tututu o. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Lee gblɔ le eya kple eƒe xɔmenɔla ŋu be: “Le eya gome la ele be woadzra xɔa me ɖo gaƒoƒo ɖesiaɖe. Nyemenye fewɔla le mɔ aɖeke nu o, gake ɣeaɖewoɣi la megblẽa nuwo abe agbalẽwo ene ɖe nye abati dzi. Eye ewɔna nɛ be ele be yeanɔ ŋudzɔ ɖe ŋunye le go sia me.”

Dzadzɛnyenye si sɔ na ame anɔ xɔmenɔla ɖesiaɖe ŋutɔ hã si. Mark gblɔ be: “Amesi le xɔme kplim mefɔna kaba o. Ðeko woɖena abla yia pɔmpi to, kua tsi hlẽna ɖe tame doa go va yina.”

Teƒe si ame aɖe tso kple amenyenye tɔxɛ si le esi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe modzakaɖeɖe kple kamedede si wòlɔ̃na dzi. Mark gblɔ be: “Mía kpli míelɔ̃a ha ɖeka tɔgbe o.” Ke hã afisi wodea bubu ame nɔewo ŋu le la, vovototo sia ate ŋu aɖe vi, ɖewohĩ akpe ɖe xɔamenɔlawo ŋu be woalɔ̃ faa axɔ nukpɔsusu bubu. Gake enuenu la, masɔmasɔ sia va zua dzre. Fernando gblɔ be: “Spaintɔwo ƒe haƒoƒo dzɔa dzi nam, gake amesi le xɔme kplim tsia tre ɖe eŋu ɣesiaɣi.”

Telefon Zazã—Nye Kuxi

Dzrewɔwɔ ƒe akpa gãtɔ ate ŋu atso telefon zazã gbɔ. Mark gblɔ be: “Melɔ̃a anyi mɔmlɔ kaba. Gake amesi le xɔme kplim la lɔ̃a kaƒoƒo le zãme. Ne egale edzi ko la eva kua dzi nam.” Nenema ke Lynn hã gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la amesi le xɔme kplim xɔlɔ̃wo ƒoa ka ga etɔ̃ alo ga ene fɔŋli. Ne meli o la, ele be mafɔ maɖo telefon la ŋu.” Àdi be yeanya alesi wokpɔ egbɔea? “Míekpɔ egbɔ be telefon va le amesiame ŋutɔ si.”

Ke hã menye sɔhɛ ɖesiaɖee ate ŋu akpɔ ga axɔ eya ŋutɔ ƒe telefon o, enye dzizizi na ame geɖe be woazãe kple ame bubuwo. Esia ate ŋu ahe masɔmasɔ gã aɖe vɛ ɣeaɖewoɣi. Renee gblɔ be: “Ŋugbetɔ le amesiwo le xɔme kplim dometɔ ɖeka si eye zi geɖe la enɔa telefon la zazã dzi gaƒoƒo geɖe. Ɣleti aɖe me la enyi fe dɔlar 90. Eva nɔ didim be mía dometɔ ɖesiaɖe naxe fea ɖe esi mí katãe lɔ̃ ɖe edzi be míama fea me sɔsɔe ta.”

Alesi woakpɔ telefon la azã hã ganye nya bubu. Lee gblɔ be: “Menɔ xɔme kple ame aɖe si tsi wum. Eye telefon ɖeka koe nɔ mía si. Menɔa telefon la zazã dzi ʋuu le esi xɔ̃nyewo sɔ gbɔ ta. Megblɔa nya aɖeke o. Metsɔe be ne edi be yeazã telefon la agblɔe nam. Fifia la meva kpɔe be nyemenɔ ewɔm nyuie o.”

Wò Ðeɖe Màte Ŋu Anɔ Anyi Ɣesiaɣi si Nèdi O

David gblɔ be: “Amesiame hiã ɣeyiɣi aɖe si eyama ɖeɖe nanɔ anyi. Ɣeaɖewoɣi la, medina be maɖi ɖe me naneke mawɔmawɔe.” Ke hã ɣeyiɣi si ame ɖeɖe nanɔ anyi la kpɔkpɔ va sesẽna ne ele xɔme kple ame aɖe. Mark lɔ̃ ɖe edzi be: “Melɔ̃na be nye ɖeka manɔ anyi ɣeaɖewoɣi. Eyata nu sesẽe wònye nam be nye ɖeɖe nyemate ŋu anɔ anyi o. Ðoɖowɔɖi ɖekae le mía kple amesi le xɔme kplim si. Eyatae wòsesẽna nam be nye ɖeɖe manɔ anyi.”

Ɣeaɖewoɣi Yesu Kristo gɔ̃ hã dina be ye ɖeɖe yeanɔ anyi. (Mateo 14:13) Eyata ete ŋu ɖea dzi le ame ƒo ne amesi le xɔme kpli wò ƒe anyinɔnɔ naa wòsesẽna na wò, alo nana menya wɔna na wò be nàxlẽ nu, asrɔ̃ nu, alo ade ŋugble o. Mark gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe o elabena ɣesiaɣi la nane nɔa edzi yim. Ekplɔa xɔlɔ̃awo vaa xɔa me, ƒoa nu le telefon dzi, alo kpɔa television alo ʋua radio.”

Togbɔ be enye kuxi sesẽ be woanɔ xɔme kple ame aɖe hã la, sɔhɛ geɖewo te ŋu kpɔ dzidzedze le ewɔwɔ me. Nyati bubu siwo akplɔ esia ɖo adzro mɔ nyui aɖewo siwo dzi míate ŋu aɖe vi geɖe tso xɔ ɖeka me nɔnɔ kple ame aɖe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 6 Togbɔ be sɔhɛwoe míele aɖaŋu sia ɖom na tẽ hã la, ate ŋu akpe ɖe ame tsitsi siwo wòle na be woava nɔ xɔme kple ame bubu esi woƒe nɔnɔmewo va trɔ ta, le kpɔɖeŋu me ne wozu ahosiwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Haƒoƒo si to vovo tso esi ame lɔ̃na gbɔ la te ŋu nyea kuxi

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ame ŋu mabumabu ate ŋu ahe masɔmasɔ vɛ