Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Dea Aʋawɔwɔ Dzia?

Ðe Mawu Dea Aʋawɔwɔ Dzia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Dea Aʋawɔwɔ Dzia?

ZI NENIE aʋafiawo, dziɖulawo, kple hakplɔlawo mewɔ aʋa alo da asi ɖe edzi le Mawu ƒe ŋkɔ me o! Le ƒe 1095 me la, Atitsogaʋawɔla Gbãtɔwo ho le Papa Urban II ƒe mɔfiafia te be woava xɔ “Du Kɔkɔe,” Yerusalem, na Kristodukɔa. Gake hafi woxɔe la, Turktɔ siwo hã ƒe ŋuʋaʋã ɖe Allah ŋu nu sẽ, abe alesi Atitsogaʋawɔlaawo tɔ nu sẽ ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ŋu ene la, tsrɔ̃ Atitsogaʋawɔlawo ƒe aʋalɔgo ɖeka.

Le August 1914 me la, Germantɔ ɖekakpui aɖe ŋlɔ nu tso asaɖa si me wònɔ le Xexemeʋa I me be: “Ne dzɔdzɔenyenye kple Mawu ƒe mɔfiafia nɔ anyi le ŋutinya me la—eye meka ɖe edzi tututu be enɔe hã—ekema ele be míaɖu aʋa dzi.” Le ɣleti ma ke me la, Fiagã Nicholas II na Russia-srafowo ho ɖe Germany ŋu eye wògblɔ be: “Meɖo nye lɔlɔ̃gbedoname ɖe nye aʋakalẽtɔwo kple nye hati bubunatɔwo. Mawu li kpli mí!”

To dzideƒoname siawo tɔgbe me la, asrafo miliɔn geɖe ho yi aʋagbedzi, kple dzixɔse be Mawu le yewo dzi. Ame geɖe bunɛ be Mawu da asi ɖe aʋawɔwɔ siawo dzi be enye nusi dzi woato akpɔ ablɔɖe, eye wofiaa asi aʋa siwo ŋu nya le Hebri Ŋɔŋlɔawo (si woyɔna zi geɖe be Nubabla Xoxoa) me be ye nye kpeɖodzia. Ðe alesi woɖea Mawu ƒe Nya la gɔme sɔa?

Aʋa Siwo Blema Israel Wɔ

Yehowa Mawu de se na Israel-viwo be wòaho aʋa atsɔ aɖe Kanaantɔ gblẽkuwo ɖa le Ŋugbedodonyigba la dzi. (Mose III, 18:1, 24-28; Mose V, 20:16-18) Abe alesi Mawu tsɔ tsiɖɔɖɔ he to na nuvɔ̃wɔlawo le Noa ŋɔli eye wòtsɔ dzo tsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene la, nenema ke wòzã Israel dukɔa abe yi tsɔ tso kufiae.​—Mose I, 6:12, 17; 19:13, 24, 25.

Biblia gblɔ be Israel-viwo wɔ aʋa bubuwo le Mawu ƒe mɔfiafia te tsɔ nyã futɔ siwo ŋu womedi ge le o gake wodi be yewoadze wo dzi la ɖa. Ne dukɔa ɖo to Yehowa la, wokpɔa aʋadziɖuɖu le aʋa la me. (Mose II, 34:24; Samuel II, 5:17-25) Gake Israel-viwo dzea afɔku me ne wote kpɔ ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nuxlɔ̃ame dzi. Bu nusi dzɔ ɖe Fia Yerobeam dzi ŋu kpɔ. Eŋe aɖaba ƒu nyagblɔɖi me nuxlɔ̃ame dzi hedɔ eƒe aʋakɔ gã la be woawɔ dukɔmeviʋa kple Yuda. Esi aʋa la ke mlɔeba la, Yerobeam ƒe asrafo 500,000 ye tsi me. (Kronika II, 13:12-18) Fia wɔnuteƒe Yosiya gɔ̃ hã ho va wɔ aʋa si menye etɔ o. Nyametsotso si wòtsɔ dzitsitsi wɔ na wòbu eƒe agbe.​—Kronika II, 35:20-24.

Nukae nudzɔdzɔ siawo fia? Efia be le blema Israel la, Mawue wɔa aʋawɔwɔ ŋuti nyametsotso na wo. (Mose V, 32:35, 43) Ena eƒe dukɔa wɔ aʋa le tameɖoɖo aɖewo koŋ ta. Ke hã wokpɔ tameɖoɖo siawo gbɔ va yi xoxoxo. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔe ɖi be amesiwo asubɔ ye “le ŋkeke mlɔeawo me” atsɔ “woƒe yiwo atu kodziwoe” eye “womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:2-4) Eme kɔ ƒã be womate ŋu atsɔ aʋa siwo wowɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ado taflatse be eyata wowɔa egbeŋkekeawo me ʋa siwo ƒe ɖeke mele Mawu ƒe sedede alo eƒe mɔfiafia te o la o.

Kristo ƒe Nufiafia ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, efia alesi woana ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ naxɔ ɖe fuléle teƒe, esi wògblɔ be: “Mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.” (Yohanes 15:12) Egblɔ hã be: “Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.” (Mateo 5:9) Helagbe me nya si wozã le afisia be “lé avu” lɔ nu geɖe ɖe eme wu ŋutifafa me nɔnɔ ko. Efia koŋ be woatu ŋutifafa ɖo, awɔ nusiwo ahe kadodo nyui vɛ.

Esime wolé Yesu la, apostolo Petro tee kpɔ be yeatsɔ lãnu aʋli eta. Gake Mawu Vi la gbe nya nɛ gblɔ bena: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ ɖe nya ma dzii? De dzesi nya siwo gbɔna.

“Nyatakaka siwo katã li me dzodzro tsitotsito [ɖee fia] be, vaseɖe Marcus Aurelius [121-180 M.Ŋ.] ŋɔli la, Kristotɔ aɖeke meva zu asrafo o; eye asrafo siwo va zu Kristotɔ dometɔ aɖeke mekpɔtɔ nɔ asrafodɔa wɔm o.”​—The Rise of Christianity.

“Kristotɔ [gbãtɔwo] ƒe agbenɔnɔ to vovo sasasã tso Romatɔwo tɔ gbɔ. . . . Esi Kristo ɖe gbeƒã ŋutifafa ta la, wogbe asrafodɔwo.”​—Our World Through the Ages.

Esi Kristo ƒe nusrɔ̃lawo gbe be yewomanɔ fiagã la ƒe asrafoha me o ta la, Romatɔwo wu wo dometɔ geɖe. Nukatae Kristotɔwo lé nusi medzɔa dzi na amewo o me ɖe asi? Elabena Yesu fia wo be woanye ŋutifafalɔ̃lawo.

Aʋa si Wowɔna Egbea

Bu nu dziŋɔ si adzɔ ne Kristo yomedzelawo anɔ asrafoha siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu me anɔ agbagba dzem be yewoawu yewo nɔewo ŋu kpɔ. Nɔnɔme sia atsi tre ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Nyateƒee, amesiwo ɖoa to Biblia ƒe Mawu mawɔ nuvevi ame aɖeke o—alo woƒe futɔwo gɔ̃ hã o. *Mateo 5:43-45.

Eme kɔ ƒã be Mawu medaa asi ɖe egbegbe ʋawɔwɔ siwo yia edzi le amegbetɔwo dome la dzi o. Esi wonye ŋutifafamewo ta la, Kristotɔ vavãwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si woava ɖo anyi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Biblia la ƒo nu tso “Harmagedon” si wogayɔna be “Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” ŋu. Esia meku ɖe amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ ŋu o, ke boŋ enye mɔ si Mawu tia be yeatsɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwoe. Eyata womate ŋu atsɔ Harmagedon ado taflatse ɖe aʋa siwo wowɔna egbea ta alo be Mawu da asi ɖe wo dzi o.​—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 21:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Aʋafia Francisco Franco si tso Spain, kple Katoliko nunɔla geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. National Archives photo

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Asrafo siwo Hela Orthodɔks nunɔlawo nɔ yayram hafi woho yi Kosovo, June 11, 1999

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Giorgos Nissiotis