Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒewuivi Siwo Alɔ̃ Mesuna O—Nusi Ŋu Woatsi Dzi Ðo Yea?

Ƒewuivi Siwo Alɔ̃ Mesuna O—Nusi Ŋu Woatsi Dzi Ðo Yea?

Ƒewuivi Siwo Alɔ̃ Mesuna O​—Nusi Ŋu Woatsi Dzi Ðo Yea?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CANADA GBƆ

ALƆ̃MASUAME ɖea susu ƒe dɔwɔna kple ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete dzi kpɔtɔna, eye amesiwo ŋu wòate ŋu agblẽ nu le wu dometɔ aɖewoe nye ƒewuivi siwo nye sukuviwo. Aleae Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Globe and Mail gblɔ. “Ðeviwo kple ƒewuiviwo ƒe alɔ̃madɔmadɔ wòasu wo te ŋu hea agbenɔnɔ ŋuti kuxiwo, dzikudodo kabakaba kple momadzeanyi hã vɛ.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku le suku kɔkɔ dela siwo ade 2,200 ƒe alɔ̃dɔdɔ ŋu eye wode dzesii be wo dometɔ siwo ade 47 le alafa me medɔa alɔ̃ wodea gaƒoƒo enyi si wokafu be esɔ le zã ɖesiaɖe me o.

Togbɔ be zi geɖe sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ gbɔe wòtsona be womedɔa alɔ̃ wòsua wo o hã la, Globe gblɔ be, “ate ŋu anye dɔléle aɖe si womede dzesii o ye anɔ fu ɖem na wo dometɔ aɖewo. Gbɔgbɔtsixe tsia ɖevi siwo xɔ ƒe 4 va ɖo 18 dometɔ 4 le alafa me ƒo le alɔ̃ me.” Ne wole alɔ̃ dɔm la, vehlo me yatoƒe ƒe akpa aɖe xena alo exena keŋkeŋ, si nana be womegate ŋu gbɔna nyuie o. Esia wɔnɛ be woƒe ahɔhɔ̃ mete ŋu ɖina ɖe eme wòsunɛ o si nana be ɖeviwo nyɔna kple ɖeɖiteameŋu eye woƒe mo medzea anyi o.

Nusiwo ate ŋu afia be anye dɔlélee ƒe dzesiwo ƒe ɖewoe nye ƒanono alo gbɔgbɔmasuame ne amea le alɔ̃ dɔm, taɖuame edziedzi le ŋdi me, tsɔ kpe ɖe nuŋɔŋlɔbe kabakaba kple susu ƒe nuŋumanɔmanɔ kuxiwo, kpakple alɔ̃tsɔame vevie ɣeyiɣi didi le ŋkeke me. Wode dzi ƒo na dzilawo be woanɔ to ɖom wo viwo ɣeaɖewoɣi ne woyi alɔ̃ me ʋĩ. Ðk. Robert Brouillette, amesi nye ɖeviwo ƒe alɔ̃dɔdɔŋutinunyala bibi, si le Ðeviwo ƒe Kɔdzi le Montreal, gblɔ be ate ŋu adzɔ be ɖevi si ŋu dɔléle sia le la maganɔ gbɔgbɔm ne ele alɔ̃ dɔm o, togbɔ be eƒe akɔta anya nɔ ʋaʋãm hã. “Ne ɖevia ɖi vo nyɔ afã kple afã alo nyɔ keŋkeŋ la, egadzea gbɔgbɔ gɔme vie hafi gayia alɔ̃ me.” Nusiawo ate ŋu adzɔ zi geɖe le zã ɖesiaɖe me eye wòana ɖeɖi nate ɖevia ŋu ne enyɔ tso alɔ̃ me.

Amerikatɔwo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Alɔ̃madɔmadɔ ƒe Nyawo Gbɔ kafui be ɖevia namlɔ xɔdɔme si me doviviti eye eme fa, si me toɣliɖenuwo abe television kple kɔmpiuta mele o ene la me. Anyimɔmlɔ kple fɔfɔ ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe koŋ dzi hã ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo kple ƒewuiviwo ŋu be woadɔ alɔ̃ nyuie le zã me. Ame siwo ƒo gbɔgbɔtsixe tsina le alɔ̃ me dometɔ aɖewo zãa yagbɔmɔ̃ si gbɔa ya blewu to woƒe ŋɔti kple nu me ne wòana woƒe vehlo me nanɔ ʋuʋu ɖi ne wole alɔ̃ dɔm. Ðeviŋutigbedala aɖe gblɔ be: “Alɔ̃dɔdɔ le vevie wu nusi míeɖuna. Ele vevie wu kamedede. Alɔ̃dɔdɔ kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmetsiwo, míaƒe seselelãmewo kple míaƒe dɔlélenutsiŋutete dzi.”