Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Videohaƒoƒowo—Aleke Mawɔ Awɔ Tiatia Nyuiwo?

Videohaƒoƒowo—Aleke Mawɔ Awɔ Tiatia Nyuiwo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Videohaƒoƒowo​—Aleke Mawɔ Awɔ Tiatia Nyuiwo?

“Ne mekpɔ hadziha alo ha si ŋu nya ku ɖo ƒe ŋkɔ le television dzi la, ɣemaɣie meʋua television dɔwɔƒe bubu.”​—Casey.

VIDEOHAƑOƑOWO​—sɔhɛ geɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu vevie ŋutɔ. Gake abe alesi nyati sia siwo tre ɖe enu ƒe ɖe si do ŋgɔ ɖee fia ene la, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋuwo kple ŋutasẽnuwɔna dovoɖinamewoe nɔa videohaƒoƒo geɖe me. * Nyateƒee, ne modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe dea nusiwo dzi Mawu meda asi ɖo o ƒe dzi ƒo la, ele be Kristotɔ natsrii. Gake menye videohaƒoƒowo katãe dze gaglãa be wonye nu gbegblẽ o. Wo dometɔ aɖewo anyo vaseɖe afi aɖe ya teti. Adze abe ɖe vɔ̃ɖinyenye medze le bubuwo me o ene. Ke hã nufiame siwo màkpɔ adze sii bɔbɔe be wotsi tre ɖe nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ ŋu o nɔa video mawo me.

Ne dziwòlawo lɔ̃ ɖe edzi be nàte ŋu akpɔ videohaƒoƒowo la, ke ahiã be nàtia wo me eye nàzã wò ‘sidzedze ŋutete’ si nètsɔ Biblia na hehee ale be nàte ŋu ade vovototo nusi sɔ kple nusi mesɔ be nàkpɔ o la dome. (Hebritɔwo 5:14) Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me? Mawunyakpukpui kple wo ŋuti numeɖeɖe aɖewo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Lododowo 4:23: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” Ðe kamedefefewɔnu alo haƒonu aɖe le asiwò si le vevie na wòa? Ðikeke mele eme o be àdze agbagba ana wòanɔ nɔnɔme nyui me eye nàdae ɖe teƒe si le dedie godoo. Màdi gbeɖe be yeadae ɖe ablɔdzi ame aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te manɔmanɔe o, le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã me o, elabena woate ŋu agblẽe alo afii. Ẽ, àkpɔ eta. Nenema kee wòle be nàwɔ nyametsotso be yeakpɔ yeƒe dzi ta be màgadee afɔku me le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã me to mɔɖeɖe be modzakaɖeɖe dzakaɖawo naƒo ɖii o me.

Efesotɔwo 2:1, 2: “Eye wògbɔ agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me, esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli me nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu.” Ya lae nye xexeame ƒe gbɔgbɔ, alesi wobua tamee kple agbenɔnɔ siwo wɔnɛ be wowɔa mawumavɔ̃mavɔ̃nuwo. Gbɔgbɔ sia dzena le videohaƒoƒo geɖewo me eye etsi tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ, si tsea ku siwo nye dzidzɔ, ŋutifafa, kple ɖokuidziɖuɖu, la ŋu le go sia go me.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Timoteo II, 2:22: “Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu.” Ðeko gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ—ɣeyiɣi kpui aɖe woɖadze o—ana dzodzro si le mewò nu nagasẽ ɖe edzi. Sɔhɛ geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be esesẽna na yewo be yewoaŋlɔ nu mawo tɔgbe siwo yewokpɔ la be; woagate ŋu anɔ wo ŋu bum enuenu gɔ̃ hã. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Dave, si kpɔ video si nyɔa dzodzro vɔ̃ ɖe ame me ʋu eme be: “Le ema megbe la, ɣesiaɣi si mase ha ma la, meɖoa ŋku video sia dzi.” Eyata video siawo kpɔkpɔ ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro ɖe ame me.—Korintotɔwo I, 6:18; Kolosetɔwo 3:5.

Lododowo 13:20: “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe makplɔ ŋutasẽlawo, gbɔgbɔyɔlawo, ahamulawo, alo agbegbegblẽnɔlawo va aƒenye mea?’ Hadede kple amesiawo to television dzi sɔ kple wo kpekpe va aƒewò mee. Ðe nusia wɔwɔ ana ‘nàzu ame gbegblẽa’? Kimberly gblɔ be: “Mekpɔe le nudzɔdzɔ aɖewo me esime nyɔnuviwo do awu siwo wokpɔ nyitsɔ laa le videohaƒoƒo aɖe si nyɔa seselelãme gbegblẽ ɖe ame me alo nɔ ɣe siwo wokpɔ le eme la ɖum le kplɔ̃ɖoƒe aɖe.” Ðewohĩ wò hã èkpɔ nu ma tɔgbe kpɔ. Amesiwo medea bubu mawumegɔmeɖosewo ŋu o sɔsrɔ̃ wɔe be sɔhɛ siawo ɖee fia be yewote “ame gbegblẽ” zuzu xoxo. Eyata dze agbagba ɖesiaɖe nàtsri ‘hadede vɔ̃’ ƒomevi ɖesiaɖe.—Korintotɔwo I, 15:33.

Psalmo 11:5: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.” Ne míekpɔa video siwo dea ŋutasẽnuwɔwɔ manyatana ɖigbɔwo ƒe dzi ƒo la, ne mede ɖeke o la, ɖe mana woasusu be míenye ‘ŋutasẽnulɔ̃lawo’ oa?

Tiatiawɔwɔ ƒe Kuxi La

Esi “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me” ta la, esesẽna ŋutɔ be woakpɔ modzakaɖeɖe si xexeame ƒe tamebubu kple agbenɔnɔ meƒo ɖii o. (Yohanes I, 5:19) Television dɔwɔƒe aɖewo siwo ɖea videohaƒoƒowo ate ŋu anɔ nu tɔŋkuwo ɖem fia atraɖii. Ne agbegbegblẽnɔnɔ alo ŋutasesẽ medze gaglãa le nusi ɖem wole me o hã la, zi geɖe la, edea xexeame ƒe gbɔgbɔ ƒe dzi ƒo. Hadzila xɔŋkɔ aɖe gblɔ be television dɔwɔƒe nyanyɛ aɖe si ɖea videohaƒoƒowo “dzudzɔ videohaƒoƒowo ɖeɖe hetrɔ ɖe ‘agbenɔnɔ ƒomevi aɖewo fiafia ame’ ŋu.”

Egbɔkpɔnua adze nu bɔbɔe: Ne video aɖe tɔ ŋku la, ke ʋu television dɔwɔƒe bubu. Kuxiae nye be ehiã be nànɔ ŋudzɔ nenema ke ne èle television kpɔm le dɔwɔƒe bubuwo hã. Wo dometɔ aɖewo ɖea nukpɔkpɔ siwo me ŋutasẽnuwɔna alo nusiwo tɔ ŋku alo amesiwo wɔa ŋukpenanuwo le gbɔdɔdɔ gome dzena le gaglãa. Ele eme baa be dzi ate ŋu aku wò—ɖewohĩ wòati wò—ne èle vivi sem le nane si ɖem wole me evɔ nàganɔ ŋudzɔ be yeaʋu television dɔwɔƒe bubu. Eye ɣeaɖewoɣi la, kaka nàʋu dɔwɔƒe bubu la, nu gblẽ le ŋuwò xoxo. Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nukpɔkpɔ la tsi susu me na wò xoxo. Ke hã kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa Mawu ayra ɖe agbagba ɖesiaɖe si nàdze anukwaretɔe be nàkpɔ wò dzi ta la dzi.—Samuel II, 22:21.

Afɔɖeɖe nyui bubuwo li siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Casey, amesi míeyɔ va yi gblɔ nusi wòkpɔ be ekpena ɖe ame ŋu: “Zi geɖe la, woɖea hadziha la kple haa ƒe tanya le videoa ƒe gɔmedzedze. Ŋkɔ aɖe nɔa hadzihawo ŋu, eyata ànya hadziha kple ha ɖesiaɖe kloe siwo tɔgbe manyo o. Eyata ne mekpɔ hadziha alo ha si ŋu nya ku ɖo ƒe ŋkɔ le television dzi la, ɣemaɣie meʋua television dɔwɔƒe bubu. Kaka woanya dze egɔme teti ko.”

‘Nyateƒe Toto le Wò Dzi Me’

Ne ènya Biblia ƒe gɔmeɖosewo nyuie gɔ̃ hã la, ele bɔbɔe be nàte ŋu ava dze nu tɔŋkuwo lɔlɔ̃. Alekee? To ɖokuiwò ta ʋiʋli me. (Yakobo 1:22) Biblia gblɔ na mí be Yehowa xɔlɔ̃e nye amesi ‘toa nyateƒe le eƒe dzi me.’ (Psalmo 15:2) Eyata ɖi anukware na ɖokuiwò. Tsri ameɖokuibeble. Ne èkpɔ be yele nane si ŋu nya ku ɖo kpɔkpɔ nu ɖem la, ke bia ɖokuiwò se be, ‘Le nyateƒe me, ɖe Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe nusi kpɔm mele la ŋua?’ Ðo ŋku edzi be, zi geɖe la menye nusi nyo alo nusi gblẽ ɖeɖe nyanyae nye kuxia o ke boŋ eɖoɖo be yeawɔ nusi nyo lae! Ele be nàbu mia kple Yehowa dome ƒomedodo be ele vevie wu modzakaɖeɖe ƒomevi ɖesiaɖe.—Korintotɔwo II, 6:17, 18.

Zi geɖe la, dzimevesusu alo eɖoɖo ɖe kple ɖee be yeadze agbagba awɔ tiatia ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Eɖoɖo ɖe tame ko alea me ate ŋu agblẽ enumake ne metɔ afɔ to sesĩe o. Biblia gblɔ alesi Mawu ƒe ame Hiob ɖoe kplikpaa be yeakpɔtɔ anye nuteƒewɔla na ye srɔ̃ na mí. Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Bu eŋu kpɔ! Hiob bla nu kple eɖokui be yeaɖo seɖoƒe na nusiwo yeaɖe mɔ na yeƒe ŋku wòakpɔ. Wò hã àte ŋu awɔ nu ma tɔgbe tututu. Ðoe kplikpaa—wòanye ŋugbedodo tɔxɛ na ɖokuiwò—be yemakpɔ nu gbegblẽ o. Ðo seɖoƒe na ɖokuiwò. Tsɔe de gbedodoɖa me. Emegbe ɖi anukware na wò nubabla la, eye nàŋlɔe ɖi gɔ̃ hã ne èkpɔ be emae akpe ɖe ŋuwò. Ne èhiã kpekpeɖeŋu bubu la, nukatae màɖo dze tso eŋu na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo—le kpɔɖeŋu me, dziwòlawo o?

Le afɔku siwo le videohaƒoƒowo me ta la, Kristotɔ sɔhɛ geɖewo tso nya me be yewomakpɔe kura o. Nuka kee ɖanye wò nyametsotso le go sia me o, wɔ wò sidzedze ŋutete ŋudɔ. Lé dzitsinya nyui me ɖe asi. Ne èku ɖe modzakaɖeɖe siwo sɔ eye wònaa dzidzeme ame ɖeɖeko ŋu la, àte ŋu aƒo asa na afɔku hehe va ɖokuiwò dzi eye àkpɔ mia kple Yehowa dome ƒomedodo hã ta.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Togbɔ be video aɖewo madze gaglãa be agbegbegblẽnɔnɔ dze le wo me o hã la, wodea nukpɔsusu gbegblẽwo ƒe dzi ƒo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ðoe kplikpaa be yemakpɔ nusiwo Mawu tsri o