Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woɖi Kɔ na Nye Gbɔgbɔmetsikɔwuamee

Alesi Woɖi Kɔ na Nye Gbɔgbɔmetsikɔwuamee

Alesi Woɖi Kɔ na Nye Gbɔgbɔmetsikɔwuamee

ABE ALESI LUCIA MOUSSANETT GBLƆE ENE

VALLE D’AOSTA nye nuto aɖe si le towo dzi le Italy ƒe dzieheɣetoɖoƒe si te ɖe Switzerlandtɔwo ƒe Alp-to kple France-to xɔŋkɔ si nye Blanc ŋu. Afimae wodzim le, le ƒe 1941 me le du sue aɖe si woyɔna be Challant St. Anselme me.

Menye vi atɔ̃wo ƒe ŋgɔgbea; eye tsɛnye eneawo nye ŋutsuviwo. Dada nye dɔsesẽwɔla kple Katolikotɔ veviedola. Papa hã tso ƒome si kpɔa dzidzɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu me. Nɔvianyɔnu eve nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo. Dzinyelawo tsɔ ŋutilãmenu geɖewo sa vɔe ɖe tanye, siwo dometɔ aɖe enye nana be wòanɔ bɔbɔe be made suku. Sukuwo menɔ míaƒe kɔƒedua me o, eyata esi mexɔ ƒe 11 la, dzinyelawo ɖom ɖe sukuƒe si dzi kpɔm nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo nɔ la me.

Afimae mesrɔ̃ Latin kple Franse gbewo kpakple nu bubuwo le. Emegbe esi mexɔ ƒe 15 la, medze tame bubu vevie le alesi mawɔ asubɔ Mawu la ŋu. Mebu eŋu be nyɔnuwo ƒe saɖagaxɔ me nɔnɔ anye mɔ nyuitɔ si dzi mato asubɔe. Gake dzinyelawo melɔ̃ ɖe nukpɔsusu sia dzi o, esi Dada dzikpɔkpɔ ava zu nɔvinyeŋutsuwo ƒe agba ta. Dzinyelawo nɔ mɔ kpɔm be nye sukudede ana makpɔ dɔ nyui aɖe awɔ eye mava zu gakpekpeɖeŋunala na ƒomea.

Togbɔ be alesi dzinyelawo wɔ nui vem hã la, medi be tameɖoɖo nyui aɖe nanɔ nye agbe ŋu eye mesee le ɖokuinye me be ele be matsɔ Mawu aɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me. Eyata le ƒe 1961 me la, meyi ɖe Roma Katolikotɔwo ƒe nyɔnuwo ƒe saɖagaƒea me.

Agbenɔnɔ le Saɖagaƒea Me

Le ɣleti gbãtɔawo me la, mesrɔ̃ sɔlemeha la ƒe kɔnuwo kple sewo eye mewɔ dɔ sesẽ aɖewo le nyɔnuwo ƒe saɖagaƒea me. Le August me le ƒe 1961 me la, medze nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo ƒe nuwo sɔsrɔ̃ hete woƒe awuwo dodo gɔme. Metsɔ ŋkɔ yeye Ines hã na ɖokuinye, si nye nɔnye ƒe ŋkɔ. Esi woda asi ɖe edzi vɔ megbe la, wotem yɔyɔ be Nɔvinyɔnu Ines.

Togbɔ be aƒemedɔwo koŋue ame akpa gãtɔ siwo le saɖagaƒemenɔlawo ƒe nuwo srɔ̃m wɔna hã la, mede suku nyuie be mate ŋu afia nu le gɔmedzesuku. Le ƒe eve megbe, le ƒe 1963 ƒe August me la, meɖe adzɔgbe hezu nyɔnu saɖagaxɔmenɔla le San Giuseppe Nyɔnuwo ƒe ɖoɖoa nu, le Aosta, Italy. Emegbe nyɔnuwo ƒe saɖagaƒea da megbe nam be mayi nye sukudedea dzi heɖom ɖe Yunivɛsiti si le Maria Santissima Assunta le Rome.

Medze nufiafia le sekɛndrisuku aɖe me esi metrɔ yi Aosta le ƒe 1967 me esi megbɔ tso Rome, le nye sukunuwuwu megbe. Le ƒe 1976 me la, wotsɔm ɖo sukua dzikpɔlae. Togbɔ be meganɔ nu fiam ɣeaɖewoɣi hã la, wode dɔ asi nam be mawɔ dɔ le dɔwɔƒe si kpɔa sukua dzi eye meva zu Valle d’Aosta nutoa me suku tatɔwo dometɔ ɖeka.

Nye didi vevie nye be makpe ɖe hiãtɔwo ŋu. Woƒe nu wɔa nublanui nam. Eyata mewɔ ɖoɖo ɖe hadomekpekpewo ŋu, siwo dometɔ ɖekae nye kpekpeɖeŋunana dɔnɔ siwo tsi teƒe ɖeka, siwo si ƒometɔwo mele o ŋu. Mewɔ ɖoɖo hã be mafia nu dzila siwo ʋu va dukɔa me la ƒe viwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, media dɔwɔna kple aƒe na hiãtɔwo eye mewɔ ɖoɖo ɖe atikewɔnyawo ŋu na amesiwo ŋu ŋutete mele o. Medzena agbagba be manɔ agbe wòawɔ ɖeka kple sɔlemeha la ƒe gɔmeɖosewo

Ɣemaɣi la, mexɔ Katolikotɔwo ƒe nufiafiawo dzi se, siwo dometɔ aɖewoe nye Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kpakple Katolikotɔwo ƒe nukpɔsusu ku ɖe amegbetɔ ƒe etsɔme mavɔ ŋu. Le ɣemaɣi la, Katoliko-ha ƒe nufiafia da asi ɖe dzixɔse vovovowo dzi, si fia asidada ɖe subɔsubɔha bubuwo dzi kple nuwɔwɔ kple wo ɖekae.

Nusiwo Va Nɔ Fu Ðem Nam

Ke hã nuwɔna aɖewo siwo nɔ edzi yim le Katoliko-ha me ɖea fu nam. Le kpɔɖeŋu me, hafi woade mawutsi ta na ame kple hafi ame naxɔ ŋusẽdodo la, ele na dzilawo kple wo viwo be woasrɔ̃ nusi esia lɔ ɖe eme. Gake ame akpa gãtɔ mevaa nua srɔ̃ƒe o, eye bubuawo mewɔ afɔɖeɖe aɖeke be yewoasrɔ̃e o. Gawu la, amesiwo womexɔ hena mawutsideta kple ŋusẽdodo le nuto aɖe me o la yia nuto bubuwo me be woade mawutsi ta na wo ahaxɔ ŋusẽdodo le afima. Le gonye me la, esia nye gotagome kple alakpanu aɖe ko.

Ɣeaɖewoɣi la, mebiaa ɖokuinye kple nyɔnu saɖagaxɔmenɔla bubuwo se be, “Ðe mele be míaɖe gbeƒã Nyanyuia tsɔ wu mía ɖokui ƒoƒo ɖe dɔ bubu ƒomeviwo boŋ me oa?” Ŋuɖoɖo si wonam enye be: “Míeɖea gbeƒã to nyuiwɔwɔ na amewo me.”

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esesẽna nam be malɔ̃ ɖe edzi be nunɔla gbɔe wòle be mayi aɖaʋu nye nuvɔ̃wo me nɛ. Mebu eŋu be ele be mate ŋu aƒo nu na Mawu tso nya ɣaɣla mawo ŋu. Azɔ hã nukpɔsusu si nye gbedodoɖawo léle ɖe ta me ahagbugbɔ wo anɔ gbɔgblɔm la sesẽna nam be maxɔe ade eme. Egasesẽna nam hã be maxɔe ase be papa la mate ŋu awɔ vodada o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mebu eŋu be ɖeko wòle be malé nye ŋutɔ ƒe dzixɔse ku ɖe nusiawo ŋu me ɖe asi eye mayi nye subɔsubɔgbenɔnɔ dzi.

Dzodzro si Nɔ Menye Ðe Biblia Ŋuti Sidzedze Ŋu

Medea bubu Biblia ŋu vevie ɣesiaɣi eye didi vevie nɔ menye be manyae. Mexlẽa Biblia ɣesiaɣi si mawɔ nyametsotso aɖe alo see le ɖokuinye me be mehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Togbɔ be míesrɔe kpɔ le nyɔnuwo ƒe saɖagaƒea me o hã la, mexlẽnɛ le ɖokuinye si. Nya si dze le Yesaya 43:10-12, afisi Yehowa Mawu gblɔ le be, “Miawoe nye nye ɖasefowo,” la wɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi. Gake le ɣemaɣi la, nyemese nya mawo gɔme bliboe o.

Esi menɔ yunivɛsiti dem le Rome le ƒe 1960-awo ƒe domedome la, mesrɔ̃ mawuŋununya ƒe ene eye Vatikan nɔ dzinye kpɔm le go ma me. Gake wometsɔ Biblia kpe ɖe eŋu wònye nusrɔ̃gbalẽ o. Esi metrɔ yi Aosta la, menɔ sɔlemehawo ƒe takpekpe, siwo ŋu sɔlemeha vovovowo kple habɔbɔ siwo menye Katoliko-ha gɔ̃ hã o wɔ ɖoɖo ɖo la dem. Esia na megadi vevie be manya Biblia ƒe nufiafiawo. Tɔtɔ geɖe nɔ ƒuƒoƒo siwo gblɔ be yewoe le agbalẽ ɖeka ma ke fiam la dome!

Nu Geɖe Sɔsrɔ̃ tso Biblia Me

Le ƒe 1982 me la, Yehowa Ðasefo aɖe va afisi mewɔa hadomedɔ le eye wòdze agbagba be yeadze dzeɖoɖo aɖe gɔme tso Biblia me kplim. Togbɔ be vovo menɔ ŋunye koŋ o hã la, Biblia sɔsrɔ̃ ƒe susua do dzidzɔ nam. Eyata megblɔ nɛ be, “Taflatse va gbɔnye le suku, eye míaɖo dze ne mekpɔ vovoɣi vi aɖe.”

Togbɔ be nyɔnua te ŋu srãm kpɔ hã la, “vovoɣi vi” aɖeke menɔ nye ɖoɖowɔɖia me o. Emegbe nɔnye de dzesii be kansa dɔ le ye ŋu, eyata mlɔeba la mexɔ mɔkeke be mayi aɖakpe ɖe eŋu. Le eƒe ku megbe le April 1983 me la, megagbugbɔ trɔ yi dɔme, gake mebu ɖe Ðasefoa. Gake le ema megbe kpuie la, Ðasefo bubu aɖe si le eƒe ƒe 20-awo me va ƒo nu tso Biblia ŋu nam. Menɔ Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia xlẽm le ɖokuinye si. Eyata mebiae be, “Amekawoe nye ame 144,000 siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia ta 14?”

Wofiam be ame nyuiwo katã ayi dziƒo, eyata nyemekpɔ nusita susu le eme be woaɖe ame 144,000 ɖe vovo tso amewo dome be woawoe ayi dziƒo o. Mebiana be, ‘Amekawoe nye ame 144,000 siawo? Nukae wowɔ?’ Biabia siawo nɔa nye susu me ɣesiaɣi. Ðasefoa yi edzi nɔ agbagba dzem be yeake ɖe ŋunye, gake menɔ mɔzɔzɔ dzi ɣesiaɣi si na be mete ŋu ke ɖe ŋunye gbeɖe o.

Mlɔeba la, Ðasefoa tsɔ nye adrɛs na Marco, amesi nye hamemegã le woƒe hamea me. Mlɔeba, eke ɖe ŋunye le February 1985 me. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe míetsɔ ƒo nui, esi vovo menɔ ŋunye o ta, gake míewɔ ɖoɖo be míado go emegbe. Emegbe eya kple srɔ̃a Lina srãm kpɔ edziedzi eye wokpe ɖe ŋunye mese Biblia gɔme. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, meva kpɔe be Katolikotɔwo ƒe nufiafia veviwo abe Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kple dzomavɔ menye nusi wotu ɖe Biblia dzi o.

Hadede Kple Ðasefowo

Esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, edze ƒã be nuwo to vovo sasasã tso Katoliko-ha la tɔ gbɔ. Amesiame dzi ha, ke menye hadziha ɖeka aɖe ko o. Emegbe wokpɔ gome le kpekpea ŋutɔ hã me. Megakpɔe hã be habɔbɔa katã nye “nɔviŋutsuwo” kple “nɔvinyɔnuwo.” Wo katã wotsɔ ɖe le eme na wo nɔewo vavã. Nusiawo wɔ dɔ ɖe dzinye.

Le ɣemaɣi la, medoa nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo ƒe awu tsɔ dea kpekpewoe. Ewɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi vevie esi wokpɔ nyɔnu saɖagaxɔmenɔla le Fiaɖuƒe Akpata me. Mekpɔ dzidzɔ hese vivi le ƒome gã aɖe si me tɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiana la dome nɔnɔ me. Azɔ hã esi meyi edzi nɔ nu srɔ̃m la, meva nɔ ekpɔm be gɔmeɖose siwo dzi metu nye agbe ɖo la dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia megblɔ nya aɖeke be Mawu subɔlawo nado awu tɔxɛ aɖeke o. Sɔlemeha la ƒe nunɔlawo ƒe ɖoƒeawo kple awu tɔxɛwo dodo to vovo sã na nusi Biblia fia ku ɖe hamemegã ɖokuibɔbɔla siwo xɔa ŋgɔ le hamea me la tɔ.

Ðeko mese le ɖokuinye me abe ɖe metsi tre ɖe ke me, eye gɔmeɖokpe sesẽ aɖeke mele tenye o ene. Edze abe wokplɔm trae hena ƒe 24. Ke hã Biblia me nyateƒea dze nam nyuie. Vɔvɔ̃ lém esi meva bu eŋu be le nye ƒe 44 xɔxɔ vɔ megbe la, ele nam be madze agbe yeye gɔme kura. Gake aleke mawɔ ayi edzi anɔ viviti me zɔm esi meva kpɔ nusi tututu Biblia fiana la?

Nyametsotso Vevi aɖe Wɔwɔ

Menyae be dzodzo le nyɔnuwo ƒe saɖagaƒea me ana ga aɖeke maganɔ asinye o. Gake meɖo ŋku Dawid ƒe nya siawo siwo ku ɖe ame dzɔdzɔe ŋu dzi be ‘womagblẽe ɖi o eye viawo maɖo abologbe o.’ (Psalmo 37:25) Menyae be ŋutilã me dedienɔnɔ aɖe ya teti maganɔ asinye o, gake meɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye mebia ɖokuinye be, ‘Nuka tututue mavɔ̃?’

Nye ƒomea me tɔwo susu be menɔ tsu kum. Togbɔ be esia nɔ fu ɖem nam hã la, meɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi be: ‘Amesiwo lɔ̃a fofo alo dada wum la, medzem o.’ (Mateo 10:37) Le ɣeyiɣi ma ke me la, dɔmenyonu suesue siwo Ðasefowo wɔna nam ɖeɖe do ŋusẽm ale gbegbe. Ne medo nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔla ƒe awu hele zɔzɔm le ablɔdzi la, wova doa gom be woado gbe nam. Esia tem ɖe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu wu eye wòfia be menye woƒe ƒomea ƒe akpa aɖe.

Mlɔeba la, meyi ɖe nyɔnuwo ƒe saɖagaxɔmenɔlawo ƒe Tatɔa gbɔ ɖaɖe nusita metso nya me be madzo le saɖagaƒea me nɛ. Togbɔ be medi be mafiae le Biblia me nusita mewɔ nyametsotsoa hã la, meɖo to o, eye wògblɔ be: “Ne medi be mase nane gɔme le Biblia me la, mate ŋu ayɔ Biblia ŋuti nunyala bibi aɖe!”

Nyametsotso si mewɔ ʋuʋu Katoliko-ha la. Wotso nunye be menɔ agbe gbegblẽ eye be mele tsu kum. Ke hã amesiwo nyam nyae be nutsotsoa mele eme o. Amesiwo mewɔ dɔ kplii va yi wɔ nu le mɔ vovovo nu. Wo dometɔ aɖewo kpɔe be menɔ nu wɔm dzinɔameƒotɔe. Eɖu dzi na ame bubuwo, eye wosusui be mebu mɔ. Wo dometɔ aɖewo se veve ɖe nunye gɔ̃ hã.

Medo le Katoliko-ha la me le July 4, 1985 dzi. Esi Ðasefowo nya alesi wotua nu kple amesiwo ɖe afɔ ma tɔgbe ta la, wovɔ̃ ɖe nunye eye woɣlam hena ɣleti ɖeka. Wotsɔam ɖe ʋu me yia kpekpewo emegbe hegakplɔam yia afisi menɔ. Meɣla ɖokuinye vaseɖe esime nɔnɔmewo ka ɖe eme. Emegbe le August 1, 1985 dzi la, medze subɔsubɔdɔ wɔwɔ kple Yehowa Ðasefowo gɔme.

Emegbe esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe aɖe le August ma ƒe nuwuwu la, nyaa va ɖo nyadzɔdzɔgblɔlawo gbɔ be medo le sɔlemeha la me eye wota ŋutinyaa. Esi meva xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba le December 14, 1985 dzi la, afima television dɔwɔƒe kple nyadzɔdzɔgbalẽ ŋlɔlawo bu nuwɔnaa la be egbɔ eme akpa eye wogata nyadzɔdzɔa ake hekpɔ egbɔ be amesiame nase nusi mewɔ.

Esi medzo le saɖagaƒea me la, ŋutilãmenu aɖeke kura meganɔ asinye o. Dɔ, aƒe, kple dzudzɔxɔxɔledɔme ƒe ga aɖeke meli nam o. Eyata anɔ abe ƒe ɖeka ene la, menɔ dɔnɔ aɖe si tu la dzi kpɔm. Le July 1986 me la, meva zu mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe. Meʋu yi nuto aɖe si me woɖo hame sue yeye aɖe ɖo la me. Esi menɔ afima la, mewɔ ɖoɖo ɖe gbe vovovo kple nu bubuwo fiafia ŋu le ɖokuinye si, si na mete ŋu wɔ aɖaŋu si mesrɔ̃ le suku la ŋudɔ. Esia na ɖoɖowɔɖi si me nuwo da sɔ le la nɔ asinye.

Subɔsubɔ le Dutanyigba Dzi

Fifia si menya Biblia me nyateƒea la, medi be magblɔe na ame bubu geɖewo alesi wòanya wɔ. Esi mete ŋu dona Fransegbe ta la, mebu eŋu be mava subɔ le Afrika-dukɔ siwo me wodoa Fransegbe le. Gake le ƒe 1992 me la, woɖe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu le Albania si te ɖe mía ŋu. Le ƒe ma ƒe nuwuwu la, woɖo mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe afima tso Italy. Wo dometɔ aɖewoe nye Mario kple Cristina Fazio, siwo tso hame si me menɔ la me. Wokpem be mava srã yewo kpɔ eye be made ŋugble le subɔsubɔ le Albania ŋu. Eyata le eŋu bubu vevie kple gbedodoɖa vɔ megbe la, nye amesi xɔ ƒe 52 la megaʋu le nɔnɔme si me dedienɔnɔ le vie la me heyi ɖe nuto si me nuwo trɔ bubui kura la me.

March 1993 mee. Esi meva ɖo teti la mekpɔe be togbɔ be medidi boo tso mía dedukɔ gbɔ o hã la, menɔ nuto bubu aɖe kura me. Amewo zɔna yia afisiafi si woyina eye wodoa Albaniagbe, si nye gbegbɔgblɔ si nyemese kura o. Tɔtrɔ ɖedzesiwo le edzi yim le dukɔa me, esime wole dunyahedziɖuɖu vovovowo trɔm ta. Ke hã Biblia me nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ amewo wum, eye wolɔ̃na be yewoaxlẽ nu ahasrɔ̃ nu. Biblia-nusrɔ̃viwo wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba, eye esia do dzidzɔ nam, si na mete ŋu trɔ ɖe nuto yeyea ŋu.

Esi meva ɖo Tiranë, si nye fiadua me le ƒe 1993 me la, hame ɖeka pɛ koe nɔ Albania kple Ðasefo siwo sɔ gbɔ vie wu 100 ko ye nɔ dukɔa me. Le ɣleti ma me la, ame 585 ye de ŋkeke ɖeka tɔxɛ ƒe takpekpe si wowɔ le Tiranë eye ame 42 ye xɔ nyɔnyrɔ. Togbɔ be nyemese naneke gɔme o hã la, eʋãm esi mese Ðasefowo nɔ ha dzim eye amesiame nɔ anyi le ɖoɖoezizi gã aɖe me. Míeɖu Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã la le April me eye ame 1,318 ye de! Tso ema dzi la, Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo kpɔ dzidze ŋutɔ le Albania.

Metɔna ɖe dziƒoxɔ dzisasrã enelia si me menɔ ƒe akpata me hekpɔa Tiranë dua eye mebiana be, ‘Ɣekaɣi gɔ̃ míegbɔna amesiawo katã gbɔ ɖo ge?’ Yehowa Mawu kpɔ esia gbɔ. Fifia la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame 23 ye le Tiranë. Le dukɔa katã me la, hame 68 kple ƒuƒoƒo siwo ade 22 kple Ðasefo 2,846 ye li. Dzidziɖedzi siawo katã va eme le ƒe ʋɛ mawo ko me! Eye ame 12,795 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2002 me!

Le nye Albania nɔnɔ ƒe ewo si va yi me la, enye dzidzɔ nam be mekpe ɖe ame 40 ya teti ŋu be woɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Wo dometɔ geɖewo nye mɔɖelawo eye bubuwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo wɔm. Le ƒeawo me la, woɖo mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo ade siwo tso Italy ɖa be woava na kpekpeɖeŋu le Albania. Wowɔ ɣleti etɔ̃ ƒe gbesɔsrɔ̃ ŋuti ɖoɖo na ƒuƒoƒo ɖesiaɖe, eye wokpem be mava fia nu ƒuƒoƒo ene mamlɛawo.

Esi xɔlɔ̃wo se nyametsotso si mewɔ be mado le sɔlemeha la me zi gbãtɔ la, alesi wowɔ nui la wɔ nuku ale gbegbe. Gake le ƒe aɖewo megbe la, woƒe nɔnɔmea nu va fa esi wova kpɔe be meɖe dzi ɖi hele ŋutifafa me. Dzidzɔtɔe la, nye ƒomea me tɔwo katã tsɔ kpe ɖe tasinye si xɔ ƒe 93 si hã nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔla ŋu va zu kpekpeɖeŋutsoƒe gã aɖe nam.

Tso esime meva nya Yehowa la, eléa be nam le nɔnɔme vovovowo me! Efia mɔm yi ɖe eƒe habɔbɔa gbɔ. Ne metrɔ kpɔ megbe la, meɖoa ŋku didi si nɔ menye be makpe ɖe ame dahewo, wɔnamanɔŋutɔwo, kple hiãtɔwo kpakple be maƒo ɖokuinye ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔ me bliboe la dzi. Esia tae medaa akpe na Yehowa, elabena ekpɔ egbɔ be woɖi kɔ na nye gbɔgbɔmetsikɔwuamea.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Albania-ƒome aɖe si mesrɔ̃ Biblia kplii. Ame 11 xɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nyɔnu siawo siwo mesrɔ̃ Biblia kplii le Albania la dometɔ geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm