Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Adzalẽ—“Ezazã Nye Abɔtasisi na Ameɖokui”

Adzalẽ—“Ezazã Nye Abɔtasisi na Ameɖokui”

Adzalẽ​—“Ezazã Nye Abɔtasisi na Ameɖokui”

MAGAZINE si nye The Economist ka nya ta be: “Menye asrã, yɔmekpe, alo AIDS dɔvɔ̃e nye dɔléle siwo wua ɖeviwo wu dometɔ evelia o. Ke boŋ . . . miŋɔŋɔdɔe.” Ke hã ne ɖe woa kple woƒe ƒometɔwo klɔa asi edziedzi kple adzalẽ la anye ne ɖevi siawo gale agbe vaseɖe egbea.

The Economist gblɔ be numekula siwo le Dzadzɛnyenye kple Anyigba Xɔdzo Dzi Tikewo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le London de dzesii be “asikɔklɔ nyuie ate ŋu aɖe miŋɔŋɔdɔwo dzi akpɔtɔ alafa memama 43. Nenema kee wòate ŋu aɖe akɔtadɔ vovovo siwo nye dɔléle siwo wua ɖeviwo wu la hã dzi akpɔtɔ. Numekuku gbogbo aɖe si wowɔ le Amerika srafowo dome ɖee fia be mitsi tatraɖo kple kpedɔ dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 45 esi asrafowo klɔ asi zi atɔ̃ gbeɖeka.” Adzalẽ kpɔkpɔ le bɔbɔe na ƒome akpa gãtɔ le dukɔ madeŋgɔwo me. Eyata woɖɔe wòsɔ be enye “abɔtasisi na ameɖokui tɔgbe aɖe.” Eya gɔ̃ hã mevena abe abɔtasisi ene o!

Biblia hã de dzadzɛnyenye ƒe dzi ƒo. Korintotɔwo II, 7:1 gblɔ be: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” Togbɔ be míaƒe kɔkɔe nɔnɔ le gbɔgbɔ me koŋ mee Mawu tsɔ ɖe le hã la, ebua ŋutilã me dzadzɛnyenye hã be ele vevie. (Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia, ta 12-15) Nyateƒee, medi be míawɔ nu wòagbɔ eme o. Ke hã ele be míana wòazu numame na mí be míaklɔ asi ne míetso afɔdzi, ne míedzra ɖevi ɖo le afɔdzidede vɔ megbe, ne míegbɔna nu ɖa ge alo hafi anɔ anyi aɖu nu, kple le nɔnɔme ɖesiaɖe si me wòate ŋu adzɔ be míate ŋu akaka dɔlékuiwo na ame bubuwo. Asikɔklɔ edziedzi ana míaɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia míaƒe ƒometɔwo kpakple ame bubu ɖesiaɖe si míado goe.—Marko 12:31.