Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina

Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina

Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina

TSO vidzĩ dziɣi la, ehiãa beléle tɔxɛ, siwo ƒe ɖewoe nye asilili eŋu lɔlɔ̃tɔe kple ɖevia kpakple dzilaa ƒe ŋutilãwo ƒe wo nɔewo ŋu kaka. Atikewɔla aɖewo susui be gaƒoƒo 12 gbãtɔ siwo kplɔ vidziɣia ɖo la le vevie ŋutɔ. Wogblɔ be nusi vidadaa kple ɖevia hiã hedina enumakee nye “vividoɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe kple vidada ƒe asilili vidzĩa ŋu tufafatɔe kpakple vidadaa kple ɖevia ƒe wo nɔewo kpɔkpɔ kple wo nɔewo ƒe gbe sese, ke menye alɔ̃dɔdɔ alo nuɖuɖu o.” *

Menye ame aɖekee gblɔnɛ na dzilawo hafi woawo ŋutɔ kɔa wo viwo lɔlɔ̃tɔe, kaa asi wo ŋu, hehea wo ɖe wo ɖokuiwo ŋu o. Esia wɔnɛ be vidzĩa va kuna ɖe edzilawo ŋu le dziɖeɖi blibo me hewɔa nu ɖe woƒe belélename nu. Nublanu sia me sẽ ale gbegbe be dzilawo atsɔ nu geɖe asa vɔe be yewoalé be na vidzĩa ɖeɖimateameŋutɔe.

Gake dzilawo ƒe lɔlɔ̃ manɔmee la, vidzĩ ate ŋu agbɔdzɔ ahaku. Eyata ɖɔkta aɖewo susui be ele vevie be woatsɔ ɖevia na dadaa enumake le edzidzi vɔ megbe teti ko. Woɖo aɖaŋu be ele be woaɖe mɔ ɖe vidzĩa kple dadaa dome ƒomedodo gbãtɔ sia ŋu wòade miniti 30 vaseɖe 60 ya teti.

Togbɔ be ame aɖewo te gbe ɖe ƒomedodo tutuɖo kple vidzĩa enumake dzi hã la, le kɔ aɖewo dzi la, ema wɔwɔ asesẽ, alo manya wɔ kura o gɔ̃ hã. Zi geɖe la, woɖea vidzĩa ɖa le dadaa ŋu ale be ɖevia nagaxɔ dɔléle aɖe si le eŋu la o. Ke hã, ɖaseɖiɖi aɖewo ɖee fia be vidzĩwo ƒe dɔléle vɔ̃ɖiwo xɔxɔ nu ate ŋu aɖiɖi ŋutɔŋutɔ ne wole wo dadawo gbɔ. Eyata kɔdzi geɖe wu le mɔ ɖem ɖe vidadaa kple vidzĩa dome ƒomedodo gbãtɔ siwo adidi wu ŋu.

Vidzĩ Kple Dadaa Dome Kadodo Ŋuti Dzimaɖitsitsi

Vidada aɖewo ƒe vi ƒe nu meléa dzi na wo le ekpɔkpɔ zi gbãtɔ le edzidzi megbe o. Eyata wobiaa wo ɖokuiwo be, ‘Ðe wòasesẽ nam be mana kadodo kplikplikpli naɖo mía kple vinyea dome?’ Enye nyateƒe be menye vidadawo katã lɔ̃a wo vi zi gbãtɔ si wokpɔe o. Ke hã, mehiã be nàtsi dzi o.

Ne lɔlɔ̃ meɖo vidada me na via enumake o hã la, ema ate ŋu ava emegbe. Vidada kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be: “Nɔnɔme tɔxɛ aɖeke meli si me ame nɔna le vidziɣi si awɔe be nàkpɔ dzidzedze alo nàgblẽ nu le wò ƒomedodo kple viwò ŋu o.” Ke hã, ne èfɔ fu eye nètsi dzimaɖi la, nunya anɔ eme be nàdzro nu me kple wò ɖɔkta do ŋgɔ. Gblɔ wò didiwo le ɣeyiɣi si me nàdi be yeanɔ kadodo me kple viwòa kpakple eƒe didime nɛ eme nakɔ.

“Ƒo Nu Kplim!”

Edze abe ɣeyiɣi siwo me vidzĩwo te ŋu wɔa nu ɖe ameʋãnu nu etɔxɛ ƒe seɖoƒe li ene. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siawo nu ava yi. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi ƒe susu te ŋu srɔ̃a gbegbɔgblɔ bɔbɔe, ne wowu ɖeka kura gɔ̃ hã. Gake edze abe ɣeyiɣi si wòasrɔ̃ gbegbɔgblɔ nyuie la nu tea toyiyi le eƒe ƒe atɔ̃ xɔxɔ megbe lɔƒo ene.

Ne ɖevi xɔ ƒe 12 vaseɖe 14 ko la, gbegbɔgblɔ sɔsrɔ̃ ate ŋu anye dɔ sesẽ nɛ. Le ɖeviwo ƒe dɔléle kple ahɔhɔ̃ ŋutinunyala Peter Huttenlocher ƒe nya nu la, ɣemaɣie “mɔ sue aɖewo siwo le ahɔhɔ̃mekawo kpeƒe siwo woyɔna be synapses siwo le ahɔhɔ̃ ƒe akpa siwo wɔa dɔ tsoa gbegbɔgblɔ ŋu la me miana hetea vɔvɔ.” Eme kɔ be agbenɔƒe ʋɛ gbãtɔwo nye ɣeyiɣi vevi siwo me woana gbegbɔgblɔ ŋutete nasu ame si!

Aleke ɖeviwo te ŋu wɔna srɔ̃a nuƒoƒo, si le vevie ale gbegbe le sidzedze nu tutuɖo me? Mɔ vevitɔ si dzi wotona wɔa esia enye nuƒoƒo kple dzilawo. Ðeviwo wɔa nu ɖe ameʋãnu siwo tso ame bubuwo gbɔ nu. Barry Arons si le Massachusetts Mɔ̃ɖaŋusrɔ̃suku de dzesii be “Vidzĩ . . . srɔ̃a dadaa ƒe gbe.” Ke hã, enyo be woade dzesii be vidzĩwo mesrɔ̃a gbeɖiɖi ɖesiaɖe o. Abe alesi Arons de dzesii ene la, vidzĩa “mesrɔ̃a gbeɖiɖi sesẽ siwo hã nɔ edzi yim esime dadaa nɔ nu ƒom ya o.”

Dzila siwo tso dekɔnu vovovowo me ƒoa nu na woƒe vidzĩwo to nuƒoƒo le ɖoɖo aɖe koŋ nu ƒe atsyã ɖeka dzi. Ne dzilaa ƒo nu na vidzĩa lɔlɔ̃tɔe la, eƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ yia dzi. Wosusui be nuƒoƒo na vidzĩa alea kpena ɖe eŋu wòte ŋu kpɔa kadodo si le nyawo kple nusiwo fiam wole la dome kabakaba wu. Nya aɖeke magblɔmagblɔe la, vidzĩa le eƒom ɖe dzilaa nu, abe ɖe wòle gbɔgblɔm nɛ ene be “Ƒo nu kplim!”

“Mikpɔ Gbɔnye!”

Kpeɖodzi li be le vidzĩ ƒe ƒe gbãtɔ xɔxɔ alo do ŋgɔ na ema vie me la, ekuna ɖe ame tsitsi si le enyim, si nyea dadaa zi geɖe, la ŋu lɔlɔ̃tɔe. Ne vidzĩa se le eɖokui me be yele dedie le seselelãme ƒomedodo sia me la, elɔ̃na ame bubuwo fena kplii wu vidzĩ bubu siwo mele dzilawo ƒe dedienɔnɔ te o. Wosusui be ehiã be woaɖo ƒomedodo kple vidada sia anyi hafi ɖevia naxɔ ƒe etɔ̃.

Nukae ate ŋu adzɔ ne wometsɔ ɖeke le vidzĩa me o le ɣeyiɣi vevi sia si me nu bubuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe susu dzi? Martha Farrell Erickson, amesi lé ŋku ɖe vidada 267 kple wo viwo ŋu wu ƒe 20 sɔŋ gblɔ nukpɔsusu sia be: “Ðekematsɔleme vi aɖe gblẽa nu le ɖevia ƒe dzidzɔ kple ŋusẽ ŋu vivivi vaseɖe esime didi boo aɖeke megava nɔa ɖevia me be yeatu ƒomedodo kple ame bubuwo ɖo alo anya xexeame o.”

Esime Ðk. Bruce Perry si le Ðeviwo ƒe Kɔdzi si le Texas nɔ agbagba dzem be yeawɔ nu gbegblẽ siwo dona tsoa ɖekematsɔmatsɔ le ɖeviwo me ƒe kpɔɖeŋu la, egblɔ be: “Ne miedi tso asinye be matsɔ ɣleti ade vi aɖe ahawɔ tiatia le ƒu siwo katã le eƒe lãme ŋeŋe kple ɖekematsɔmatsɔ le eƒe seselelãme me hena ɣleti eve dome la, mesusu be anyo na vidzĩa wu ne mieŋe ƒu ɖesiaɖe le eƒe lãme.” Nukatae? Le Perry ƒe nukpɔsusu nu la, “woate ŋu ayɔ dɔ ƒuwo, gake ne vidzĩ bu ɣleti eve ƒe ahɔhɔ̃ tutuɖo si hiã alea gbegbe ƒe mɔnukpɔkpɔa la, ahɔhɔ̃ si ƒe dɔwɔwɔ manɔ ɖoɖo nu o ye anɔ esi tsɔ yi mavɔ me.” Menye amesiamee lɔ̃ ɖe edzi be womate ŋu aɖɔ nu gbegblẽ sia ɖo o. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunya me nusɔsrɔ̃wo ɖee fia be seselelãme nɔnɔme nyuiwo hiã vevie na vidzĩ ƒe susu.

Agbalẽ si nye Infants gblɔ be “Ne míagblɔe kpuie la, [vidzĩwo] le klalo be yewoalɔ̃ amewo eye be amewo nalɔ̃ yewo.” Ne ɖevi le avi fam la, nusi biam wòle edzilawo zi geɖe enye: “Milé ŋku ɖe ŋunye!” Ele vevie be dzilawo nawɔ nu dɔmetɔtrɔtɔe. To nuwɔwɔ aduadu alea me la, vidzĩa va nyanɛ be yete ŋu na ame bubuwo nya yeƒe nuhiahiãwo. Ele alesi wòatu ƒomedodo ɖo kple ame bubuwoe la srɔ̃m.

‘Ðe Manye Viwɔwɔ na Ðevia Wòava Gblẽ Oa?’

Ðewohĩ àbia be: ‘Ne mewɔa nu ɖe vinyea ƒe avifafa ɖesiaɖe nu la, nyemagblẽe oa?’ Ate ŋu adzɔ nenema. Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si le nyabiase sia ŋu. Esi wònye ɖevi ɖesiaɖe to vovo tso bubuawo gbɔ ta la, dzilawoe anya mɔnu si aɖe vi wu. Ke hã, numekuku aɖewo siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be ne dɔ le vidzĩa wum, eƒe lãme mele kɔkɔm o, alo wòbi dzi la, nuteɖeamedzi ƒe seselelãmetsiwo adza ɖe eƒe lãme. Eɖea eƒe mavomavo le lãme fiana to avifafa dzi. Wogblɔ be, ne dzilaa kpɔ vidzĩa ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ la, ame tsitsi sia le lãmenugbagbevi siwo kpena ɖe ɖevia ŋu wòsrɔ̃a alesi wòafa dzi na eɖokuii la ƒe dɔwɔƒe ɖom ɖe eƒe ahɔhɔ̃ me. Hekpe ɖe eŋu la, le Ðk. Megan Gunnar ƒe nya nu la, ɖevi siwo ŋu wowɔ nu ɖo veveseɖeamenutɔe la ƒe ŋutilã mewɔa lãmetsi siwo nana wotsia dzodzodzoe le agbɔsɔsɔ me o. Eye ne ebi dzi hã la, metsia dzodzodzoe didina o.

Erickson gblɔ be: “Le nyateƒe me la, vidzĩ siwo ƒe avifafa nu wowɔa nu ɖo kabakaba edziedzi, vevietɔ le ɣleti 6 vaseɖe 8 gbãtɔawo me le woƒe agbe me la mefaa avi sɔ gbɔ abe vidzĩ siwo ŋu woɖea asi le wofaa avi ene o.” Ele vevie hã be nànɔ alesi nèwɔa nu ɖe viwòa ŋui la trɔm. Ne èwɔa nu le mɔ ɖeka aɖe ko nu le nɔnɔme ɖesiaɖe me, abe no nanae alo ekɔkɔ ene la, ate ŋu ava zu vi gbegblẽ nyateƒe. Ɣeaɖewoɣi la, lɔlɔ̃ ɖe eƒe avifafa dzi to nya aɖe ko gbɔgblɔ dzi ɖeɖe dzaa nyo. Alo tete ɖe vidzĩa ŋu ahaƒo nu blewu ɖe eƒe tome ate ŋu aɖe vi. Le go bubu me la, asilili eƒe dzime alo dɔme ate ŋu anye nusi ko hiã.

“Vidzĩ ƒe dɔe wònye be wòafa avi.” Nenemae Ɣedzeƒetɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ. Le vidzĩ gome la, avifafae nye mɔ vevi si dzi wòato agblɔ nusi dim wòle. Alekee nàse le ɖokuiwò me ne ɣesiaɣi si nèbia nane la, wometsɔa ɖeke le eme na wò o? Ekema, aleke viwò si mate ŋu awɔ naneke le eɖokui si edzikpɔla manɔmee o, ase le eɖokui me ne wogbe eŋu bubu ɣesiaɣi si wòadzroe be woakpɔ ye gbɔ? Gake amekae awɔ nu ɖe eƒe avifafaa nu?

Amekae Kpɔa Vidzĩ Gbɔ?

Amexexlẽ aɖe si wowɔ le United States nyitsɔ laa ɖee fia be ame bubu siwo menye wo dzilawo o lae kpɔa ɖevi 54 le alafa me dzi edziedzi tso wo dziɣi vaseɖe esime woaxɔ abe ƒe enyi vaseɖe asieke ene. Le go geɖe me la, ehiã be dzila eveawo nawɔ ŋutilãmedɔ hafi woate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Eye vidada geɖe xɔa vidziɣi mɔkeke, ne anya wɔ, ale be woakpɔ woƒe vidzĩa gbɔ kwasiɖa alo ɣleti ʋɛ aɖewo. Gake amekae akpɔ vidzĩa dzi le ema megbe?

Ðoɖo kpaɖii aɖeke meli siwo afia mɔ ame le nyametsotso siawo tɔgbe ŋu o. Gake enyo be míaɖo ŋku edzi be nu geɖe ate ŋu agblẽ le ɖevia ŋu le eƒe agbe me ɣeyiɣi vevi sia me. Ehiã be dzila eveawo siaa nabu nya la ŋu ŋkubiãtɔe. Ne wole nyame tsom le nusi woawɔ ŋu la, ele be woade ŋugble le tiatia siwo woawɔ la ŋu nyuie.

Ðk. Joseph Zanga, si le Amerikatɔwo ƒe Ðeviwo ƒe Lãmesẽ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be: “Eme va le kɔkɔm ɖe edzi wu be asiɖeɖe le mía viwo ŋu be ɖeviwo dzikpɔƒe nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã nakpɔ wo dzi le woƒe ɖevimenɔɣi ƒe akpa gãtɔ maxɔ ɖe ɣeyiɣi si ɖeviwo hiã tso wo dadawo kple wo fofowo gbɔ teƒe o.” Eŋununyala aɖewo ʋli nya be ƒomedodo si gbegbe ɖevi siwo wodana ɖe ɖeviwo dzikpɔƒe hiã la mate ŋu anɔ wo kple amesi kpɔa wo dzi le afima la dome o.

Esi vidada dɔwɔla aɖewo kpɔ wo vi ƒe nuhiahiã veviwo dze sii ta la, wotiae be yewoanɔ aƒeme tsɔ wu be yewoana ame bubuwo nakpɔ yewo viwo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Mekpɔ teƒeɖoɖo si nye dzidzeme si mesusu anukwaretɔe be dɔwɔɖui bubu aɖeke mate ŋu anam o.” Enye nyateƒe be ganyawo ƒe amemiamia mate ŋu aɖe mɔ na vidadawo katã be wowɔ tiatia siawo tɔgbe o. Esi tiatia bubu aɖeke meli na dzila geɖe wu be woada wo viwo ɖe ɖeviwo dzikpɔƒewo o ta la, wodzea agbagba vevie léa ŋku ɖe wo via ŋu heɖea ɖetsɔleme fiaa wo ne woli ɖekae. Nenema kee tiatia boo aɖeke meli dzilaɖekɛ dɔmedela geɖewo nawɔ le go sia me o, gake wodzea agbagba vevie le wo viwo hehe me—eye wole emetsonu nyuiwo kpɔm.

Dzilanyenye ate ŋu anye dɔ si me dzidzɔ le, si yɔ fũ kple vivisese. Ke hã, enye dɔ sesẽ si biaa nu geɖe. Aleke nàte ŋu akpɔ dzidzedzee?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me la, Nyɔ! fia asi nukpɔsusu siwo bubume siwo nya nu tso beléle na ɖeviwo ŋu gblɔ, elabena numekuku me tsonu siawo tɔgbe ate ŋu aɖe vi na dzilawo ahafia wo nusi woawɔ. Ke hã, àlɔ̃ ɖe edzi be nukpɔsusu siawo trɔna zi geɖe eye wowɔa ɖɔɖɔɖo le wo ŋu, womele abe Biblia me dzidzenu siwo ta Nyɔ! ʋlina bliboe ene o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ðevi Ziɖoɖoewo

Japan ɖɔkta aɖewo gblɔ be ɖevi siwo mefaa avi alo koa nu o la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Ðeviwo ƒe ɖɔkta Satoshi Yanagisawa yɔ wo be ɖevi ziɖoɖoewo. Nukatae vidzĩwo dzudzɔa woƒe seselelãme ɖeɖe fia? Ðɔkta aɖewo xɔe se be dzilawo ƒe kadodo me manɔmanɔ kple vidzĩwo gbɔe nɔnɔme sia tsona. Woyɔ nɔnɔmea be wɔnamanɔameŋu ƒe seselelãme si wozi ɖe ame dzi. Susu siwo wodo ɖa dometɔ ɖeka enye be ne woŋea aɖaba ƒua ɖevia ƒe kadodo ƒe hiahiãwo dzi edziedzi alo sea wo gɔme bubui la, ɖeko wova naa ta kura mlɔeba.

Ðk. Bruce Perry, si nye tagbɔdɔléleŋutinunyalawo ƒe amegã le Ðeviwo ƒe Kɔdzi si le Texas gblɔ be ne womeʋã vidzĩ ɖe nu ŋu nyuie le ɣeyiɣi si sɔ me o la, ate ŋu awɔe be eƒe ahɔhɔ̃ ƒe akpa si ana be wòase ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo gɔme la matsi o. Le ɖevi siwo ƒe seselelãme me wometsɔ ɖeke le kura o gome la, veveseseɖeamenu ate ŋu abu le wo me keŋkeŋ. Ðk. Perry xɔe se be le go aɖewo me la, atikevɔ̃ɖiwo zazã kple sɔhɛwo ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ate ŋu atso nublanuimakpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme siwo me woto le vidzĩ me la gbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dzila kple via dome lɔlɔ̃ me sẽna ɖe edzi ne kadodo le wo dome