Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbetikewo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?

Gbetikewo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?

Gbetikewo​—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?

WODZE gbetikewo zazã tsɔ daa dɔe gɔme tso blema ke. Woŋlɔ gbetikewo tsɔtsɔ da dɔléle vovovowo ŋuti mɔfiame alafa geɖewo ɖe agbalẽ si nye Ebers Papyrus, si woŋlɔ le Egipte le ƒe alafa 16 D.M.Ŋ. me lɔƒo, la me. Gake zi geɖe la, ɖeko woƒoa nu tso gbetikewo ŋu na amewo tso dzidzime yi dzidzime.

Edze abe ƒe alafa gbãtɔ me Helatɔwo ƒe atikewɔla Dioscorides, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye De Materia Medica ye to gbetikewɔwɔ vɛ le Ɣetoɖoƒe nutowo me ene. Agbalẽ mae va zu atikewɔgbalẽ si ƒo ɖesiaɖe ta le ƒe 1,600 si kplɔe ɖo me. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, amewo gakpɔtɔ le gbe nyanyɛwo zãm kokoko. Le Germany la, dziɖuɖua ƒe lãmesẽɖoɖowo te ŋu xea gbetike ŋuti fewo na ame gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi.

Togbɔ be amewo gblɔna ɣeaɖewoɣi be ameyibɔtikewo kple dɔyɔgbe siwo wozãna le nuto aɖewo me nyo wu egbegbe yevutikewo hã la, mefia be kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele wo ŋu o. Eyata nyabiase siawo fɔ ɖe te be: Ne ame aɖe di be yeazã gbetikewo la, nukawo ŋue wòale ŋku ɖo eye agbɔsɔsɔ kae wòle be wòazã? Eye ɖe nɔnɔme aɖewo ado mo ɖa siwo me dɔdamɔnu aɖe ade ame dzi wu bubuwoa? *

Alesi Gbetikewo Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Ŋui

Wogblɔ tso gbetikewo ŋu be wodaa dɔ vovovowo. Wogblɔ be ɖewo kpena ɖe ŋutilã ŋu be wòawɔ avu kple dɔlékuiwo. Wogblɔ tso bubuwo ŋu be wokpena ɖe míaƒe dɔgboa ŋu be wòatu nuɖuɖu, wonana be ahɔhɔ̃meka dzea akɔ anyi, wokpena ɖe ame ŋu wòdea afɔdzi nyuie, alo kpena ɖe lãmenuwo ŋu wowɔa dɔ nyuie.

Nunyiame kple dɔdaŋusẽ siaa ate ŋu anɔ gbe nyanyɛwo me. Le kpɔɖeŋu me, gbe aɖewo nana ame ɖɔa aɖuɖɔ kabakaba, wo dometɔ ɖekae nye parsley si hã me nunyiame si woyɔna be potassium sɔ gbɔ ɖo. Potassium si le gbe siawo mee va xɔna ɖe esiwo míeɖɔna le aɖuɖɔ me la teƒe. Nenema ke wode dzesii be calcium sɔ gbɔ ŋutɔ ɖe gbe si nye valerian (Valeriana officinalis) si wonona tso gbaɖegbe ke tsɔ tsia dzodzodzoetsitsi nui la me. Calcium la ate ŋu ana gbetike sia ƒe ŋusẽ si wòkpɔna ɖe ahɔhɔ̃a dzi nu nasẽ ɖe edzi wu.

Alesi Woate Ŋu Ano Gbetikeawoe

Woate ŋu ano gbetikeawo le mɔ geɖe nu, woate ŋu adee tii me, woaɖae, woade aha me, alo woatui atsɔ abla teƒe si dɔlélea le. Wokɔa tsi dzodzoe ɖe gbea dzi wòzua tii wonona. Gake atikewɔlawo xlɔ̃ nu be mele be woaɖa gbe siwo wotsɔ wɔa tii le tsi me o. Woɖaa ati ƒe kewo kple ati kɔgowo le tsi me ale be woate ŋu aɖe woƒe dɔyɔŋusẽawo ɖe tsia me.

Ke ne wodee aha me ya ɖe? Agbalẽ aɖe gblɔ be woate ŋu ade “ati ƒe ke alo ekɔgo aha sesẽ, alo brandy, alo vodka si wotɔ tsi alo esi wometɔ tsi kura o me.” Eye wotua ɖewo hã, wotunɛ ɖe nɔnɔme vovovowo me. Zi geɖe la, wotsɔa wo ɖoa nutete alo ŋutilã ƒe teƒe siwo wole veve sem le la dzi.

To vovo na amenyinuwo kple atikekuiwo la, wobua gbetikeawo dometɔ akpa gãtɔ be wonye nuɖuɖu eye wonoa wo zi geɖe naneke maɖumaɖui. Wote ŋu tsɔa wo wɔa atikekui siwo woate ŋu ami hã, enɔa bɔbɔe wu be woamii eye wòvivina hã wu. Ne eɖoe be yeazã gbetikewo la, nunya le eme be nàkpɔ eŋunyala bibi aɖe hafi azãe.

Le nuto geɖewo me la, wolɔ̃a gbetikewo zazã na dɔlélewo abe wɔɖi, atsidɔdɔ afɔdzimademade, alɔ̃madɔmadɔ, kple dzigbɔtsɔame ene. Gake ɣeaɖewoɣi hã la, wozãa gbetikewo hã tsɔ daa dɔléle siwo nu sẽ ŋutɔ hã—menye ɖeko wozãnɛ tsɔ da dɔe ko o ke wotsɔnɛ xea mɔ ɖe enu hã. Le kpɔɖeŋu me, le Germany kple Austria la, wozãa gbe si ŋkɔe nye saw palmetto (Serenoa repens) wonyea atike gbãtɔ na tsinyegoe ƒe tete si mewua ame o (benign prostatic hyperplasia). Le dukɔ aɖewo me la, dɔléle sia ɖea fu na ŋutsu 50 yi 60 le alafa me mlɔeba. Gake ele vevie be woana atikewɔla aɖe nalé ŋku ɖe nutetea ŋu akpɔe ɖa ne nɔnɔmea ahiã na dɔdamɔnu si de ŋgɔ wu, abe alesi woanɔ le kansa gomee ene.

Aɖaŋuɖoɖo Aɖewo

Togbɔ be ame geɖewo abu gbetike aɖe be enyo hã la, ehiã be woakpɔ nyuie le ezazã me. Mele be nàɖe ŋu ɖi gbeɖe le esi wogblɔ le atike aɖe ŋu be enye “dzɔdzɔmetɔ” ta ko o. Gbetikewo ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Dziɖeleameƒonya si le emee nye be afɔku gãa aɖe le gbetike aɖewo nono ŋu. [Nublanuitɔe la] ame aɖewo mebua ŋusẽ si gbetikeawo ate ŋu akpɔ ɖe woƒe lãmesẽ dzi ŋu kura o—eɖanye afɔku le ezazã me loo alo mele eme o.” Atike siwo le gbewo me ate ŋu atrɔ dzi ƒe tsotso, ʋu ƒe sisi, kple sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋua me. Esia ta, ele be amesiwo ŋu dzidɔ, ʋusɔgbɔdɔ, alo ʋumesukli si meda sɔ nyuie o ƒe dɔléle le, abe suklidɔlélawo ene nakpɔ nyuie wu.

Gake zi geɖe la, nusiwo gbetike aɖewo gblẽna le ame ŋu nɔa te ɖe nu bubu siwo hoa dɔwo na ame dzi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye taɖuame, ŋuzitsɔame, dzigbɔtsɔame alo ŋutsetse. Wogblɔ tso gbetikewo ŋu hã be “wonyraa dɔléle ƒe dzesiwo” to alesi wòwɔna abe wɔɖie ƒo ame alo to dzesi bubuwo ɖeɖefia dzi me. Dɔléle adze abe ɖe wònyra na amesi no gbetikea ene, hafi wòava haya emegbe. Ame geɖe xɔe se be nusia dzɔna elabena ne wono gbetikea teti la, eɖea nu gbegblẽ siwo le ametia me ɖa gbã hafi wɔa dɔ.

Esi amewo kuna tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ɖe gbetikewo nono ta la, ehiã vevie be woaɖɔ ŋu ɖo le wo nono me. Le kpɔɖeŋu me, wonoa gbetike si ŋkɔe nye ephedra tsɔ ɖea lolo dzi kpɔtɔnae, gbetike sia ke ate ŋu adzi ʋu ƒe sisi ɖe edzi. Woka nya ta le United States be ephedra tikewo anya wu ame 100 kple edzivɔ, gake dɔléleŋutinunyala Steven Karch si tso San Francisco gblɔ be: “Amesiwo ko menya be woku le enono me [amesiwo no ephedra tikea] nye amesiwo ŋu dziŋutiʋukamedɔ si nu sẽ nɔ alo esiwo noe wògbɔ eme.”

Ðk. Logan Chamberlain, si ŋlɔ agbalẽ tso gbetikewo ŋu gblɔ be: “Nyatakaka ɖesiaɖe kloe si míese le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me tso gbetikewo ƒe nugbegblẽ ŋu katã tso ameawo ŋutɔ ƒe mɔfiafia siwo wona dzi mawɔmawɔ me. . . . Atike nyui siwo nono ŋuti mɔfiame woŋlɔ ɖe wo dzi la sɔ eye wɔwɔ ɖe wo dzi nana be atikea nɔa anyi didina gɔ̃ hã. Mègaŋe aɖaba ƒu enono ŋuti mɔfiameawo dzi ahano esi dze ŋuwò o, negbe gbetikewɔla bibi aɖee ɖoe na wò be nàtrɔ agbɔsɔsɔ si nàno la ko.”

Gbetikewɔla Linda Page ɖo alesi woakpɔ ame ɖokui dzi nyuie ƒe aɖaŋu: “Ne dɔ si lém nèle nu sẽ ŋutɔ kura gɔ̃ hã la, agbɔsɔsɔ si wodi tso asiwò be nànɔ nonom koe wòle be nàno, mèganoe wu esi woɖo na wò o. Akpɔ tɔtrɔ nyuiwo ne egbɔ dzi ɖi heno atikea le ɖoɖo nyuitɔ nu. Exɔa ɣeyiɣi hafi woɖoa lãmesẽ me nyuie.”

Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso gbetikewo ŋu gblɔ be ŋusẽ aɖe le gbetike aɖewo me si wɔnɛ be ne wono wo wu alesi dze gɔ̃ hã la, womegblẽa nu le ame ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le gbetike aɖe si wonona be wòana ŋutilã naɖi ɖe eme nyuie gome la, ne wonoe wu alesi dze la, enana wotruna. Gake esia mele fiafiam be ele be woano atike aɖe wu alesi dze o, gbetike aɖewo koe wɔa dɔ le mɔ ma nu, ke menye wo katã o.

Ke hã, ame geɖewo susui be, hafi gbetike nate ŋu awɔ dɔ nyuie la, ele be woanoe wòasɔ gbɔ, wòanɔ nɔnɔme nyuitɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, mɔ siwo nu woate ŋu awɔ esia le koe nye be woano sue aɖe gbã. Gbetike si ŋkɔe nye ginkgo biloba ɖea nɔnɔme sia fiana, elabena wozãa gbogbo aɖe hafi tsɔ wɔa eƒe atike si woano zi ɖeka, wozãnɛ ɣeyiɣi didi aɖe enye esia be wòana susua nate ŋu awɔ dɔ nyuie ahana ʋu nasi nyuie.

Afɔku si Ate Ŋu Anɔ Gbetikewo Kple Yevutikewo Nono Ðekae Me

Gbetikewo ate ŋu awɔ dɔ bubui le mɔ vovovowo nu ne wonoe tsaka kple yevutikewo. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ana ŋusẽ si le yevutike ŋu nu nasẽ ɖe edzi alo axɔ ŋusẽ le esi, si awɔe be yevutikea magate ŋu awɔ dɔ ɖe ŋutilã dzi alesi dze o, alo adzi alesi wògblẽa nui ɖe edzi. St. John’s wort tike si wokafuna zi geɖe na amewo le Germany be woano atsɔ atsi blanuiléle si nu mesẽ boo o nu nana yevutikewo doa go le lãme na ame kaba zi gbɔ zi eve wu alesi wòle be woanɔ ŋutɔŋutɔ ne wonoe kple yevutikewo, si wɔnɛ be ŋusẽ si le atike mawo ŋu yia to. Eyata ne èle yevutike si woŋlɔ na wò, siwo dometɔ aɖewoe nye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikekuiwo nom la, kpɔ wò ɖɔkta hafi nàno gbetikewo.

Agbalẽ aɖe si ɖe nu me le alesi gbetikewo wɔa dɔe ŋu gblɔ be: “Aha sesẽ, marijuana, cocaine, atikemuame bubuwo kple atama nono ɖe du kple gbetikewo ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbe ŋu vevie. . . . Nusi wɔwɔ me susu lee nye be nàƒo asa na [atikevɔ̃ɖi mawo], vevietɔ ne èle dɔ lém.” Ele be funɔwo kple vidada siwo le no nam wo viwo hã nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi vevie. Enye nyateƒe be mele be Kristotɔwo nano atikevɔ̃ɖiwo kple atama o, si anye wɔwɔ ɖe Biblia ƒe sedede si nye be miakɔ mia “ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” dzi.—Korintotɔwo II, 7:1.

Numekugbalẽ aɖe ɖo aɖaŋu le gbetikewo nono ŋu ale: “Ne èle gbetike aɖe nom hafi fɔ fu la, dzudzɔ enono vaseɖe esime nèdzro nu me kple wò ɖɔkta hafi. Dze agbagba nàɖo ŋku agbɔsɔsɔ kple ɣeyiɣi ƒe didime si tututu nènoe dzi.”

Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso gbetike ŋu be: “Afɔku vovovowoe le [gbetike] tsɔtsɔ yɔ dɔ ame ɖokui me.” Le aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu si nye, “Afɔku Siwo Le Ðokuisitikewɔwɔ Me” me la, àkpɔ afɔku siwo woyɔ siwo ate ŋu anɔ gbetike zazã ŋu.

Abe alesi woɖɔa ŋu ɖo le atike bubuwo zãza me ene la, nenema ke wole be woaɖɔ ŋu ɖoe le gbetikewo ŋudɔwɔwɔ me, anya nu tso eŋu ahada asɔ—eye nènɔ susu me na wò be menye dɔléle ɖesiaɖee woate ŋu ada fifia o. Kristotɔ vavãwo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woaɖe nusi nana míedzea dɔ hekuna—si nye blibomademade si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔawo gbɔ—ɖa keŋkeŋ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu si me woawɔ nyui na amesiame la me.—Romatɔwo 5:12; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Menye atikewɔgbalẽe Nyɔ! nye o eyata mekafua dɔdamɔnu alo nuɖuɖu, gbetike wɔwɔ alo eŋudɔ mawɔmawɔ le mɔ gobii aɖe nu be eya koŋue nyo wu o. Nyatakaka siwo katã le nyati sia me nye nyatakaka gbadza aɖe ko na amesiame. Ele be magazine sia xlẽlawo nawɔ woa ŋutɔwo ƒe lãmesẽnyawo kple dɔdada ŋuti nyametsotsowo.

[Aɖaka si le axa 30]

Afɔku Siwo Le Ðokuisitikewɔwɔ Me

Afɔku siwo le gbetikewo nono le ame ɖokui si eŋutimɔfiame maxɔmaxɔ tso gbedala bibi aɖe gbɔe nye esiwo gbɔna.

Ðewohĩ mènya dɔléle si tututu le fu ɖem na wò o.

Ne ènya dɔ si tututu lém nèle gɔ̃ hã la, ɖewohĩ atike si nàno le ɖokuiwò si masɔ nɛ o.

Ðokuisitikewɔwɔ ate ŋu ahe dɔa dada keŋkeŋ ƒe mɔnu si sɔ si ŋu wòle be woatso ɖo kaba la ɖe megbe.

Ðokuisitikewɔwɔ ate ŋu ana be atike si ɖɔkta aɖe aŋlɔ na wò la mawɔ dɔ o—le kpɔɖeŋu me, dɔ honame ƒe atikewo alo ʋusɔgbɔdɔ ƒe atikewo.

Ðokuisitikewɔwɔ ate ŋu ada dɔléle si nu mesẽ boo o gake wòaho dɔléle bubu, abe ʋusɔgbɔdɔ ene.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: Rodale’s Illustrated Encyclopedia of Herbs