Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ati Kple Gbewo—Nu Vevi Siwo me Wokpɔa Atike Le

Ati Kple Gbewo—Nu Vevi Siwo me Wokpɔa Atike Le

Ati Kple Gbewo​—Nu Vevi Siwo me Wokpɔa Atike Le

Atikeŋutinunyalawo bu akɔnta be, wote egbegbe yevutike siwo ŋudɔ amewo wɔna dometɔ alafa memama 25—ƒe akpawo katã alo eƒe akpa aɖe—wɔwɔ kple atikemenu siwo wokpɔna tsoa atiwo kple gbewo me. Amesiwo dea gbetike vovovowo zazã ƒe dzi ƒo na amewoe gblɔa nya sia zi geɖe.

Wowɔa numekuku geɖe tso atiwo kple gbe siwo me wokpɔa atike le ŋu be woatsɔ akpɔ atikemenu vevi siwo woate ŋu aɖe tso wo me la me. Atikemenu mawo ƒe kpɔɖeŋu si ɖe dzesi wu enye aspirin, si woɖena tsoa salicin, si wokpɔna tsoa ati aɖe si woyɔna be white willow ƒe kɔgo me.

Ne wonya ɖe atikemenua ɖe vovo ko la, woate ŋu atrɔ asi le agbɔsɔsɔ si sɔ nyuie kple ɖoɖo si nu woanoe ɖo ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne wozã willow kɔgo ɖe agbɔsɔsɔ si sɔ me tsɔ wɔ aspirin alo zã foxglove ɖe agbɔsɔsɔ si sɔ me tsɔ wɔ digitalis wònye atikekui si woami la, enono nɔa bɔbɔe eye wòwɔa dɔ nyuie wu be woaɖa atikɔgoawo alo atui hafi ano.”

Gake afɔkuwo ate ŋu anɔ atikemenu ɖeɖe le ati alo gbe aɖe me ŋu. Nusitae wòle aleae nye be, ate ŋu ana be nunyiamewo kple atikemenu bubu siwo anɔ wo me nabu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ewɔnɛ be atike aɖewo siwo wowɔna be woawu dɔlékui aɖewo megate ŋu wua wo o.

Quinine si woɖena tsoa cinchona tiwo kɔgo me nye kuxi siwo le atikemenu ɖeɖe tso ati alo gbe siwo me atike le la ƒe kpɔɖeŋu. Togbɔ be quinine wua dɔlékui siwo naa asrãdɔ dometɔ akpa gãtɔ hã la, dɔlékuia siwo mete ŋu wu o va nɔa dzidzim ɖe edzi fũ esime esiwo dzi wòɖu ya nɔ kukum. Numekugbalẽ aɖe ɖe eme be: “Dɔlékuiwo ƒe tenɔnɔ ɖe atike nu alea va zu kuxi gã aɖe le atikewɔnyawo me.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Wokpɔa Aspirin tso “white willow” ti sia me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

USDA-NRCS PLANTS Database/Herman, D.E. et al. 1996. North Dakota tree handbook

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

“Cinchona” ti, si me wokpɔa “quinine” tsonae

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Satoru Yoshimoto