Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãwo—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ

Lãwo—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ

Lãwo​—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ

ÈÐI tsa de lãwo kpɔƒe alo lãwo ƒe fefewɔƒe kpɔa? Ðe wòdzroa wò be yeaka asi lã dzeani aɖe—ɖewohĩ lã klitsu si nye dzata alo kpɔ̃ gã siwo le Siberia—ŋu alo alili asi wo ŋua? Ðewohĩ èkpɔ ame aɖe si naa hehe lãwo alo wo dzikpɔla aɖe kpɔ wònɔ vivi dom ɖe lãwo ŋu wònya kpɔ na wò. Le nyateƒe me la, Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ ƒe 2,000 kloe enye si va yi be: “Womlã lã wɔadãwo kple xeviwo kple nutatawo kpakple ƒumelãwo ƒe dzɔdzɔme, eye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme mlã wo.”—Yakobo 3:7.

Lã ƒomevi ɖesiaɖe ɖea eƒe seselelãme fiana ne wolé be nɛ hetsɔ ɖe le eme nɛ lɔlɔ̃tɔe. Le nyateƒe me la, wo kpɔkpɔ woanɔ fefem kple amegbetɔ siwo léa be na wo hemlã wo la ate ŋu ado dzidzɔ na ame. Romatɔ agbalẽŋlɔla si ŋkɔe nye Pliny, si kple Biblia-ŋlɔla Yakobo woanya ŋlɔ woƒe nyawo le ɣeyiɣi ɖeka me, ƒo nu tso atiglinyiwo, dzatawo, kpɔ̃wo, hɔ̃wo, lowo, dawo, kple tɔmelãwo gɔ̃ hã mamlã ŋu.

Le nyateƒe me la, lãwo mamlã be woazu amegbɔlãwo dze egɔme tso gbaɖegbe ke. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yakobo kple Pliny ƒe nuŋɔŋlɔwo la, Egiptetɔwo mlãa lã wɔadãwo wonɔa wo gbɔ le aƒewo me. Egbea la, àte ŋu akpɔ lã siwo nàkpɔ le lãkpɔƒewo la dometɔ geɖe le aƒewo me le teƒe aɖewo.

Ƒomedodo si Nɔ Woa Kple Amegbetɔwo Dome Tsã

Biblia, si me amegbetɔwo ƒe blemaŋutinya xoxoetɔ kekeake le la ka nya ta be amegbetɔ gbãtɔ, Adam, ye tsɔ ŋkɔ na lãwo. Biblia gblɔ be: “Alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ. Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã.” (Mose I, 2:19, 20) Edze ƒã be Adam va dze si lãwo nyuie ale gbegbe be wòte ŋu tsɔ ŋkɔ si sɔ na wo. Ke hã, mehiã takpɔkpɔ aɖeke o—mehiãe le lã wɔadãwo gɔ̃ hã ta o. Ŋutifafa nɔ woa kpli wo dome, eye aleke gbegbee wòanya se vivi le kadodo kpli wo me enye si!

Mawu tsɔ lãwo dzi kpɔkpɔ de asi na Adam kple srɔ̃a Xawa siaa. Le alesi Biblia ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo fia nu la, ɖe wòɖoe be amegbetɔwo “[naɖu] ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!”—Mose I, 1:26.

Kadodo Kplikplikpli si Anɔ Anyi Ðaa

Ne amewo ɖu lãwo dzi le mɔ nyui nu la, nu nyuiwo te ŋu dona tsoa eme. Wote ŋu bua lã si ƒe nya wolɔ̃ be enye zɔhɛ malɔ̃nugbɔ, abe ƒomea me tɔ gɔ̃ hã ene. Nyateƒenya si wònye be ele alea ƒe akpe geɖewoe nye si va yi la dze le Biblia me nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe ame dahe aɖe ƒe “alẽvi sue ɖeka” aɖe ŋu la me. Nyagblɔɖila Natan gblɔ tso ame dahea ƒe alẽvia ŋu na Fia Dawid be: ‘Alẽvia ɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edɔa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.’—Samuel II, 12:1-3.

Egbea ame geɖe ate ŋu ase alesi lã aɖe ate ŋu ava zu ame aɖe ƒe zɔhɛ si gbɔ melɔ̃a nu lena o, abe eƒe ƒomea me tɔ ene, la gɔme. De ŋugble le ƒome aɖe si le teƒe aɖe si te ɖe Harare, Zimbabwe ƒe fiadu, ŋu la ŋu kpɔ. Dzilawo ƒle avu na wo viawo dometɔ ɖesiaɖe be wòanye woƒe zɔhɛ. Gbeɖeka ŋutsuviawo dometɔ ɖeka, si axɔ ƒe enyi ɣemaɣi, nɔ tsa ɖim kple eƒe avu, kasiaa da gã vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be gle ge tso ati aɖe me dze eŋgɔ. Gle la lu ɖe ŋutsuvia dzi, gake avua ƒu du sesĩe enumake va xɔ na ɖevia. Àte ŋu akpɔ alesi avu sia axɔ si na ƒome ma le susu mea?

Tokunɔwo dea asixɔxɔ avu siwo wona hehee be woana kpekpeɖeŋu wo la ŋu ale gbegbe. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne woƒo agbonugaa la, Twinkie senɛ eye wòvana va kaa asi nye afɔ ŋu hedzea ŋgɔnye yia agboa nu. Nenema kee ne Twinkie se ga si le nye numemɔ̃ ŋu ƒe ɖiɖi, si fia be nusi mem mele la bi la, eƒua du vaa gbɔnye eye mekplɔnɛ ɖo. Wona hehe Twinkie be ne ekpɔ dzudzɔ alo se kpẽ ɖi be dzo dze aƒe la, wòawɔ dzesi aɖe ahamlɔ anyigba atsɔ aɖee afia be afɔku gbɔna.”

Ƒomedodo xɔasi si nɔa ŋkuagbãtɔwo kple woƒe mɔfiavuwo dome hã ɖe dzesi etɔxɛe. Michael Tucker, si naa hehe mɔfiavuwo, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye The Eyes That Lead, xɔe se be mɔfiavu ate ŋu ana ŋkuagbãtɔ ƒe agbenɔnɔ natrɔ kura, “wòakpɔ ablɔɖe, wòanɔ eɖokui si, wòate ŋu ayi afisiafi, ahakpɔ zɔhɛ.” Le nyateƒe me la, ƒomedodo si le avu siawo kple woƒe aƒetɔwo dome la kpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame!

Nenema kee wòle le amesiwo nye wɔametɔwo le go bubuwo me eye zɔhɛvuwo le wo si la gome. Wofia avu aɖe si le nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me si la be wòate ŋu atsɔ telefon eye wòatu stamp lɛtakotoku dzi! Avu bubu aɖe wɔna ɖe dzesi vovovo 120 dzi, etsɔa ganugoe me nu kple nu bubu siwo eƒe aƒetɔ di be yeaƒle le fiase me gɔ̃ hã nɛ. Eƒe aƒetɔ wɔametɔa zãa tɔtsi aɖe sia akaɖi ɖe nusi wòdi be yeaƒle dzi eye avua fɔa nuawo nɛ.

Amegbɔlãwo kpena ɖe ame tsitsiwo hã ŋu. Lãwo ƒe atikewɔla aɖe gblɔ be amegbɔlãwo, siwo dome avuwo le, “naa taɖodzinu kple gɔmesese nɔa ame tsitsiwo ƒe agbe ŋu le ɣeyiɣi siwo me wotsi akogo me.” The Toronto Star ka nya ta be: “Zɔhɛlãwo ɖea woƒe aƒetɔwo ƒe nuteɖeamedzi kple kɔdzidede dzi kpɔtɔna, henaa wohayana kaba tsoa dzidɔdzeamedzi gɔ̃ hã me.”

The New Encyclopædia Britannica gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Amegbɔlãwo ƒe anyinɔnɔ kple ame naa mɔnukpɔkpɔ sua amewo si be woafia alesi mɔnukpɔkpɔ aɖe ƒe amesisusu bia agbanɔamedzi tsɔtsɔe la ɖeviwo eye wònaa mɔnukpɔkpɔ wo hã be woasrɔ̃ nane tso gbɔdɔdɔ ŋu. Eteƒe medidina o wodea dzesi lãwo ƒe asiyɔyɔ, emegbe wodea dzesi alesi fufɔfɔ nɔna kple kuxi siwo nɔa vidzidzi kple vidzikpɔkpɔ me tsoa lãwo gbɔ.”

Beléle na Amegbɔlãwo

Alesi lãwo kuna ɖe woƒe aƒetɔwo ŋu anukwaretɔe wòɖe dzesi la naa ame aɖewo ɖea lɔlɔ̃ deto fiaa wo gbɔ lãwo wua woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã. Le srɔ̃gbegbenyawo dɔdrɔ̃ me la, wotsoa nya me ɣeaɖewoɣi le amesi gbɔ wòle be amegbɔlã aɖe nayi le nunɔamesiwo ŋuti nyaʋiʋliwo gbɔ kpɔkpɔ me la ŋu. Eye amewo ŋlɔ wo gbɔ lãwo ƒe ŋkɔ ɖe woƒe domenyinumaɖoɖo me be woanyi yewoƒe kesinɔnu gbogbo aɖewo dome.

Mewɔ nuku o be ga geɖe ŋutɔ le dɔ siwo ku ɖe amegbɔlãwo ŋu me egbea! Agbalẽwo kple magazinewo li siwo me aɖaŋuɖoɖowo le tso nya sia nya si ku ɖe amegbɔlãwo ŋu. Esi asitsahawo de dzesii be amesiwo gbɔ lãwo le dometɔ aɖewo lɔ̃na zã ga home ɖesiaɖe si hiã ko ɖe woƒe lãwo ŋu ta la, wowɔa nusianu si lãtɔawo di na wo.

Le kpɔɖeŋu me, amesi si amegbɔlã le ate ŋu akplɔe yi lãwo ƒe ɖɔkta xɔŋkɔ aɖe si kpɔa lãwo ƒe dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe gbɔ la gbɔ. Lãwo ƒe tagbɔdɔdalawo li, siwo ŋlɔa blanuilélenutsitike woƒlena na lãwo. Gakpe ɖe eŋu la, senyalawo li hena nya siwo ku ɖe lãwo ŋuti gbɔ kpɔkpɔ, wo ŋuti nugblẽfexeɖoɖowɔhawo li, amesiwo lea tsi na wo, kple amesiwo naa hehe wo li. Wowɔa kunu na lãwo. Eye amewo naa ga be woaɖe yewogbɔ lãwo ƒe domenyiŋusẽmenugbagbevi atsɔ awɔ lã ma ke na yewoe—eye menye ga vie wogblẽna ɖe nusiawo katã ŋu o!

Edze ƒã be ame geɖewo lɔ̃ amegbɔlãwo ale gbegbe. Ðk. Jonica Newby gblɔ eƒe nukpɔsusu le eƒe agbalẽ si nye The Animal Attraction me be: “Ne avu ƒu du va kpe mí, le asike ʋuʋum hele mía ŋu ɖuɖɔm abe míaƒe gbɔgbɔ va aƒemee nye nu nyuitɔ kekeake wòkpɔ le ŋkeke bliboa katã me ene la, susu le eme be woayɔ nɔnɔme ma be ‘lɔlɔ̃.’” Le nyateƒe me la, gɔmesese le nusita amesiwo si amegbɔlãwo le dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me be yewoaɖe “lɔlɔ̃” ma tɔgbe afia woƒe lãwo la ŋu.

Ke hã, agbagbadzedze be woawɔ nu ɖe lãwo ŋu abe amegbetɔwo ene ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, lã mate ŋu akpɔ ame aɖe ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ, abe alesi ehavi amegbetɔ ate ŋu awɔe nɛ ene o. Gawu la, lãwo ƒe dugãmenɔnɔ—si bia tɔtrɔ ɖe dugãmenɔɖoɖowo ŋu—hea kuxi vɛ na amegbɔlã aɖewo kple woƒe aƒetɔwo. Míadzro nya siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Lã wɔadãwo mamlã li tso gbaɖegbe ke

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

A detail from The Great King of the Parthians Hunts With His Tame Panthers by Giovanni Stradanno: © Stapleton Collection/CORBIS

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Israel-vi alẽkplɔlawo wɔ nu kple alẽwo le dɔmetɔtrɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Amegbɔlãwo ate ŋu akpe ɖe wɔametɔwo kple ame tsitsiwo ŋu