Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee”

“Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee”

“Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee”

Tanya si le etame la dze le Mexico City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Excelsior, September 25, 2002, tɔ me. Carlo Coccioli, amesi nye agbalẽnyala kple agbalẽŋlɔla si wonya nyuie le Mexico lae ŋlɔ nya sia. Nya siwo gbɔna lae wòtsɔ dze eƒe nyatia gɔmee.

“Ðeko mexlẽ—alo ɖe magblɔ boŋ be megagbugbɔ xlẽe alo, ne magblɔe nyuie wu la, mexlẽe, gaxlẽe, gagbugbɔ xlẽ—agbalẽ sue dzẽ tɔxɛ aɖe, menye esi xɔ ŋkɔ le Mao Tse-tung ƒe ŋkekea me la o—vɔ koe nye esia. Menye ɖeko agbalẽ sia [Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee *] nye esi le tɔxɛ wu ko o, ke boŋ to vovo na Mao Tse-tung ƒe ‘Agbalẽ Sue Dzẽ’ si me nyawo megava sɔ ɖe ɣeyiɣiawo nu o la, agbalẽ sia me nyawo ya ate ŋu anɔ anyi ɖaa. Ne magblɔe kpuie ko la, agbalẽ sia nye nunana si Yehowa Ðasefowo na xexea. Melolo abe agbalẽ bubuwo ene o, gake nya siwo le eme la xɔ asi ŋutɔ. Ame ate ŋu adee eƒe kotoku me anɔ yiyimee, gake ne agbalẽdzraɖoƒe si agbalẽ vovovo 90,000 le mee wokpɔe le la, ɖewohĩ eyae anye esi ŋu asixɔxɔ le wu le wo katã dome.”

Aƒetɔ Coccioli yi edzi ƒo nu tso ɣeyiɣi si me wònɔ dɔ si wòawɔ tiam esime wònye sɔhɛ ŋu. Eɖe nu me be: “Nusi metia be masrɔ̃ le yunivɛsiti enye nusi nɔ susu me nam hedoa dzidzɔ nam wu: eyae nye subɔsubɔhawo, vevietɔ Ɣedzeƒetɔwo tɔwo.” Ede dzesii be nusɔsrɔ̃ tso subɔsubɔhawo ŋu do dzidzɔ na ye eye le Xexemeʋa II wɔɣi la, yexɔ ɖɔkta dzeside le nusiwo yesrɔ̃ le eŋuti me.

Eɖe nu me be: “Eyata mesusui be medze agblɔ be agbalẽ sue dzẽ si su asinye la nye mawusubɔsubɔ ŋuti numekuku deto si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le si wɔ nuku ale gbegbe. . . . Ele be [agbalẽa] nanɔ aƒe sia aƒe me, woaxlẽe, eye woagbugbɔ anɔ exlẽm edziedzi. Medo boblo subɔsubɔha aɖeke ɖe exlẽla dzi o, ke boŋ enye agbalẽ si akpe ɖe ame ŋu wòanya nu geɖe, esi wònye míedina be míadzro nu me le Mawu ƒe nu ɣaɣla nyenye si gɔmesese sesẽna na mí ŋu ta.”

Aƒetɔ Coccioli na Ðasefo si tsɔ agbalẽa nɛ la ƒe telefon xexlẽdzesi tsɔ wu eƒe nyatia ŋɔŋlɔ nui. Tso ɣemaɣi ke la, ame geɖe ƒo ka na Ðasefoa hebia agbalẽae, eyata Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico la ɖo Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa ɖe amesiwo katã wòdzɔ dzi na. Ame aɖe si bia agbalẽa 20 na eƒe ƒomea kple xɔlɔ̃wo la le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm fifia le Biblia sɔsrɔ̃ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Agbalẽ sia ƒe tata siwo li fifia la nye esiwo ƒe akpa bɔbɔ eye akpaa megale dzĩe o.