Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?

Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?

Nukliaʋa​—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?

Etso Nyɔ! Ŋlɔla si le Japan Gbɔ

“Amesiame si tagbɔ li na vɔ̃a nukliaʋa, eye dukɔ sia dukɔ si me wowɔa mɔ̃ɖaŋu le la blaa akpa ɖe eŋu. Amesiame nya be enye tsukuku, eye dukɔ ɖesiaɖe doa taflatse aɖe le eta.”​—Carl Sagan, ɣletiviŋununyala.

LE AUGUST 6, 1945, dzi la, Amerikatɔwo ƒe aʋawɔyameʋu aɖe da atɔm bɔmb ɖe Hiroshima, Japan, si wu ame gbogbo aɖewo hegblẽ nunɔamesi gbogbo aɖewo dome enumake. Esiae nye atɔm bɔmb gbãtɔ si wozã le aʋawɔwɔ me. Eƒe wowó tsrɔ̃ dugãa ƒe akpa si ƒe lolome xɔ teƒe gadza si nye kilometa 13, si me ame 343,000 nɔ la, keŋkeŋ. Xɔ siwo wu eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me gbã le dugãa me, ame 70,000 ya teti ku eye ne mede ɖeke o la ame 69,000 xɔ abi. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woda atɔm bɔmb evelia ɖe Nagasaki, eye wowu ame 39,000 eye ame 25,000 xɔ abi. Xɔ siwo le dua me ƒe afã kloe mu alo gbã. Womezã aʋawɔnu sẽŋu sia tɔgbe kpɔ le ameƒomea ƒe ŋutinyawo katã me kpɔ o. Xexeame trɔ. Eɖo nukliaɣeyiɣiwo me. Le ƒe ʋɛ aɖewo me la, United States, Soviet Union si nɔ anyi tsã, Great Britain, France, kple China wɔ haidrodzin bɔmb siwo gblẽa nu wu.

Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli, si nye hoʋiʋli si nɔ Kɔmiunist dukɔwo kple dukɔ siwo menye Kɔmiunisttɔwo o dome, ƒlɔ dzo ɖe nukliaʋawɔnuwo kple wo damɔ̃ sesẽwo wɔwɔ te. Vɔvɔ̃ lé xexea esime wowɔ bɔmb siwo gbãa nu le duta (ICBM, le Eŋlisigbe me) ƒe tu siwo ate ŋu ana nukliabɔmb naɖagbã nu le dukɔ siwo gbɔ didi wu kilometa 5,600 me le miniti ʋɛ aɖewo, ke menye gaƒoƒowo o, ko me. Wolɔ nukliabɔmb gbogbo aɖewo siwo woada aɖo ɖe teƒe vovovo 192 de ƒugɔmeʋawɔʋuwo me. Wobu akɔnta ɣeaɖeɣi be bɔmb siwo woli kɔ ɖe nukliaʋawɔnudzraɖoƒewo la ade 50,000! Le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia me la, ameƒomea nɔ nusi ame aɖewo yɔ be nuklia ƒe Harmagedon—si nye aʋa si me dziɖula aɖeke manɔ o—si ate ŋu adzɔ la ƒe ɣeyiɣi me.

Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli la ƒe Nuwuwu

The Encyclopædia Britannica ɖe nu me be le ƒe 1970-awo me la, Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia dzi ɖe kpɔtɔ ‘abe alesi Aʋawɔnu Tɔxɛwo Dzitsotso Takpekpe ƒe nubabla I kple II, si me dukɔ sesẽtɔ eveawo ɖo seɖoƒe na bɔmb siwo wodana wòɖoa anyigbagã bubu dzi kple bɔmb tɔxɛ siwo me woate ŋu ade nukliaʋawɔnuwoe agbɔsɔsɔme si anɔ wo si la le.’ Emegbe Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nu vanɔ fafam le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu, heva wu enu mlɔeba.

Ŋutifafa si Carnegie Ate Ŋu Ade Dukɔwo Dome ƒe Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ƒe nuwuwu na mɔkpɔkpɔ va li be nusiwo nukliaʋawɔnuwo ƒe hoʋiʋlia gblẽ ɖi kpakple United States kple Russia dome masɔmasɔ la ɖo eƒe nuwuƒe.” Le agbagba siwo dzem wole be woaɖe asi le nukliaʋawɔnuwo ŋu ta la, wogbã nukliaʋawɔnudzraɖoƒe alafa geɖe le ƒe siawo me. Le ƒe 1991 me la, Soviet Union kple United States de asi Amedzidzeʋawɔnu Tɔxɛwo Dziɖeɖekpɔtɔ Kple Wo Ðeɖeɖa ƒe Nubabla te, si ƒoe ɖe dukɔ sesẽtɔ eve siawo, siwo si nukliaʋawɔnuwo le la, nu be menye ɖeko woaɖe woƒe bɔmb tɔxɛwo dzi akpɔtɔ ko o, ke boŋ, zi gbãtɔ le ŋutinya me la, wo dometɔ ɖesiaɖe naɖe bɔmb tɔxɛ siwo woglã ɖi hena dada la dzi akpɔtɔ va ɖo 6,000. Le ƒe 2001 ƒe nuwuwu la, akpa evea siaa gblɔ be yewowɔ ɖe nubablaa dzi heɖe yewoƒe nukliabɔmb tɔxɛawo dzi kpɔtɔ abe alesi yewo gblɔe ene. Gawu la, wolɔ̃ ɖe edzi le ƒe 2002, Moscow Nubabla me be yewoaga ɖe wo dzi akpɔtɔ wòava nɔ 1,700 kple 2,200 dome le ƒe ewo si gbɔna me.

Gake togbɔ be woawɔ afɔɖeɖe siawo hã la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ be, “le alesi ŋɔdzi le nukliaʋa ŋui ta la, menye ŋuɖeɖiɣi enye esia o.” Egblɔ kpee be: “Le ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze la, nukliaʋa gakpɔtɔ nye nu ŋutɔŋutɔ, kple nu dziŋɔ si ate ŋu adzɔ.” Nublanuitɔe la, nuklia ƒe afɔku aɖe—si dzi ŋɔ wu esi dzɔ le Hiroshima kple Nagasaki—gakpɔtɔ nye ŋɔdzi na míaƒe ŋkekea. Amekawoe le ŋɔdzia dom? Vevietɔ wu la, ɖe woate ŋu aƒo asa nɛa?