Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eƒe Agbetsitsi Wɔa Nuku

Eƒe Agbetsitsi Wɔa Nuku

Eƒe Agbetsitsi Wɔa Nuku

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NAMIBIA GBƆ

YA FAFƐ nyui aɖe ŋutɔe ƒona le Namib Dzogbe si le Afrika ƒe anyieheɣetoɖoƒe afisia. Yame kɔ nyuie. Ne ɣea le dzedzem la, dzoxɔxɔa hã nu nɔa sesẽm ɖe edzi. Kekpowo kple kpekui siwo ya lɔna ɖe nu lae le afisia. Míaƒe nu ku esime míenɔ tsa ɖim le teƒea. Aŋgba dama gbogbo kawoe nye ema le afima ɖaa? Esi míete ɖe eŋu la, míekpɔe be numiemie siwo wɔ nuku wu le xexeame la dometɔ ɖekae nye esia míekpɔ—eyae nye Welwitschia mirabilis. Nyagbe evelia, mirabilis, si nye ŋkɔ si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ na numiemiea ƒe akpa aɖe la nye Latin nya si gɔmee nye “nukunu.”

Angola kple Namibia dzogbewoe welwitschia nɔna koŋ. Woto vovo kura tso numiemie bubuwo gbɔ ale gbegbe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu wo be wole hatsotso aɖe si le etɔxɛ me eye wo ƒomevi bubu aɖeke megali o. Chris Bornman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Welwitschia—Paradox of a Parched Paradise me be: “Le numiemie ƒomevi 375,000 aɖewo siwo amegbetɔwo nya dome la, numiemieŋutinunyalawo metsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃ tso numiemie aɖeke ŋu me alea gbegbe abe alesi wòle le Welwitschia gome ene o; eye hatsotso si me numiemie bubuwo le nyanya meɖe fu na ame abe alesi wòle le eya gome ene o.”

Welwitschia dzena abe aŋgba gbogbo aɖee le ati takpo aɖe ŋu ene, gake le nyateƒe me la, aŋgba eve koe le numiemiea ŋu. Aŋgba siawo vuvuna ne ya le ƒoƒom le dzogbea. Ŋkɔ aɖe si woyɔna nɛ le Afrika ye nye tweeblaarkanniedood, si gɔme le nyaa ŋutɔŋutɔ nue nye “aŋgba eve mate ŋu aku o.” Eye aleke gbegbee ŋkɔ sia sɔ nɛ enye esi! Le afisia la, yame xɔa dzo ɣeaɖewoɣi dea dzidzenu Celsius 40 le ŋkeke me, eye zã me hã ate ŋu afa ale gbegbe evɔ ati aɖeke meli alé ya sesẽ siwo ƒona la nu o. Togbɔ be numiemie akpa gãtɔ ƒe kee hea tsi si hiã na wo vanɛ hã la, mele nenema le welwitschia ya gome o. Tsi agbɔsɔsɔme si dzana le Namib le ƒe ɖeka me la medea milimeta 25 le mama dedie nu o, eye ƒe geɖe va yina si me tsi medzana kura o! Le nɔnɔme siawo me gɔ̃ hã la, welwitschia yia edzi nɔa tsitsim eye eƒe aŋgbawo gadaa ama. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu alesi wòte ŋu wɔna esiae ŋu ɣeyiɣi didi aɖe. Edze abe nusi gbɔe wòatso enye be welwitschia ƒe aŋgbawo noa afu si ƒuta ya siwo ƒona le dzogbea edziedzi le ŋdi me hena vɛ.

Welwitschia ƒe aŋgbawo meduduna ne yeyewo nato ɖe wo teƒe o. Aŋgba eve siwo le edzi la koe yia edzi nɔa tsitsim le numiemiea ƒe agbe me katã. Esi womlo aŋgba ɖeka ɣeaɖeɣi la, wokpɔe be eƒe didime wu meta 8.8! Bu alesi wòanɔ ne welwitschia ƒe aŋgbawo meku alo ge le edzi o ŋu kpɔ! Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti magazine si nye Veld & Flora ɖe nu me be: “Ne Welwitschia nɔ agbe ƒe 1,500 la, eƒe aŋgba ate ŋu adidi ade meta 225.” Gake ɖe numiemie sia ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi nenema gbegbea? The World Book Multimedia Encyclopedia ɖee fia be: “Welwitschia tsina vivivi eye zi geɖe la enɔa agbe xɔa tso ƒe 1,000 vaseɖe 2,000.”

Eyata welwitschia ƒe agbetsitsi wɔ nuku vavã. Gake nukatae numiemie sia te ŋu nɔa agbe etɔxɛ ɣeyiɣi didi alea le dzogbe ƒe nɔnɔme sesẽ siawo gbegbe me? Godo la, ele be míatsɔ akpedadaa ana Wɔla, Nuwokatãnyala, Yehowa Mawu, amesi naa “gbe miena . . . na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ.”—Psalmo 104:14.