Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Mawu Ðea Mɔ Míekpea Fu?

Nukatae Mawu Ðea Mɔ Míekpea Fu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Mawu Ðea Mɔ Míekpea Fu?

“Mawu ŋutɔ le dziƒo afisi nu nyoameŋuwo sɔŋ bɔ ɖo, evɔ míawo ya míele afisia le fu kpem.”—Mary. *

XEXE si me ŋutasesẽ bɔ ɖo mee wodzi egbe sɔhɛwo ɖo. Edze abe anyigbaʋuʋu wɔnublanuiwo kple dzɔdzɔmefɔku siwo ɖea ame akpe geɖe ƒe agbe ɖa va le bɔbɔm ene. Aʋawɔwɔ kple ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze ŋu nyawo koŋue bɔ ɖe nyadzɔdzɔwo me. Dɔléle, nuvlowɔwɔ, kple afɔkuwo na míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ku. Nusi dzɔ ɖe Mary, si ƒe nya míegblɔ ɖe etame dzi la, kpɔ ŋusẽ ɖe edzi vevie. Fofoa ƒe ku megbee wògblɔ nya vedziname mawo.

Ne afɔkuwo dzɔ ɖe mía dzi la, esɔ le dzɔdzɔme nu be dzi naɖe le mía ƒo, be míase le mía ɖokui me be nu vevi aɖe bu na mí, alo kura gɔ̃ hã be míado dziku. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Nukatae wòle be esia nadzɔ?’ ‘Nukatae dzinyee wòdzɔ ɖo?’ alo ‘Nukatae fifiae nusia dzɔ?’ Nyabiabia siawo hiã ŋuɖoɖo fakɔnamewo. Gake be míakpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ la, ele be míanya nusi tututu tae afɔkuwo dzɔna ɖo. Le nyateƒe me la, abe alesi sɔhɛ si ŋkɔe nye Turrell de dzesii ene la, ɣeaɖewoɣi “nu tena ɖe” amewo dzi “ale gbegbe be womegate ŋu bua nyaawo ŋu nyuie o.” Eyata ɖewohĩ ahiã be nàdze agbagba aɖu wò seselelãmewo dzi vie ale be nàte ŋu abu tame—si me susu le.

Akɔkpekpe Kple Nusiwo Li Ŋutɔŋutɔ Evɔ Womenyoa Mía Ŋu O

Togbɔ be ku kple fukpekpe ŋu bubu madzɔ dzi na mí o hã, wonye nu ŋutɔŋutɔ siwo dzɔna le agbe me. Hiob gblɔe nyuie be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.”—Hiob 14:1.

Biblia do ŋugbe be xexe yeye aɖe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la le ŋgɔ gbɔna. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Gake hafi nɔnɔme nyui mawo nava la, ele be ameƒomea nato vɔ̃ɖinyenye si tɔgbe meva kpɔ o ƒe ɣeyiɣi aɖe me. Biblia gblɔ be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.”—Timoteo II, 3:1.

Ɣeyiɣi didi kae ɣeyiɣi vɔ̃ siawo anɔ anyi? Nya ma tɔgbe tututue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae. Gake Yesu meyɔ ŋkeke alo gaƒoƒo aɖe koŋ si dzi nuɖoanyi sia si me nɔnɔme wɔnublanuiwo bɔ ɖo la awu enu o. Nya si Yesu gblɔ boŋ enye: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:3, 13) Yesu ƒe nyawo de dzi ƒo na mí be míabu nuwo ŋu ayi ŋgɔ. Ele be míanɔ klalo be míado dzi le nɔnɔme manyoameŋu geɖewo me hafi nuwuwua nava mlɔeba.

Mawue Woabu Fɔea?

Ekema ɖe susu le eme be míado dziku ɖe Mawu ŋu le esi wòɖe mɔ fukpekpe li ta? Masɔ o ne míebu tame le ŋugbe si Mawu do be yeahe fukpekpewo katã ava nuwuwui ŋu. Nenema kee mele be míasusui be Mawue na nu vɔ̃ɖiwo dzɔna o. Nudogoɖenunu koe afɔku geɖe siwo dzɔna la nye. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ya ƒo ati aɖe wòmu dze ame aɖe dzi. Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ be Mawu ƒe nuɖoɖoe. Gake menye Mawue na atia mu o. Biblia kpe ɖe mía ŋu be míase egɔme be “azãgbe kple nuɖiɖeame” gbɔe nu wɔnublanui siawo tsona.—Nyagblɔla 9:11.

Nuŋumabumabu nyuie hã ate ŋu ana woakpe fu. Tsɔe be sɔhɛ aɖewo no ahamuame fũ evɔ wole ʋu kum. Esia na wodze afɔku vevie. Amekae woabu fɔe? Mawua? Ao, elabena woƒe nuŋumabumabu nyuie me tsonuwoe wokpɔ.—Galatiatɔwo 6:7.

Ðewohĩ àbia be, ‘Gake ɖe ŋusẽ mele Mawu si be wòahe fukpekpewo ava nuwuwui fifia oa?’ Nuteƒewɔla aɖewo siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi bia nya ma wo ɖokui. Nyagblɔɖila Xabakuk bia Mawu be: “Nukaŋuti nèle ame tovo kpɔm kple ŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?” Gake Xabakuk meƒo nya ta nuwo ŋu mabumabui o. Egblɔ be: “Matsa ŋu akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam.” Emegbe Mawu ka ɖe edzi nɛ be le “azãgbe” aɖe dzi la, Yeana fukpekpewo natɔ. (Xabakuk 1:13; 2:1-3) Eyata ele be míagbɔ dzi ɖi, ahakpɔ Mawu sinu be wòana fukpekpewo nu nayi le eƒe ɣeyiɣi si wòɖo ɖi dzi.

Mègaƒo nya ta enumake be Mawu dii le mɔ aɖe nu be míakpe fu alo be eya ŋutɔ le mía tem kpɔ o. Nyateƒee wònye be fukpekpe ate ŋu ana nɔnɔme nyui siwo le mía me nadze eye be Biblia gblɔ be tetekpɔ siwo ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la ate ŋu ana míaƒe xɔse naganyo ɖe edzi. (Hebritɔwo 5:8; Petro I, 1:7) Le nyateƒe me la, ame geɖe siwo to dodokpɔwo alo dzigbãnyawo me la va gbɔa dzi ɖi hesea veve ɖe ame nu wu. Gake mele be míaƒo nya ta be Mawu gbɔe woƒe fukpekpeawo tso o. Amesiwo medea ŋugble le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nunya ŋu o ye abui nenema. Biblia gblɔe eme kɔ be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Ðe ema teƒe la, ‘nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã’ tso Mawu gbɔ!—Yakobo 1:13, 17.

Nusitae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Li

Ekema afikae vɔ̃ɖinyenye dzɔ tso? Ðo ŋku edzi be futɔwo le Mawu ŋu—wo dometɔ vevitɔe nye “esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Xexe aɖe si me xaxa mele o mee Mawu da mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa ɖo. Gake Satana ble Xawa nu wòxɔe se be eme anyo na yewo wu ne Mawu mele yewo dzi ɖum o. (Mose I, 3:1-5) Nublanuitɔe la, Xawa xɔ Satana ƒe alakpadadaa dzi se hegbe toɖoɖo Mawu. Adam hã wɔ ɖeka kplii le aglãdzedze sia me. Nukae do tso eme? Biblia gblɔ be: “Ku la va to amewo katã dzi yi.”—Romatɔwo 5:12.

Le esi teƒe be Mawu natsrɔ̃ Satana kple eyomedzelawo enumake atsɔ akpɔ aglãdzedze sia gbɔe la, ekpɔe be enyo be yeaɖe mɔ ɣeyiɣi aɖe nava yi. Kple susu ka? Susu ɖekae nye be ana Satana ƒe alakpatɔnyenye nadze! Ana kpeɖodzi geɖe nanɔ anyi si aɖee fia be gbegblẽ koe ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ hena vɛ. Ðe menye nusia tututue le dzɔdzɔm egbea oa? “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Gawu la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Nufiafia siwo tɔtɔa ame koe subɔsubɔha siwo ameƒomea ɖo la fiana. Agbenyuinɔnɔ yi to wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Amegbetɔwo te dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe kpɔ. Wodea asi nubablawo te hewɔa sewo, gake womekpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo kpɔ haɖe o. Aʋawɔwɔ wɔe be nɔnɔmeawo gale sesẽm ɖe edzi.

Eyata eme kɔ be ehiã be Mawu nade nu nyaa me ahaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa! Gake Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo ɖi dzi koe esia adzɔ. Hafi ɣemaɣi naɖo la, enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míade Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi to eƒe se kple gɔmeɖose siwo le Biblia me dzi wɔwɔ me. Ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi la, agbenɔnɔ le xexe si me xaxa aɖeke manɔ o me ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la ate ŋu afa akɔ na mí.

Menye Wò Ðeɖekoe O

Ke hã, ne míele xaxawo me tom la, ɖewohĩ míabia mía ɖokui be, ‘Nukatae dzinyee wòdzɔ ɖo?’ Gake apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be menye míawo ɖeɖekoe le fu kpem o. Paulo gblɔ be ‘nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.’ (Romatɔwo 8:22) Nusia nyanya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le fukpekpe me. Le kpɔɖeŋu me, New York City kple Washington, D.C. si dzi ŋɔdzinuwɔlawo dze le September 11, 2001 dzi la gblẽ nu le Nicole ƒe seselelãme ŋu ale gbegbe. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Dzidzi ƒom eye ŋɔdzi lém ale gbegbe.” Gake esi wòxlẽ nu tso alesi ehati Kristotɔwo wɔ nɔ te ɖe afɔku ma nui ŋu la, eƒe nukpɔsusu trɔ. * “Meva kpɔe be menye nye ɖeɖekoe le nɔnɔme sia me kura o. Ʋɛʋɛʋɛ la, mete gbɔdzɔe kpɔkpɔ tso vevesese kple nuxaxa me.”

Le go aɖewo me la, anyo be nàdi ame aɖe si nàte ŋu aɖo dze kple—dzila, xɔlɔ̃ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, alo Kristotɔ hamemegã aɖe. Wò seselelãmewo gbɔgblɔ na ame aɖe si dzi nèka ɖo ana nàxɔ “xɔlɔ̃nya” si ade dzi ƒo na wò. (Lododowo 12:25) Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si nye Braziltɔ gblɔ be: “Ƒe asieke enye esia esi fofonye ku, eye menyae be Yehowa afɔe ɖe tsitre gbeɖeka. Gake nane si kpe ɖe ŋunyee nye be meŋlɔ nu tso nye seselelãmewo ŋu. Azɔ hã, meƒoa nu tso nye seselelãmewo ŋu na xɔ̃nye Kristotɔwo.” ‘Xɔlɔ̃ vavã’ aɖewo le asiwò siwo dzi nàte ŋu aka ɖoa? (Lododowo 17:17) Ne woli la, ekema na woƒe kpekpeɖeŋu naɖe vi na wò! Fa avi faa eye ɖe wò seselelãmewo gblɔ. Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ kura “fa avi” kpɔ esime exɔlɔ̃ aɖe ku!—Yohanes 11:35.

Biblia ka ɖe edzi na mí be gbeɖeka la, “woaɖe [mí] tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Hafi ɣemaɣi naɖo la, ate ŋu ava eme be ame nyui geɖewo nakpe fu. Nusitae fukpekpe mawo li ɖo nyanya—kple nyanya be womaganɔ anyi eteƒe nadidi o—nefa akɔ na wò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 20 “Dzinɔameƒo le Afɔkudzɔɣi,” ƒe nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le January 8, 2002, ƒe Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Wò nuxaxa ɖeɖefia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò