Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata Míehiã Mɔkpɔkpɔ?

Nukata Míehiã Mɔkpɔkpɔ?

Nukata Míehiã Mɔkpɔkpɔ?

NE ÐE Daniel, ɖevi si nɔ kansa lém si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ ƒe gɔmedzedzea, mebu mɔkpɔkpɔ o la, anye nukae adzɔ? Anye ne ahayaa? Anye ne egale agbe fifia? Mɔkpɔkpɔ taʋlila sesẽtɔwo kekeake kura gɔ̃ hã madi be yewoaɖo eŋu be ẽ alo ao o. Eye esia na míeke ɖe nya vevi aɖe ŋu. Mele be míaka ɖe mɔkpɔkpɔ dzi kakaka o. Menye atike si daa dɔ sia dɔ, nusi kpɔa nya sia nya gbɔ, ye wònye o.

Le CBS Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe ƒe gbebiabia Ðk. Nathan Cherney me la, ɖɔkta la xlɔ̃ nu be mele be kakaɖedzi nanɔ mía si akpa le amesiwo ŋu dɔ te gome o. Egblɔ be: “Edzɔna míekpɔna be ŋutsuwo nɔa nyanyram ɖe wo srɔ̃wo be woawoe mele ŋugble dem yi ŋgɔe o, be woawoe nɔa dziɖeleameƒonuwo ŋu bum.” Ðk. Cherney gblɔ kpee be: “Nuwo ŋu bubu alea wɔnɛ be wowɔa vodada bunɛ be ame ŋutɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe kansaléle dzi, eye ne mele kakam ɖe eme na amewo o la, ekema wòawɔ abe ke ameawo ŋutɔe mele agbagba dzem le woƒe kansa la ŋu o ene, eye menyo nenema o.”

Le nyateƒe me, avu bliboe wònye amesiwo dzi dɔlémafɔewo dzena la wɔna kple woƒe dɔlélea. Nusi manyo be woƒe amewo nawɔ gbeɖe o ye nye be woadzi nuxaxa ɖe nuxaxa dzi na wo. Ekema ɖe wòle be míatsɔe be viɖe aɖeke mele mɔkpɔkpɔ ƒe amesinɔnɔ ŋu oa?

Ao, menye nenemae o. Le kpɔɖeŋu me, ɖɔkta ma ke bi ɖe avulétikewɔwɔ me—si fia be ewɔa atike siwo wɔnɛ be agbenɔnɔ ka bɔbɔna na dɔnɔwo ɣeyiɣi didi si dɔa le wo ŋu, gake womenye atike siwo daa dɔ si dze wo dzi tẽ o alo be atikeawo nagadidi woƒe agbenɔƒewo ɖe edzi o. Ðɔkta siawo ka ɖe edzi vevie be viɖe le atike siwo ana anyi nanya nɔ na ame wu la ŋu, le amesiwo dɔ sẽ na ŋutɔ gɔ̃ hã gome. Ðaseɖiɖi gbogbo aɖe li be mɔkpɔkpɔ ate ŋu awɔ nusiawo—kple bubu geɖe na ame.

Mɔkpɔkpɔ ƒe Vevienyenye

Atikewɔwɔ ŋuti nyadzɔdzɔŋlɔla Ðk. W. Gifford-Jones gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Dɔdatike sesẽ aɖee mɔkpɔkpɔ nye.” Eto numekuku geɖe siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ viɖe si anɔ ŋusẽdodo amesiwo le dɔlémafɔewo lém ƒe seselelãmee me la me. Wobui be kpekpeɖeŋu sia tɔgbe kpena ɖe amewo ŋu be mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi geɖe wu nanɔ wo si. Wokpɔ le numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1989 me be amesiwo ŋu wokpe ɖo nenema la nɔ agbe wòdidi wu, gake medze kɔte nenema le numekuku siwo wova wɔ yeyee ya me o. Ke hã numekukuwo ɖo kpe edzi be dɔnɔ siwo ŋu wokpe ɖo le woƒe seselelãme gome alea la meléa blanui dea amesiwo ŋu womekpe ɖo o la nu o eye nenema ke woƒe vevesese hã nu mesẽna nenema o.

Gabu numekuku bubu si wowɔ le akpa si kakaɖedzinɔamesi alo eƒe amesimanɔmanɔ wɔna le ame ƒe dzi ƒe ʋukamexexedɔ me ŋu kpɔ. Wolé ŋku ɖe amesiwo wu 1,300 ŋu tsitotsito kpɔ be wotsɔa kakaɖedzinɔamesi bua nuwo ŋui loo alo wometsɔnɛ bunɛ o hã. Wogawɔ numekuku le amesiawo ke ŋu le ƒe ewo megbe eye wokpɔ be dzi ƒe ʋukamexexedɔ ƒomevi aɖe ɖe fu na amesiwo wu 12 le alafa me le amesiawo dome. Xexlẽme sia ƒe teƒe eve kloe nye amesiwo metsɔa kakaɖedzinɔamesi bua nu ŋui o. Laura Kubzansky, si nye lãmesẽ kple hadomegbenɔnɔ fiala ƒe kpeɖeŋutɔ le Harvard Dumeviwo ƒe Lãmesẽ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be: “Nyasegblɔwo koe ɖaseɖiɖi siwo fia be ‘nu nyuiwo ŋu bubu’ dea ame ƒe lãmesẽ dzi la ƒe akpa gãtɔ nye—numekuku sia mee atikewɔwɔ me ɖaseɖiɖi siwo ku ɖe nya sia ŋu la dometɔ gbãtɔ aɖewo dze le le dzidɔ gome.”

Wokpɔ le numekuku aɖewo me be amesiwo bunɛ be nu gblẽ le yewoƒe lãmesẽ ŋu mete ŋu hayana kaba le dɔwɔwɔ na wo vɔ megbe dea amesiwo bunɛ be yewole lãmesẽ me nu o. Wokpɔe be ƒomedodo le agbedidinɔnɔ kple kakaɖedzinɔamesi gɔ̃ hã dome. Wolé ŋku ɖe alesi dzinɔameƒo kple dziɖeleameƒo tsɔtsɔ bu tsitsi ŋui kpɔa ŋusẽ ɖe ame tsitsiwo dzii ŋu le numekuku aɖe me. Esi wona ame tsitsiawo kpɔ nya siwo ƒu du va yi le kɔmpiuta dzi fefewo me si fia be nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le ame tsitsiwo si la, wokpɔ be wotsɔ ŋusẽ kple lãmekɔkɔ zɔ azɔlii. Le nyateƒe me, ŋusẽ si ɖo wo ŋu la sɔ kple ŋusẽ si woakpɔ le kwasiɖa 12 ƒe kamedede me!

Nukata wòdze be mɔkpɔkpɔ, kakaɖedzinɔamesi, kple susu nyui tsɔtsɔ bu nuwo ŋui dea ame ƒe lãmesẽ dzi? Ðewohĩ dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ɖɔktawo mese nuwo gɔme le ame ƒe susu kple ŋutilã ŋu nyuie vɔ be woaɖo eŋu tẽ o. Togbɔ be ele alea hã la, numekula bibiwo ate ŋu asusu nanewo agblɔ le nya sia ŋu wòasɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ahɔhɔ̃ kple lãmekawo ŋutinunyafiala aɖe gblɔ be: “Edoa dzidzɔ be dzi nadzɔ ame eye mɔkpɔkpɔ nanɔ ame si. Enyea nɔnɔme si me vivisese le si me nuteɖeamedzi mesɔa gbɔ ɖo o eye nɔnɔme siawo dea ame ƒe ŋutilã dzi. Esia nye nu bubu si hã amewo ate ŋu awɔ na wo ɖokui be woanɔ lãmesẽ me.”

Nya sia adze nya yeyee na ɖɔkta, susuŋutinunyala, kple dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo ya, gake menye nu yeye kura na Biblia nusrɔ̃viwo o. Ƒe 3,000 kloe enye sia la, gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wòŋlɔ nya sia ɖi, be: “Dzi kpɔdzidzɔ [“kpena ɖe ame ŋu le hayahaya me,” (NW)] ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.” (Lododowo 17:22) De dzesi alesi wogblɔ nyawoe wòda sɔ le afisia. Kpukpui sia mele gbɔgblɔm be dzi kpɔdzidzɔ ada dɔ sia dɔ o, ɖeko wògblɔ be ‘ekpena ɖe ame ŋu le hayahaya me.’

Le nyateƒe me, susu anɔ eme be míabia be, Ne atikee mɔkpɔkpɔ nye la, ɖɔkta kae agbe eŋɔŋlɔ na dɔnɔwo? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menye lãmesẽnyawo me koe mɔkpɔkpɔ ɖea vi na ame le o.

Alesi Kakaɖedzinɔamesi alo Eƒe Amesimanɔmanɔ Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzii

Numekulawo kpɔ be kakaɖedzinɔamesi ɖea vi na amesiwo si wòle le mɔ geɖe nu. Wote ŋu wɔa dɔ nyuie le suku, dɔ me, kple kamedefefewo gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, woku nu me le nyɔnuwo ƒe kamedeha aɖe ŋu. Woƒe hehenalawo ƒo nu tso nyɔnuawo ƒe kamedefefewɔwɔ ƒe dzɔdzɔme ŋutete si le wo si ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woku nu me le nyɔnuawo ŋutɔ ŋu eye wolé ŋku ɖe woƒe mɔkpɔkpɔnɔamesi ŋu tsitotsito. Numekukuawo fia be alesi nyɔnuawo ƒe mɔkpɔkpɔ le nye nusi dzi woate ŋu anɔ te ɖo kakaɖedzitɔe agblɔ nusi woate ŋu awɔ wu woƒe dzɔdzɔme ŋutete siwo ŋu woƒe hehenalawo ƒo nu le. Nukae na mɔkpɔkpɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie nenema?

Woke ɖe nu geɖe ŋu esi wosrɔ̃ nu le nusi kakaɖedzimanɔamesi wɔa ame ŋu. Le ƒe 1960-awo me la, woke ɖe nane siwo womenɔ mɔ kpɔm na o ŋu le dodokpɔ siwo wowɔ le lãwo ƒe agbenɔnɔ ŋu me. Nusia na woto nyagbɔgblɔ si nye “ŋutete manɔameŋu si wosrɔ̃ to mamla me” vɛ. Wokpɔ be dɔléle siawo tɔgbe ke ate ŋu aɖe fu na amegbetɔwo hã. Le kpɔɖeŋu me, wona amesiwo ŋu wowɔ numekukua le nɔ teƒe siwo ɣli nɔ ɖiɖim le sesĩe eye wogblɔ na wo be ne wote asi ɖe dzosinu aɖewo dzi la, ke awɔe be womagase ɣlia o. Nyateƒe esi wowɔe la, womegasee o.

Wogblɔ nya ma ke na ƒuƒoƒo bubu—gake asitete ɖe dzosinuawo dzi mewɔ naneke na woawo ya o. Abe alesi nàte ŋu akpɔe le susu me ene la, sese le ame ɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o va tsi ƒuƒoƒo evelia me tɔ geɖewo si. Le dodokpɔ bubu siwo wova wɔ emegbe me la, amesiawo medi be yewoawɔ naneke kura o. Woxɔ edzi se be nuka kee yewowɔ o, naneke madzɔ o. Ke hã le ƒuƒoƒo evelia ma me gɔ̃ hã la, kakaɖedzinɔamesitɔwo gbe tanana.

Nusia wɔ dɔ ɖe Ðk. Martin Seligman, amesi hã nɔ eme wowɔ ɖoɖo ɖe dodokpɔ gbãtɔ mawo ŋu, dzi be wòtsɔ nusɔsrɔ̃ le kakaɖedzinɔamesi tsɔtsɔ bu nuwo ŋui kple eƒe amesimanɔmanɔ ŋu wɔ eƒe agbemedɔe. Eku nu me tsitotsito le alesi amesiwo bua wo ɖokui be wɔna aɖeke mele yewo ŋu o la bua tamee ŋu. Eƒo nya ta be kakaɖedzimanɔamesi sia hea ame ɖe megbe le agbemedɔ geɖe me; ete ŋu faa lãme na ame wodzudzɔna dɔ ɖɔʋuwo wɔwɔ kura hã. Seligman gblɔ le kakaɖedzimanɔamesi kple nusi wògblẽna le ame ŋu la ŋu kpuie be: “Ƒe 25 siwo metsɔ ku nu mee na meka ɖe edzi be ne ezu numame na mí be míexɔnɛ sena abe kakaɖedzimanɔamesitɔwo ene be mía ŋutɔ mía gbɔe dzɔgbevɔ̃e tso eye be nenema koe wòdzɔna ɖe mía dzii ɖaa eye wòagblẽ nu le nusianu si míewɔna ŋu la, dzɔgbevɔ̃e geɖe adzɔ ɖe mía dzi wu esi míaxɔe ase nenema o.”

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, nyataƒoƒo mawo adze nu yeyee na ame aɖewo, gake eɖi nya aɖe na Biblia nusrɔ̃viwo ya. Se lododo sia ɖa: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Vavãe, Biblia gblɔe kɔte be dziɖeleameƒo, kple alesi wòfaa lãme na amee, xɔa ŋusẽ le ame si. Ne nenemae la, ke nukae nàwɔ kakaɖedzimanɔamesi maɖu dziwò o ale be kakaɖedzinɔamesi kple mɔkpɔkpɔ boŋ naxɔ aƒe ɖe wò agbenɔnɔ me?

[Nɔnɔmetata si le axa 12, 13]

Mɔkpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi geɖe