Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kakaɖedzimanɔamesi Àte Ŋu Aɖu Edzi

Kakaɖedzimanɔamesi Àte Ŋu Aɖu Edzi

Kakaɖedzimanɔamesi Àte Ŋu Aɖu Edzi

ALEKE nèbua numadzedziname siwo nèdoa goe? Fifia eŋuti numekula deŋgɔ geɖewo xɔe se be alesi nàɖo nya ma ŋui afia nu geɖe le ne ènye amesi tsɔa kakaɖedzinɔamesi bua nuwo ŋui loo alo mènye amesi tsɔnɛ bunɛ o ŋu. Mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽ vovovowo le agbe me, eye mía dometɔ aɖewo tɔ sẽna wu ame bubuwo tɔ. Gake nukatae wòdzena abe ɖe ame aɖewo te ŋu kpɔa nuwo gbɔ eye wodina be yewoagatee akpɔ ene evɔ wòwɔna abe ɖe ame aɖewo ya naa ta le nya suetɔwo kekeake gɔ̃ hã me ene?

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be yele dɔ dim. Woyɔ wò va bia gbe wò gake womexɔ wò o. Aleke nàbu nusi dzɔ la ŋui emegbe? Ate ŋu adzɔ be nàtsɔe be esi wònye be womelɔ̃ yeƒe nya o tae womexɔ ye o ɖo eye nàtsɔe abe kuxi si le ŋuwò ɣesiaɣi ene. Ana nànɔ gbɔgblɔm le ɖokuiwò me be, ‘Ame aɖeke madi be yeaxɔm ɖe dɔ me o. Womaxɔm akpɔ o.’ Alo vɔ̃ɖitɔe la, àna numadzedziname ɖeka pɛ sia nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi nèbua nusianu ŋu dzi le wò agbenɔnɔ me, anɔ bubum be, ‘Nye ya naneke medzea edzi nam o. Nye nuwɔna madze ame aɖeke ŋu o.’ Tamebubu siawo kple evea siaa nye kakaɖedzimanɔamesi ƒe nɔnɔme.

Kakaɖedzimanɔamesi Dzi Ðuɖu

Aleke nàwɔ aɖu kakaɖedzimanɔamesi dzi? Agbagbadzedze be nànya dziɖeleameƒonuawo nye eƒe afɔɖeɖe vevi gbãtɔ. Esi gakplɔe ɖoe nye be nàkpe akɔ kple wo. Dze agbagba nàkpɔ susu vovovo siwo ta wòate ŋu anye be woawo tae womexɔ wò o ɖo. Le kpɔɖeŋu me, nyateƒe ŋutɔŋutɔe wònye be esi ame aɖeke medi be yeaxɔ wò o tae womexɔ wò o ɖoa? Alo ɖe wòanye be esi dɔtɔa nɔ ame aɖe si si dzedze bubuwo le dim taea?

Ne èbu nyateƒenya siwo koŋ tae wòadzɔ nenema ŋu la, ana nàkpɔe be kakaɖedzimanɔamesi susu mawo gbɔ eme. Ne nu medze edzi na wò zi ɖeka o la, ɖe wòfia be nu madze edzi na wò gbeɖegbeɖe oa, alo ɖe nàte ŋu abu nu bubu siwo me nu dze edzi na wò le yi ŋgɔe—abe le mawusubɔsubɔdɔwo me, mia kple wò ƒometɔwo ƒe anyinɔnɔ me, alo mía kple xɔ̃wòwo dome ƒomedodo me ene—ŋua? Srɔ̃ alesi nàɖe wò etsɔme ŋu bubu tsodzikaƒonamewo le susu me eye nàkpɔe adze sii be “vɔvɔ̃dodo na ame ɖokui ko” wonye. Le nyateƒe me la, ɖe nàte ŋu anya tututu be yemakpɔ dɔ gbeɖegbeɖe oa? Nu bubuwo hã li siwo nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe dziɖeleameƒonuwo ŋu bubu le susu me.

Dzideƒonuwo Ŋu Bubu si Ŋu Taɖodzinu Kpe Ðo

Le ƒe siawo me la, numekulawo gbugbɔ gblɔ nusi mɔkpɔkpɔ nye le mɔ dodzidzɔname aɖe nu, togbɔ be woƒe gɔmeɖeɖea mede keŋkeŋ o hã. Wogblɔ be mɔkpɔkpɔ fia hã be èxɔ edzi se be yeate ŋu aɖo yeƒe taɖodzinuwo gbɔ. Abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, le nyateƒe me mɔkpɔkpɔ fia nu geɖe wu ema, gake edze abe viɖe le gɔmeɖeɖe sia ŋu le mɔ vovovo nu ene. Ne míaƒe susu le alesi mɔkpɔkpɔ ƒe gɔmeɖeɖe sia ku ɖe mía ŋutɔ ŋui ŋuti la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ nuwo ŋu bubu dzideƒotɔe si ŋu taɖodzinu akpe ɖo.

Bene míaxɔ edzi ase be míate ŋu aɖo taɖodzinu siwo míaɖo le etsɔme gbɔ la, ehiã be míasrɔ̃ alesi woɖoa taɖodzinu te ŋu ɖoa egbɔe wòatsi mía si. Ne èkpɔ be yemete ŋu ɖoa taɖodzinu hedzea agbagba ɖoa egbɔ o la, ade dziwò be nàbu taɖodzinu siwo nèɖona na ɖokuiwò ŋu moveviɖoɖotɔe. Gbã la, èɖo taɖodzinu aɖewo na ɖokuiwòa? Ele bɔbɔe be gbesiagbedɔwo kple hloloetsotsowo naxɔ míaƒe ɣeyiɣiwo katã ale gbegbe be míagate ŋu atɔ sẽ abu nusi tututu míedi be míawɔ le agbe me, si nye nusiwo nye nu vevitɔwo na mí ŋu o. Le gɔmeɖose vevi sia si nye nusiwo nye nu vevitɔwo na mí ɖoɖo koŋ gome la, míegakpɔe ake be tso blema kee Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be ‘míaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi.’—Filipitɔwo 1:10.

Ne míenya ɖo nusiwo nye nu vevitɔwo na mía ɖokui ko la, enɔa bɔbɔe wu be míatia taɖodzinu vevi aɖewo le agbenɔnɔ ƒe akpa vovovoawo, abe le míaƒe mawusubɔsubɔgbenɔnɔ, míaƒe ƒomegbenɔnɔ, kple míaƒe dɔwɔnyawo me ene. Gake ele vevie be gbã la, míagaɖo taɖodzinuwo fũ o eye be míatia taɖodzinu siwo míekpɔ be wo gbɔ anya ɖo na mí. Ne taɖodzinu aɖe gbɔ ɖoɖo sesẽ akpa la, atso dzika ƒo na mí eye míate ŋu ana ta. Eyata zi geɖe la, edea ame dzi be woagbugbɔ taɖodzinu gã siwo axɔ ɣeyiɣi didi me ama klukluklui ɖe taɖodzinu suesue siwo axɔ ɣeyiɣi kpuiwo ko me.

Wodoa lo be, “Nu vevi vevize mee woɖanɛ le.” Nyateƒe aɖe dze le lododo sia me. Ne míenya ɖo taɖodzinu veviwo, nusiwo dim míele ko la, ele be míalɔ̃ faa—míana wòanye míaƒe didi vevie, míaƒe tameɖoɖo kplikpa—be míadze agbagba aɖo wo gbɔ. Míate ŋu ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa to vevienyenye si le míaƒe taɖodzinuawo ŋu kple viɖe siwo wòanye na mí ne míeɖo wo gbɔ ŋu bubu me. Míado go mɔxenuwo ya gake ele be míabu wo be wonye nu dodzidzɔname siwo gbɔ wòle be míakpɔ ke menye abe nusiwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ene o.

Ke hã ele be míabu mɔ siwo dzi míato aɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ wòanya wɔ hã ŋu. Agbalẽŋlɔla C. R. Snyder, amesi wɔ numekuku deto le mɔkpɔkpɔnɔamesi ƒe nu vevi nyenye ŋu la do susu ɖa be míabu mɔnu vovovo siwo dzi míato le taɖodzinu si míeɖo gbɔ ɖoɖo me ŋu. Ke ne mɔnu aɖe medze edzi o la, míate ŋu atrɔ ɖe evelia alo etɔ̃lia ŋu.

Snyder gakafui be anyo be míanya ɣeyiɣi si me míatsɔ taɖodzinu aɖe aɖɔ li bubui. Ne le nyateƒe me nane xe mɔ na mí le míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ ɖoɖo me la, dzi koe dzitsitsi ɖe eŋu aɖe le mía ƒo. Gake ne míetsɔ taɖodzinu bubu si gbɔ anya ɖo wu ɖo eteƒe la, anye nane si ana mɔkpɔkpɔ mí.

Kpɔɖeŋu aɖe si na be nya sia me kɔ kɔte la dze le Biblia me na mí. Edzro Fia Dawid vevie be yeatu gbedoxɔ na yeƒe Mawu, Yehowa. Gake Mawu gblɔ na Dawid be via Salomo boŋ sie mɔnukpɔkpɔ ma asu. Le esi Dawid nayrɔ sũ alo wòaɖoe be eya koe yeawɔ godoo togbɔ be mɔxeɖenu le eŋu hã la, etrɔ eƒe taɖodzinuawo boŋ. Ezã eƒe ŋutetewo katã tsɔ ƒo ga kple xɔtunu siwo via ava ahiã be wòatsɔ awu xɔtudɔa nui la nu ƒu.—Fiawo I, 8:17-19; Kronika I, 29:3-7.

Ne edze edzi na mí be míetu mɔkpɔkpɔnɔamesi ɖo to alesi míeɖu kakaɖedzimanɔamesi dzi eye míena nuwo ŋu bubu kakaɖedzitɔe si ŋu tameɖoɖo kpe ɖo va le mía si hã la, míagahiã na nu vevi aɖe kokoko le mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe nya la me. Nukatae? Eyae nye be nusiwo naa mɔkpɔkpɔ buna ɖe mí le xexe sia me la ƒe akpa gãtɔ nyea nusiwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o. Ne míebu kuxi sesẽ siwo ɖe kpe na ameƒomea—ahedada, aʋawɔwɔwo, madzɔmadzɔnyenyewo, dɔléle kple ku siwo nye nusiwo nu ame aɖeke mate ŋu asi le o—ŋu la, aleke míawɔ atsɔ dzideƒo anɔ nuwo ŋu bumee ɣesiaɣi?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ne womexɔ wò na dɔ si nèdi be yeawɔ wɔwɔ o la, ɖe nètsɔnɛ be efia be yemakpɔ dɔ awɔ gbeɖegbeɖe oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Fia Dawid lɔ̃ faa be yeatrɔ asi le yeƒe taɖodzinu ŋu wòasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu