Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Mɔkpɔkpɔ Ŋutɔŋutɔ Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Mɔkpɔkpɔ Ŋutɔŋutɔ Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Mɔkpɔkpɔ Ŋutɔŋutɔ Le?

WÒ GAƑOÐOKUI tɔ eye ewɔ abe ɖe wògblẽ ene. Esi nèdi be yeadzrae ɖo la, èkpɔ be tiatia gbogbo aɖe dze ŋgɔ ye. Edzraɖolawo ƒe boblododowo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, wo katã wonɔ kakam ɖe wo ɖokui dzi, evɔ boblododoawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Gake ne èva se be wò ame nyanyɛ aɖaŋudɔwɔla aɖee wɔ gaƒoɖokui ma ƒe aɖewoe nye ma ɖe? Gawu la, èva kpɔe be elɔ̃ faa be yeakpe ɖe ŋuwò naneke maxɔmaxɔe. Ðe mànya amesi nàtsɔe ayi na azɔ oa?

Fifia, tsɔ gaƒoɖokui ma ƒe nya sɔ kple wò ŋutɔ wò mɔkpɔkpɔ ƒe ŋutete si le asiwò kpɔ. Ne èkpɔ be yele mɔkpɔkpɔ bum—abe alesi ame geɖe le ebumee le xaxa ɣeyiɣi siawo me ene—la, ameka gbɔe nàyi? Ame gbogbo aɖewo gblɔna be yewoate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ, gake aɖaŋu vovovo siwo woɖona ate ŋu atɔtɔ wò eye ɖewo atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu gɔ̃ hã. Ke ne ele nenema la, nukata màyi ɖe Amesi wɔ ameƒomea eye wòde mɔkpɔkpɔ ŋutete eme boŋ gbɔ o? Biblia gblɔ be “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o” eye enye eƒe didi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:27; Petro I, 5:7.

Nusi Mɔkpɔkpɔ Nye la Me Ðeɖe si De To Wu

Nusi Biblia fia be mɔkpɔkpɔ nye la keke ta eye wòde to wu nukpɔsusu ɖeka si ɖɔktawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, kple susuŋutinunyalawo lɔ̃a ezazã na egbea. Nya siwo wozã le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me siwo gɔme woɖe be “mɔkpɔkpɔ” la fia be woatsɔ didi vevie anɔ nane lalamee eye be woanɔ mɔ kpɔm na nu nyui aɖe. Nu vevi eve koŋ ƒe ƒuƒoƒoe mɔkpɔkpɔ nye. Woawoe nye nu nyui aɖe didi kple nusita woaxɔ edzi ase be nu nyui ma ava. Menye nudzroame koe mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe nye o. Enye nyateƒenya eye kakaɖedzi le eŋu.

Le esia me la, mɔkpɔkpɔ sɔ kple xɔse si wòle be woatu ɖe kpeɖodzi dzi—menye nusianu ko dzixɔxɔse le mawusubɔsubɔnyawo me o. (Hebritɔwo 11:1) Gake Biblia gade vovototo xɔse kple mɔkpɔkpɔ dome.—Korintotɔwo I, 13:13.

Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye si: Ne èbia tso xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo ale gbegbe si be wòawɔ nane na ye la, àte ŋu akpɔ mɔ be akpe ɖe ye ŋu. Gɔmeɖoanyi sesẽ li na wò mɔkpɔkpɔa elabena èxɔ xɔ̃wòa dzi se—ènyae nyuie eye èkpɔ eƒe amewɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ teƒe kpɔ. Kadodo kplikplikpli le wò xɔse kple mɔkpɔkpɔ dome, kura gɔ̃ hã wode nu wo nɔewo me, gake wohenye nu vovovo eve kokoko. Aleke nàwɔ mɔkpɔkpɔ ma tɔgbe nanɔ asiwò na Mawu?

Mɔkpɔkpɔ ƒe Gɔmeɖoanyi

Mawue nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ƒe gɔmeɖoanyi. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me la, woyɔ Yehowa be “Israel ƒe mɔkpɔkpɔ.” (Yeremya 14:8) Egbɔe eƒe amewo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si ŋu kakaɖedzi le tso; eyata eyae nye woƒe mɔkpɔkpɔ. Menye nudzroame ɖeɖeko dzie mɔkpɔkpɔ ma se ɖo o. Mawu na gɔmeɖoanyi sẽŋu si dzi woatu mɔkpɔkpɔ ɖo la wo. Eɖee fia be yenye amesi doa ŋugbe hewɔna ɖe edzi esime wòzɔ kple wo le ƒe alafawo me. Israel-viwo kplɔla Yosua gblɔ na dukɔ ma be: “Mienyae . . . bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o.”—Yosua 23:14.

Nuŋlɔɖi ma be enye amesi wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi gakpɔtɔ nye nyateƒe le ƒe akpewo megbe. Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo kple alesi wova eme pɛpɛpɛ le ŋutinya mee ƒe nuŋlɔɖiwo le Biblia me fũ. Kakaɖedzi le eƒe nyagblɔɖi me ŋugbedodowo ŋu ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi woŋlɔa wo abe ɖe wodzɔ va yi ene, abe ɖe wova eme xoxo le ɣeyiɣi si me wonɔ wo ŋlɔm ene.

Eyatae míate ŋu ayɔ Biblia be mɔkpɔkpɔgbalẽ ɖo. Ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso alesi Mawu zɔ kple amewoe va yi ŋuti nuŋlɔɖia ŋu la, nusiwo ta nàda wò mɔkpɔkpɔ ɖe eyama dzi la nu ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.”—Romatɔwo 15:4.

Mɔkpɔkpɔ Kae Mawu Na Mí?

Ɣekaɣie míesenɛ le mía ɖokui me be míehiã mɔkpɔkpɔ wu? Menye le kunya mee oa? Gake le ame geɖe gome la, ɣemaɣi tututu—le kpɔɖeŋu me, ne woƒe ame vevi aɖe ku—ye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo wu. Le nyateƒe me, nukae agate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe ame wu ku? Eɖe mí katã ɖe nu madzudzɔmadzudzɔe. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe míate ŋu asi le enu ase ɖo, eye ŋusẽ mele mía si be míatrɔ nusi wògblẽ la o. Eyata esɔ be Biblia yɔ ku be “futɔ mamlɛtɔ.”—Korintotɔwo I, 15:26.

Ke aleke míawɔ mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si le kunya gome? Biblia ƒe kpukpui si yɔ ku be futɔ mamlɛtɔ la gblɔ yi edzi be ‘woaɖe futɔ sia ɖa.’ Yehowa Mawu sẽ wu ku. Eɖo kpe nya sia dzi zi gbɔ zi geɖe. Le mɔ ka nu? To ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre me. Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ asieke siwo me Mawu zã eƒe ŋusẽ tsɔ fɔ amesiwo ku la va agbe mee ŋu.

Le nudzɔdzɔ siawo dometɔ vevi aɖe me la, Yehowa na ŋusẽ Via Yesu wòfɔ exɔlɔ̃ vevi si ku ŋkeke ene si ŋkɔe nye Lazaro ɖe tsitre. Menye ɣaɣlaƒee Yesu wɔ nusia le o; gaglãgbee wòfɔe le eteƒekpɔla siwo nye amehawo ŋkume ɖe tsitre le.—Yohanes 11:38-48, 53; 12:9, 10.

Ðewohĩ àbia be, ‘Nukatae wofɔ amewo ɖe tsitre? Menye ɖeko wova zu ame tsitsi gaku ake oa?’ Ẽ. Gake le tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖi siawo siwo ŋu kakaɖedzi le, abe esia ene, ta la, menye didi, alo nudzroame, koe ame kukuwo ƒe tsitretsitsi agava nɔ agbe ake la nye na mí o; kpeɖodzi si tae míaxɔ edzi ase hã le mía si. Ne míagblɔe bubui la, mɔkpɔkpɔ vavã le mía si.

Yesu gblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 11:25) Eyae nye Amesi Yehowa ana ŋusẽe be wòafɔ ame kukuwo le xexeame godoo. Yesu gblɔ be, ‘Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase Kristo ƒe gbe eye woado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Nyateƒee, mɔkpɔkpɔ le amesiwo katã le alɔ̃ dɔm le yɔdo me si be woafɔ ava nɔ agbe le paradisonyigba dzi.

Nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe si nàte ŋu akpɔ le susu me nu be: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe [eƒe ame kukuwo] ana,” alo agadzi wo.—Yesaya 26:19.

Ðe mefa akɔ ŋutɔ oa? Ame kukuwo le nɔnɔme si le dedie si ate ŋu ava susu me na ame la me, abe alesi vidzĩ si le dadaa ƒe dɔme nɔa dedie ene. Vavãe, wodzra amesiwo le gbɔgbɔm ɖe eme ɖo le yɔdo me wole dedie le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe susu si te ŋu léa nusianu ɖi la me. (Luka 20:37, 38) Eye madidi o woafɔ wo va agbe mee, woava nɔ xexe si me woaxɔ wo le atuu abe alesi ƒome si nɔa mɔ kpɔm na vidzĩ la xɔnɛ atuu ene! Eyata mɔkpɔkpɔ li le ku me hã.

Nusi Mɔkpɔkpɔ Ate Ŋu Awɔ na Wò

Paulo fia nu geɖe mí le mɔkpɔkpɔ ƒe nu vevi nyenye ŋu. Eyɔ mɔkpɔkpɔ be enye míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnu ƒe akpa vevi aɖe—eyae nye gakuku. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Nukae eƒe nya siawo fia? Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, asrafowo ɖɔa gakuku tsɔ yia aʋae. Wolɔ̃a eɖɔɖɔ ɖe kuku si wotsɔ avɔ wɔe alo ɖe lãgbalẽkuku dzi. Le gakukua ɖɔɖɔ ta la, aŋutrɔ siwo wodana asrafowo ƒe ta ɖiɖina le kukua ŋu dzea anyi eye womewua asrafoawo o. Nufiamenya ka gblɔm Paulo le? Abe alesi gakuku kpɔa ame ƒe ta tae ene la, nenema ke mɔkpɔkpɔ kpɔa ame ƒe tamesusu, alo tamebubu ŋutete, tae. Ne mɔkpɔkpɔ sẽŋu si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖowo le asiwò la, vɔvɔ̃ alo mɔkpɔkpɔ manɔamesi magblẽ wò dziɖeɖi me ne xaxawo tu wò o. Mía dometɔ kae mehiã gakuku sia o?

Paulo gazã kpɔɖeŋu wɔdɔɖesusudzi bubu na mɔkpɔkpɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eŋlɔe be: “Mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, . . . eye wòsesẽ la ene.” (Hebritɔwo 6:19) Esi Paulo tsi agbe le tɔdziʋu ƒe gbagbã geɖewo me ta la, enya alesi seke nye nu vevii. Ne ahom tu kpe tɔdziʋukulawo la, wodaa seke na ʋua. Ne sekea ku ƒua gɔme goŋgoŋ la, ahomua magblẽ nu boo aɖeke le ʋua ŋu o. Maƒoe ayi ɖe gota wòadze go ɖe kpe dzi agbã o.

Nenema ke ne Mawu ƒe ŋugbedodowo nye mɔkpɔkpɔ si “li dedie, eye wòsesẽ” na mí la, mɔkpɔkpɔ ma ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míato tɔtɔɣeyiɣi si me míele la me dedie. Yehowa do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna kpuie si me aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, konyifafa, alo ku gɔ̃ hã magaɖe fu na ameƒomea o. (Kpɔ aɖaka si le axa 10.) Kuku ɖe mɔkpɔkpɔ ma ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na afɔku eye wòanye ŋusẽdodo si míehiã be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu, ke menye be míana ta anɔ agbe si me tɔtɔ le alo agbe gbegblẽ, siwo nye nusiwo bɔ fũ ɖe egbe xexeame o.

Mɔkpɔkpɔ si Yehowa nana la ka wò ŋutɔ. Edi be nànɔ agbe abe alesi yeɖoe be woanɔe ene. Eƒe didie nye be ‘woaxɔ ame ƒomeviwo katã ɖe agbe.’ Le mɔ ka nu? Gbã la, ele be ‘nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ’ nasu mía dometɔ ɖesiaɖe si. (Timoteo I, 2:4) Magazine sia talawo le dzi dem ƒo na wò be nàna Mawu ƒe Nya la me nyateƒe la ƒe sidzedze ma si naa agbe ame la nasu asiwò. Mɔkpɔkpɔ si Mawu ana wò ne sidzedze ma su asiwò la de ŋgɔ sasasã wu mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si nàte ŋu akpɔ le xexe sia me.

Ne mɔkpɔkpɔ sia le asiwò la, mele be dzi naɖe le ƒowò gbeɖe o, elabena Mawu ate ŋu ana ŋusẽdodo si hiã la wò be nàɖo taɖodzinu ɖesiaɖe si nàɖo si wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la gbɔ. (Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13) Ðe menye mɔkpɔkpɔ ma tɔgbee dim nèle oa? Eyata ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò, ne èle edim la, ke lé dzi ɖe ƒo. Mɔkpɔkpɔ li. Àte ŋu ake ɖe eŋu!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nusiwo Ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Asiwò

Ŋɔŋlɔawo me nya siawo ate ŋu ado ŋusẽ wò mɔkpɔkpɔ:

Mawu do etsɔme si me dzidzɔ le ƒe ŋugbe.

Eƒe Nya la gblɔ be anyigba la katã azu paradiso si me amegbetɔƒome kpɔdzidzɔ si wɔ ɖeka anɔ.—Psalmo 37:11, 29; Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Mawu mate ŋu aka aʋatso o.

Elé fu aʋatsokaka ƒomevi ɖesiaɖe. Yehowa le kɔkɔe alo dzadzɛ le go sia go me, eyata mate ŋu aka aʋatso o.—Lododowo 6:16-19; Yesaya 6:2, 3; Tito 1:2; Hebritɔwo 6:18.

Seɖoƒe meli na Mawu ƒe ŋusẽ o.

Yehowa koe nye ŋusẽkatãtɔ. Le xexeame godoo la, naneke meli si axe mɔ nɛ be mana eƒe ŋugbedodowo nava eme o.—Mose II, 15:11; Yesaya 40:25, 26.

Mawu di be nànɔ agbe tegbee.

​—Yohanes 3:16; Timoteo I, 2:3, 4.

Mɔkpɔkpɔ le Mawu si ɖe mía ŋu.

Eɖoe be yealé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple míaƒe agbagbadzedzewo ŋu, menye míaƒe vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. (Psalmo 103:12-14; 130:3; Hebritɔwo 6:10) Ekpɔa mɔ be míawɔ nu nyui eye edzɔa dzi nɛ ne míewɔe.—Lododowo 27:11.

Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu siwo wɔ ɖeka kple yeƒe tameɖoɖo gbɔ.

Mehiã be esubɔlawo nase le wo ɖokui me gbeɖe be kpeɖeŋutɔ mele yewo si o. Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye ŋusẽ triakɔtɔ kekeake si li, le agbɔsɔsɔ me bene yeatsɔ akpe ɖe mía ŋui.—Filipitɔwo 4:13.

Ŋu mekpea amesiwo kpɔa mɔ na Mawu ɣeaɖekeɣi o.

Esi wònye amesi dzi míate ŋu aka ɖo kple amesi ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo bliboe ta la, matrɔ wò to me gbeɖe o.​—Psalmo 25:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Abe alesi gakuku nye takpɔnu na ame ƒe tae ene la, nenema ke mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe tamesusu tae

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Abe seke ene la, mɔkpɔkpɔ si gɔmeɖoanyi sesẽ li na ate ŋu ana kelili mí

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy René Seindal/Su concessione del Museo Archeologico Regionale A. Salinas di Palermo