Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Mabu Sɔhɛwo ƒe Zã Ɣeɖuƒewo Yiyii?

Aleke Wòle Be Mabu Sɔhɛwo ƒe Zã Ɣeɖuƒewo Yiyii?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Wòle Be Mabu Sɔhɛwo ƒe Zã Ɣeɖuƒewo Yiyii?

Taɖodzinu aɖe tae menɔa afima yim tsã ɖo—be maɖado dzidzɔ na ɖokuinye ŋutɔŋutɔ.”—Shawn.

“Nyemable wò o, teƒea vivina—dzidzɔkpɔkpɔ sɔŋ ye wònyena! Àɖu ɣe zã bliboa ʋuu nu koe ati kɔ na wò.”—Ernest.

SƆHƐWO ƒe ɣeɖuƒewo va bɔ ŋutɔ le ŋkeke siawo me. Sɔhɛ siwo dina be yewoado dzidzɔ na yewo ɖokui dometɔ geɖe yia ɣeɖuƒe siawo edziedzi.

Nyateƒee, mí katã míedina be míado dzidzɔ na mía ɖokui. Eye Biblia gblɔ be ‘dzidzɔkpɔɣi’ li, “ɣeɖuɣi” gɔ̃ hã li. (Nyagblɔla 3:4) Ke hã modzakaɖeɖe tuameɖowoe yia edzi le sɔhɛwo ƒe ɣeɖuƒewoa? Alo ɖe susu nyuiwo li si ta wòle be woabu nuwo ŋu nyuie hafi aɖo afɔ teƒe mawoa?

‘Aglotuƒewo’

Togbɔ be Biblia metsi tre ɖe ƒuƒoƒo kple amewo hena modzakaɖeɖe ɖɔʋuwo ŋu o hã la, exlɔ̃ nu le “aglotutuwo” ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-21) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ŋukpenanuwo yia edzi zi geɖe le aglotuƒewo. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “Baba na amesiwo fɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo! Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kplakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o.”—Yesaya 5:11, 12.

“Aha muame” nono kple haƒoƒo madzegadziwo yia edzi le teƒe siawo. Wodzea egɔme kaba henɔa edzi zã koe tsina ɖe wo. Azɔ hã de dzesi aglotulaawo ƒe nɔnɔme—wowɔa nu abe ɖe Mawu meli o ene! Eyata mewɔ nuku o be Mawu tsi tre ɖe teƒe mawo tɔgbe yiyi ŋu. Gake aleke Mawu sena le eɖokui me ku ɖe nusiwo yia edzi le sɔhɛwo ƒe ɣeɖuƒe geɖewo egbea la ŋu?

Bu nusiwo yia edzi ŋutɔŋutɔ le teƒe siawo ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, “ame kɔkɔ ɖe dzi ƒe ɣeɖuɖu” kple esi woɖuna gbodogbodo, si woyɔna be moshing kpɔtɔ le edzi yim le ɣeɖuƒe aɖewo. Nyatakaka aɖe gblɔ be “ƒe 1980-awo ƒe domedomee moshing ɣeɖuɖua to, le sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si woyɔna be punk si nɔ United States la ƒe anyinɔɣi megbe. Ɣeɖuɖu . . . si me wonɔa ‘kpe tum ame nɔewo le’ mee wòdo tso.” Zi geɖe la, moshing ɣeɖuɖu sia nyea dzodzo tu anyi, taʋuʋu ʋlayaʋlaya, ta tutu ame nɔewo ƒe ta, kpakple ame ɖokui xaxlã ɖe ame nɔewo. Enuenu la, amewo ƒe abɔ alo afɔ ŋena, amewo xɔa abi vevie, eye nuvevi wɔa ame aɖewo ƒe ta kple dzimeƒu. Ame aɖewo gɔ̃ hã kuna. Le ame kɔkɔ ɖe dzi ɣeɖuɖua me la, amehawo dea asi ame te kɔna ɖe dzi tsɔ nɔa zɔzɔmee. Amehawo ɖea asi le amesiwo wokɔna ɖe dzi la dometɔ geɖe ŋu wogena dzea anyi hexɔa abi. Zi geɖe la, wonɔa nyɔnuviwo ƒe ɣaɣlaƒewo lém nyamanyama.

Ðikekemanɔmee la, Mawu meda asi ɖe nuwɔna sia tɔgbe dzi o. Gawu la, eƒe Nya la de se na Kristotɔwo be ‘woagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye woanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu me.’—Tito 2:12.

Haƒoƒo Kple Atikevɔ̃ɖiwo Zazã

Bu ha siwo ƒomevi woƒona le ɣeɖuƒe akpa gãtɔ hã ŋu kpɔ. Esiwo wo dometɔ aɖewo ƒona koŋ enye rock kple heavy metal haƒoƒo siwo ɖina sesĩe eye wo me nyawo ƒaƒã la. Gake esiwo woƒona vevie le ɣeɖuƒe geɖewoe nye rap, alo hip-hop haƒoƒowo. Esiawo hã nye haƒoƒo siwo nyɔa gbɔdɔdɔ, ŋutasesẽ, kple aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ ɖe ame me. Ðe ha siawo sese le teƒe masɔmasɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwòa? David Hollingworth, si nya nu tso zã ɣeɖuƒewo ŋu gblɔ be: “Haƒoƒo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe susu dzi. Ne ame sɔgbɔwoe wole eƒom na la, ate akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi woaƒo wo ɖokui ɖe nu gbodogbodo wɔwɔ me.” Mewɔ nuku o be ʋunyaʋunyawɔwɔwo yi edzi le ɣeɖuƒewo le United States dugã geɖe me. Ame geɖe se le wo ɖokui me be haƒoƒo siwo doa nuwɔna madzegadzi kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ɖe ŋgɔ metsonuwoe nye emawo. *

Atikevɔ̃ɖiwo zazã hã va bɔ ɖe zã ɣeɖuƒe yilawo dome le ŋkeke siawo me. Numekula aɖe gblɔ be “alesi atikevɔ̃ɖi hamehamewo nɔa ɣeɖuƒewo kple alesi wozãa woe . . . na be ɣeɖuƒeawo ŋkɔ ɖi hoo.” Atikewo li ame geɖe yɔna gɔ̃ hã be ɣeɖutikewo. Amesiwo dea ɣeɖuƒewo edziedzi la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tsakana atikewo zãna. Atike siwo koŋ wotsakana hezãna dometɔ aɖee nye ketamine (si wogayɔna be K tɔxɛ), si te ŋu tɔtɔa ame ƒe seselelãme kple nuŋububu ŋutete, flua ame ƒe tagbɔ, naa gbɔgbɔ mesua ame o, eye wògblẽa nu le ame ƒe ahɔhɔ̃ ŋu. Atike si nye methamphetamine ate ŋu ana ame magate ŋu aɖo ŋku nu dzi o, ana woanɔ nu wɔm gbodogbodo, woawɔ ŋutasẽnuwo, eye ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe dzi kple ahɔhɔ̃ ŋu. Esi koŋ amewo lɔ̃a zazã enye ecstasy, si me atike si nye amphetamine le. Ate ŋu atɔtɔ ame, ana woatsi dzimaɖi, ame ƒe ʋu nanɔ sisim kabakaba, ana ʋusɔgbɔdɔ, kple asrã sesẽ. Ecstasy zãla aɖewo ku gɔ̃ hã.

Atikevɔ̃ɖiwo zazã nye se si Biblia de be “míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” dzi dada. (Korintotɔwo II, 7:1) Ðe nunya le eme be nàɖo afɔ teƒe si atikevɔ̃ɖiwo zazã bɔ ɖoa?

Hadede Vɔ̃wo

Ðo ŋku nuxlɔ̃amenya si míelɔ̃a gbɔgblɔ zi geɖe la dzi: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Abe aglotula siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me ene la, edze abe sɔhɛ siwo lɔ̃a ɣeɖuƒewo dede ƒe akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le nusi dzea Mawu ŋu wɔwɔ me o ene. Le nyateƒe me la, woate ŋu aɖɔ wo dometɔ akpa gãtɔ be wonye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:4) Ðe wònye nyateƒe be èdi be kadodo kplikplikpli nanɔ ye kple ameha sia tɔgbe domea?

Ame aɖewo abu be ne yewo kple sɔhɛ Kristotɔ bubuwoe yi ɣeɖuƒea ko la, afɔku manɔ eŋu boo o. Ke hã sɔhɛ Kristotɔ siwo nye “kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le . . . anyinɔnɔ me” nyateƒe malɔ̃ be yewoayi o. (Timoteo I, 4:12) Ne sɔhɛ Kristotɔ aɖewo ƒo ƒu yi ɣeɖuƒe hedze agbagba ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hã la, haƒoƒo kple nuwɔna manyomanyowo ayi edzi le teƒea kokoko. Woate ŋu atsi mavomavo ŋutɔ ne ame bubuwo mia asi wo be woava yewoaɖu ɣe. Wohea sɔhɛ aɖewo gɔ̃ hã dea avuwɔwɔ me! Esia ɖo kpe Biblia ƒe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

Ɣeɖuɖu si Nyɔa Gbɔdɔdɔ ƒe Dzodzro

Azɔ na míade ŋugble le ɣeɖuɖua ŋutɔ ŋu. Ɣe manyatalenu aɖe ɖuɖu va bɔ ɖe United States, vevietɔ le ƒewuiviwo dome. Zi geɖe la, haƒoƒo si nye hip-hop, si ƒe nyagbewo nye gbɔdɔdɔ ŋuti nya ƒaƒãwo la dzie woɖua ɣe sia ɖo. Gawu la, ɣeɖuɖua ŋutɔ nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Eyata woyɔ ɣe sia tɔgbe ɖuɖu be ‘ame nɔewo gbɔ dɔdɔ awu maɖemaɖee.’

Ðe sɔhɛ Kristotɔ adi be yeakpɔ gome le ɣe sia tɔgbe ɖuɖu mea? Madii o ne wòdi be yeadze Mawu, amesi de se be “misi le ahasiwɔwɔ nu!” la ŋu. (Korintotɔwo I, 6:18) Ame aɖewo abu be, ‘Ne amesiame le eɖum la, ke magblẽ nu boo aɖeke le ame ŋu o ɖe.’ Ke hã ameawo ate ŋu awɔ vodada. (Mose II, 23:2) Dzi nenɔ ƒowò nàte afɔ ɖe to le hawòtiwo ŋkume ahalé dzitsinya nyui me ɖe asi le Mawu gbɔ!—Petro I, 4:3, 4.

Nyametsotsoa Wɔwɔ

Esia mefia be ɣeɖuɖuwo katãe gblẽ o. Biblia gblɔ na mí be esime Fia Dawid trɔ gbɔ va Yerusalem kple nubablaɖaka kɔkɔea la, dzi dzɔe ale gbegbe be “[eɖu] ɣe kple ŋusẽ katã.” (Samuel II, 6:14) Le vi nudomegblẽla ŋuti lo si Yesu do me la, “saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu” yi edzi le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋutsuvia ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu me.—Luka 15:25.

Nenema kee ɣeɖuɖu ƒomevi aɖewo asɔ le Kristotɔ siwo le mia gbɔ la dome. Ke hã dadasɔ kple nuŋububu nyuie hiã vevie. Ametakpɔkpɔ geɖe le eme wu be woase vivi le haƒoƒo kple ɣeɖuɖu me le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me, afisi woléa ŋku ɖe nusiwo yia edzi ŋu le wu ƒewuiviwo ƒe ɣeɖuƒewo. Le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo ŋu woléa ŋku ɖe ame nɔewo ŋu le nyuie me la, sɔhɛwo meɖea wo ɖokui ɖe aga o, ke boŋ wokpɔa gome le hadede tuameɖowo me kple Kristotɔ tsitsiwo kple ɖeviwo siaa.

Ẽ, nuɖuɖudzraƒe aɖewo anɔ miaƒe nutoa me, afisi haƒoƒo kple ɣeɖuɖu ɖɔʋuwo yia edzi le. Gake hafi nàlɔ̃ ayi teƒe siawo ƒe ɖe la, nunya anɔ eme be nàbia nya siawo tɔgbe: Nukawoe yia edzi le afima amewo nya? Sɔhɛwo koe yia teƒe ma? Ne nenemae la, ɖe nu ɖɔʋuwo ate ŋu ayi edzi le afima? Ha ka ƒomevie woaƒo? Ɣe ka ƒomevie woɖuna le afima? Nukae dzinyelawo susu le nye yiyi ŋu? Nya siawo tɔgbe biabia ate ŋu aɖe wò tso afɔku me.

Shawn, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la ƒo nya ta wòsɔ. Hafi wòava zu Kristotɔ la, eƒe afɔ metsona le ɣeɖuƒewo o. Egblɔ be: “Nuwɔna madzegadzi geɖewo yia edzi le zã ɣeɖuƒewo. Ha siwo woƒona zi geɖe la nye ha ɖigbɔwo, ɣeɖuɖuawo doa agbegbegblẽnɔnɔ ɖe ŋgɔ, eye taɖodzinu aɖe le ame akpa gãtɔ siwo yia teƒe mawo si—woƒe didie nye be yewoakpɔ ame aɖe si woa kplii woanɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ.” Shawn dzudzɔ zã ɣeɖuƒea dede esime Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kplii. Nu wɔnublanui siwo dzɔ na wòɖo aɖaŋu be: “Ɣeɖuƒe mawo menye Kristotɔwo ƒe yiƒe o.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Kpɔ October 8, 1999, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me nyati si nye “Why Music Affects Us” (Nusita Haƒoƒo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi).

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Sɔhɛ aɖewo tsi mavomavo le ɣeɖuƒewo