Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔ Kple Kuxi Siwo Le Ƒewuimenɔnɔ Me

Dzidzɔ Kple Kuxi Siwo Le Ƒewuimenɔnɔ Me

Dzidzɔ Kple Kuxi Siwo Le Ƒewuimenɔnɔ Me

ƑEWUIWO me ate ŋu anye dzidzɔ ɣeyiɣi vevi aɖe le ame ƒe agbe me. Le nyateƒe me la, eyae wònye na ame geɖewo. Eye ame tsitsi geɖewo ɖoa ŋku woƒe ƒewuiwo me dzi kple dzidzɔ.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míade dzesii hã be “ɣeyiɣi vɔ̃wo” mee míele. (Timoteo II, 3:1) Esia na nuwo me gasesẽna ɖe edzi na sɔhɛwo, nuwo ƒe sesẽ sia to vovo na dzidzime siwo va yi me tɔwo tɔ. Ðewohĩ eyatae ƒewuiviwo ƒe magazine aɖe me tola gã Sabrina Solin Weill gblɔ le nusi me ƒewuiviwo tona ŋu be ele abe “ka si wotsi ɖe yame, si gɔme naneke mele axe ame ne wòge o la dzi zɔzɔ” ene. Nyateƒee, masɔmasɔ, dzimaɖitsitsi, kple tɔtɔ ate ŋu ayɔ ame ƒe agbe me ɣeyiɣi sia si me nuwo nɔna basaa le me fũ. Weill ŋlɔ bena: “Ele na ƒewuiviwo be woawɔ avu kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo mesɔ na wo kura o le ɖevimenɔnɔ kple tsitsime ɖoɖo domee.”

Ne ƒewuivie nènye la, aleke nàwɔ anɔ te ɖe gbetɔame siwo dzea ŋgɔwò nu? Ne dzila si si ƒewuiviwo lee nènye la, nukawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo ŋku alesi ƒe siawo si me wowɔna basaa le nɔ dzi ale be nàse nusi me tom viwòŋutsu alo viwònyɔnu le me nyuie wu? Le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me la, míele mi sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa kpem be miadzro ƒewuimenɔnɔ me akpɔ nyuie. Nusia wɔwɔ akpe ɖe ƒewuiviwo ŋu ale be menye ɖeko woato eme ko evɔ o ke boŋ woakpɔ dzidzedze hã.—g04 7/8.