Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wògblẽ Be Ame Nadi Be Yeaxɔ Ŋkɔa?

Ðe Wògblẽ Be Ame Nadi Be Yeaxɔ Ŋkɔa?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wògblẽ Be Ame Nadi Be Yeaxɔ Ŋkɔa?

“ÐE NANE gblẽ le ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnu, kple ŋusẽ ŋua?” Nyabiase sia dze le subɔsubɔha aɖe ƒe nyatakaka aɖe me le tanya si nye “Agbenyuinɔnɔ me Kuxiwo” te. Nyatakakaa he susu yi Mawu ƒe nya siwo wògblɔ na Abraham dzi, be: “Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ.”—Mose I, 12:2.

Togbɔ be nyatakakaa gblɔ be “mele be ame nadi be yeaxɔ ŋkɔ to ame bubuwo tafatafa me o” hã la, eyɔ ƒe alafa gbãtɔ me rabi xɔŋkɔ aɖe ƒe nyawo gblɔ be: “Ne nye ŋutɔ nyemeʋli o ɖe, ame bubu kae adom ɖe ŋgɔ?” eye wòƒo eƒe nyaa ta be: “Ne mía ŋutɔ míewɔ míaƒe ŋutete siwo le mía si ŋudɔ be míakpɔ dzidzedze le agbe me o la, ame bubu aɖeke mava wɔe ɖe mía teƒe o.” Ðe ŋkɔxɔxɔ nye kuxi na amesiwo di be yeasubɔ Mawua? Nukae dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me bia? Ðe wògblẽ be ame nadi be yeaxɔ ŋkɔa? Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu?

Ðe Abraham Di be Yeaxɔ Ŋkɔa?

Biblia gblɔ tso Abraham ŋu be enye ŋutsu xɔsetɔ vevi aɖe. (Hebritɔwo 11:8, 17) Menye ɖee Mawu nɔ dzi dem ƒo na Abraham be wòadi be yeaxɔ ŋkɔ to ŋugbedodo nɛ be Yeawɔe wòazu dukɔ gã aɖe eye eƒe ŋkɔ nanyɔ me o. Ðeko Mawu nɔ eƒe tameɖoɖo be yeayra ameƒomea to Abraham dzi ŋu nya gblɔm, eye tameɖoɖo ma xɔ asi sasasã wu amegbetɔ tsɛwo ƒe didiwo.—Galatiatɔwo 3:14.

Esi Abraham tsɔ eɖokui na Mawu bliboe ta la, eʋu le Ur, si nye du si me kesinɔnuwo anya bɔ ɖo si me nudzedziname le. (Mose I, 11:31) Emegbe, esi Abraham di be ŋutifafa nanɔ woa kple etɔgãyɔvi Lot dome ta la, elɔ̃ faa gbe ŋusẽ kple ɖoƒe si nɔ esi ŋudɔ wɔwɔ ale be wòtsɔ anyigbaa ƒe akpa si nyo wu la na Lot be wòanɔ edzi. (Mose I, 13:8, 9) Naneke mele Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo me si fia be Abraham di be yeaxɔ ŋkɔ o. Ke boŋ, eƒe xɔse, toɖoɖo, kple ɖokuibɔbɔ tae eƒe nu dze Mawu ŋu wòzu ‘xɔlɔ̃’ vavã nɛ ɖo.—Yesaya 41:8.

Ðoƒe, Ŋkɔxɔxɔ, Kple Ŋusẽ Ŋuti Nukpɔsusu si To Vovo

Ŋkɔxɔxɔ gɔmee nye “didi vevie be ɖoƒe, ŋkɔ, alo ŋusẽ nasu ame si.” Le blemaɣeyiɣiwo me la, ɖoƒe, ŋkɔ, kple ŋusẽ kpakple kesinɔnu gbogbo aɖewo su Fia Salomo si. (Nyagblɔla 2:3-9) Gake enyo be míanyae be didi vevie menɔ eme ɖe nusiawo ŋu tso gɔmedzedzea me o. Esi Salomo va zu fia la, Mawu gblɔ nɛ be wòabia nusianu si wòdi. Salomo tsɔ ɖokuibɔbɔ bia dzi nyanu, alo dzi si ɖoa to, kple nunya be yeatsɔ aɖu Mawu ƒe ame tiatiawo dzii. (Fiawo I, 3:5-9) Emegbe, esi Salomon nɔ nu ƒom tso kesinɔnu kple ŋusẽ siwo va su esi ŋu la, eɖee gblɔ be “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.”—Nyagblɔla 2:11.

Ðe Salomon gblɔ nya aɖe tso amegbetɔwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋua? Le mɔ aɖe nu la, egblɔe. Esi wòde ŋugble le nu geɖe siwo teƒe wòkpɔ le agbe me ŋu vɔ la, eƒo nya ta be: “Vɔ̃ Mawu [vavã la], eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabeana esia nye amegbetɔwo katã tɔ.” (Nyagblɔla 12:13) Menye ɖoƒe, kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, kple ŋusẽ dzie amegbetɔwo tona kpɔa dzidzedze le agbe me o, ke boŋ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzie.

Ðokuibɔbɔ Nana Wodoa Ame Ðe Dzi

Le nyateƒe me la, naneke megblẽ le ame ɖokui lɔlɔ̃ se ɖe afi aɖe ŋu o. Biblia de se na mí be míalɔ̃ mía haviwo abe alesi míelɔ̃a mía ɖokui ene. (Mateo 22:39) Le dzɔdzɔme nu la, ame dia akɔfafa kple dzidzɔ na eɖokui. Gake Ŋɔŋlɔawo de dɔsesẽwɔwɔ, ɖokuibɔbɔ, kple ame ƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe nyanya, hã ƒe dzi ƒo. (Lododowo 15:33; Nyagblɔla 3:13; Mixa 6:8) Zi geɖe la, amewo dea dzesi amesiwo ɖia anukware, siwo dzi woate ŋu aka ɖo, eye wodoa vevie dɔ wɔna la, wokpɔa dɔ nyui wɔna, eye bubu nɔa wo ŋu. Ðikeke mele eme o be nuwɔwɔ alea nyo wu ame bubuwo tafatafa ayetɔe be nu nadze edzi na ame alo ɖoƒe ʋiʋli kple ame bubuwo.

Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be woakpɔ nyuie le nɔƒe gã didi le srɔ̃ɖekplɔɖoƒe ŋu. Exlɔ̃ nu wo be woanɔ teƒe si bɔbɔ ɖe anyi eye woakpɔ amedzroxɔla la si nu be wòagblɔ na wo be woava nɔ anyi ɖe teƒe si ŋu bubu le wu. Esi Yesu nɔ gɔmeɖose si le nya sia me me ɖem nyuie la, egblɔ be: “Amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 14:7-11.

Kristotɔ Vavãwo Tsria Ŋkɔxɔxɔ

Biblia ɖee fia be amegbetɔ ƒe blibomademade gbɔe didi be woaxɔ ŋkɔ dadatɔe tsona. (Yakobo 4:6) Apostolo Yohanes di be yeaxɔ ŋkɔ ɣeaɖeɣi. Ðoƒegãdidi nu sẽ le eyame me ale gbegbe be, ekplɔ nɔviaŋutsu ɖe asi eye wòbia Yesu dzinɔameƒotɔe be wòana ye ɖoƒe kɔkɔ aɖe le Fiaɖuƒea me. (Marko 10:37) Gake emegbe Yohanes va trɔ nɔnɔme. Le nyateƒe me la, eƒo nu tsi tre ɖe Diotrefo ŋu vevie le eƒe lɛta etɔ̃lia me, be ele “didim be, yeaɖo tɔ ɖe wo nu,” alo be yeanɔ ɖoƒe gbãtɔ. (Yohanes III, 9, 10) Egbea, Kristotɔwo tsɔa Yesu ƒe nyawo wɔa dɔe eye wobɔbɔa wo ɖokui, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wosrɔ̃a apostolo tsitsi Yohanes, amesi va tsri ŋkɔxɔxɔ nuwɔnawo, ƒe kpɔɖeŋua.

Ke hã, ele be míanya be esia mefia be ame ƒe ŋutetewo, dɔnyuiwɔwɔwo, kple dɔsesẽwɔwɔ ana wòaxɔ ŋkɔ kokoko o. Ɣeaɖewoɣi la, nusiawo nana mía nɔvi amegbetɔwo kafua mí eye ɣeaɖewoɣi hã la, mehea naneke vanɛ o. (Lododowo 22:29; Nyagblɔla 10:7) Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo ŋu ŋutete boo mele o ye wotsɔa ŋusẽ alo ɖoƒe nana, eye ame aɖeke mesena amesiwo ŋu ŋutete le wu ya ŋkɔ gɔ hã o. Le xexe madeblibo sia me la, mefia kokoko be amesiwo wotsɔ ŋusẽ alo ɖoƒe na la ŋue ŋutete le wu o.

Ŋkɔxɔxɔ menye agbenyuinɔnɔ ƒe kuxi na Kristotɔwo ya o. Woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee kpena ɖe wo ŋu be woatsri ŋkɔxɔxɔ nuwɔnawo. Kpuie ko la, wodzea agbagba vevie be woawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe le nɔnɔmewo katã me hena Mawu ƒe kafukafu, eye wogblẽna emetsonua ɖe esi me. (Korintotɔwo I, 10:31) Kristotɔwo dzea agbagba kpɔa dzidzedze to Mawu vɔvɔ̃ kple eƒe sewo dzi wɔwɔ me.—g05 6/8.

[Nɔnɔmetata si le axa 12, 13]

Ðe Mawu de dzi ƒo na Abraham be wòadi be yeaxɔ ŋkɔa?