Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒe si me Le Dzadzɛ—Mí katã Míaƒe Dɔe

Aƒe si me Le Dzadzɛ—Mí katã Míaƒe Dɔe

Aƒe si me Le Dzadzɛ​—Mí katã Míaƒe Dɔe

Etso Nyɔ! ŋlɔla si le Mexico gbɔ

ALEKE wòahavivi enye si be woanɔ afisi dza eye teƒe siwo ƒo xlãe la hã nakɔ! Ke hã le esi gbeɖuɖɔ va bɔ ɖe dugãwo me ta la, eva le sesẽm ɖe edzi be míana mía nɔƒewo kple afisiwo ƒo xlãe nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu.

Togbɔ be nutowo dzikpɔƒewo dzea agbagba be yewoana ablɔwo dzi nakɔ to ɖoɖo wɔwɔ ɖe gbeɖuɖɔ lɔlɔ ŋu le nutoawo me hã la, gbeɖuɖɔwo lia kɔ ɖe teƒe aɖewo. Gbeɖuɖɔwo ƒe kɔlili alea tɔa ŋku eye wònana amewo léa dɔ. Gbeɖuɖɔwo ƒe kɔlili te ŋu nana afiwo, gbagbladza alo kakaɖaka, kple lãvi bubu siwo hea dɔléle vɛ la va dzina taŋtaŋ. Ðe nane li nàte ŋu awɔ le nɔnɔmea ŋua? Ẽ, eyae nye be nàna wò aƒeme kple exawo nanɔ dzadzɛ eye woakɔ.

Nukpɔsusu Nyui ƒe Ame Si Nɔnɔ

Ame aɖewo susuna be ame dahewoe nɔna aƒe kple nuto ƒoɖiwo me. Gake menye aleae nyaa nɔna kokoko o. Nyateƒee wònye be gamanɔamesi ate ŋu ana wòasesẽ ɖe edzi be woana ame nɔƒe nanɔ dzadzɛ ya. Gake Spaintɔwo doa lo be: “Dzre mele ahedada kple dzadzɛnyenye dome o.” Le nyateƒe me ne ga le ame aɖe si la, ema mefia kokoko be ana eƒeme nanɔ dzadzɛ o.

Be woana ame ƒeme kple exawo nanɔ dzadzɛ la nɔ te ɖe nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ dzi. Le nyateƒe me, be aƒeme nanɔ dzadzɛ la, nɔ te ɖe susu nyui si anɔ ƒomea me tɔwo katã si le go geɖe me dzi. Le esia ta, anyo be mí katã míabu nusi míate ŋu awɔ be míana míaƒe aƒewo me kple afisiwo ƒo xlãe la nanɔ dzadzɛ ŋu.

Ðoɖowɔwɔ ɖe Aƒea me Dzadzraɖo Ŋu

Ewɔa abe vidada ƒe dɔ mevɔna o ene. Le nuɖaɖa kple ɖeviawo dzadzraɖo woayi suku vɔ megbe la, eya kee dzrana aƒea me kple exawo ɖo wònɔna dzadzɛ. Ède dzesii be zi geɖe la, vidadae fɔa awu ƒoɖiwo alo ɖeviawo ƒe nuzazã siwo wokaka ɖe woƒe xɔwo mea ƒoa ƒuia? Aƒea me dzadzraɖo ŋuti ɖoɖo nyui si me ƒomea me tɔ ɖesiaɖe akpɔ gome le wɔwɔ ate ŋu ana vidadaa ƒe dɔwo dzi naka aɖe akpɔtɔ vie.

Srɔ̃nyɔnu aɖewo tsoa nya me be ele be woakpɔ nanewo gbɔ gbesiagbe, ke woakpɔ aƒea me ƒe teƒe aɖewo ya gbɔ zi ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe, eye bubuawo anye zi ɖeka ɣleti sia ɣleti. Le nanewo ya gome la, ele be woawɔ ɖoɖo akpɔ wo gbɔ zi ɖeka ƒe sia ƒe. Le kpɔɖeŋu me, le Betel-ƒewo me le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo le dukɔ sia dukɔ me la, wodzrana woƒe awudzraɖoƒewo ɖo nyuie zi ɖeka ƒe sia ƒe. Ɣemaɣie woɖea nusiwo womegale zazãm o la dzonae le awudzraɖoƒea be wòanɔ ɖoɖo nu. Wowɔa ɖoɖo hã ɖe gliawo ŋuti dzadzraɖo ŋu edziedzi.

Be aƒea me tɔwo nanɔ lãmesẽ me la, ele vevie be teƒewo, abe tsileƒea ene, nanɔ dzadzɛ. Togbɔ be woate ŋu anɔ eklɔm vivivi gbesiagbe hã la, ɖewohĩ ele be woaklɔe nyuie zi ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe be tsileƒea nagadze adru o. Ame aɖewo susuna be ɖi mate ŋu agbe gaze me nɔnɔ o, si fia be wo me gblẽna alo gɔna godoo. Gake aƒe aɖewo me ƒe gaze me kɔna tseŋtseŋ. Nusi wòbia koe nye be woazã nuklɔnu siwo sɔ atsɔ aklɔ wo me edziedzi.

Ehiã be woanɔ dzodoƒea hã dzram ɖo nyuie. Togbɔ be mieklɔa agbawo, tutua gamlea kple kplɔ̃wo dzi kple wo ŋu gbesiagbe hã la, enuenu la—ɖewohĩ zi ɖeka ya teti le ɣletia me—ahiã be miatutu gamlea, fridzia kple nuklɔƒea gɔme nyuie. Nuwo dzraɖoƒea alo tsitrenuɖakawo me dzadzraɖo edziedzi awɔe be gbagbladza alo lãvi gblẽnuwo mava ƒo vi ɖe teƒe mawo o.

Ƒomea ƒe Nuwɔwɔ Aduadu

Dzila aɖewo de se aɖewo siwo dzi wo viwo wɔna ɖo hena hehe wo be hafi woadzo ayi suku le ŋdi me la, woaŋlɔ́ woƒe aba aƒo te nyuie alo adzra woƒe abati dzi ɖo, ada woƒe nudodo ƒoɖiwo ɖe teƒe siwo wodanɛ ɖo ahaƒo te woƒe nuzazãwo nyuie. Se si ɖea vi na amesiamee nye esia be, “Teƒe nenɔe na nusianu eye nusianu nenɔ eteƒe.”

Eye miate ŋu ade aƒea me dɔ aɖe alo aƒea ƒe akpa aɖe dzadzraɖo asi na ƒomea me tɔ aɖewo woawɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne ʋudaɖoƒe le ƒomea si la, ɖe vifofoa dzrana afima ɖo heƒoa te nuwo nyuie zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒea? Ðe ɖeviawo dometɔ aɖe ate ŋu akpe ɖe eŋu le esia wɔwɔ mea? Ameka ƒe dɔe wònye be wòaŋlɔ gbeawo le xɔxɔnua alo asẽ gbeawo dzi? Ɣekaɣiwoe wòle be wòanɔ dɔ sia wɔm be aƒea godo nanya kpɔ? Ne dzisasrãa tame alo afisi mieƒoa te nuwo ɖo li la, ele be woadzra teƒe mawo ɖo be woanɔ dzadzɛ. Amekae awɔ dɔ sia? Dzila aɖewo tsɔ dɔ mawo kple aƒea me dɔ bubuwo dea asi na wo viawo wonɔ wo nɔewo ɖɔ lim nɔ wɔwɔm.

Eyata miwɔ ɖoɖo nyui aɖe ɖe miaƒe aƒea me dzadzraɖo ŋu. Ne wò ŋutɔ, alo mia kple wò ƒomeae dzrana aƒea me ɖo alo ɖe nènana ame aɖe va wɔnɛ nèxea fe nɛ o, ehiã be ɖoɖo nyui nanɔ asiwò ɖe ewɔwɔ ŋu. Vidada aɖe si nana eƒeme nɔna dzadzɛ la gblɔ alesi ƒomea me tɔwo katã wɔa nu aduadu be aƒea me nakɔ ale: “Mía kple vinyenyɔnuvi etɔ̃awo míemana aƒea me dɔwo. Norma Adriana ye dzrana akpataa, xɔdɔme eveawo, xɔxɔnua kple mɔ si le aƒea ŋkume dzi ɖo. Ana Joaquina kpɔa dzodeƒea gbɔ. Nyee nyaa nu hekpɔa nu bubuwo gbɔ eye María del Carmen ye klɔa agba.”

Egodo Hã Nenya Kpɔ

Ke aƒea godo kple exawo ya ɖe? Aƒe gã aɖe alo aƒe kpokploe aɖe mee miele o, ele be miawɔ ɖoɖo anɔ egodo kple exawo kplɔm ahanɔ wo dzram ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ agboa ŋuti ga aɖe gblẽ. Ne womedzra agboa ŋu ga aɖe si gblẽ ɖo kaba o la, ènya alesi mlɔeba agboa agblẽ kura wòatɔ ŋkui. Nenema ke wòanɔ ne mieli kɔ gbeɖuɖɔ ɖe aƒea ƒe mɔ nu alo afisi gogo aƒea. Nenema kee ɣeaɖewoɣi la, ganugoewo, dɔwɔnuwo, kple nu bubuwo lia kɔ ɖe aƒea aɖewo xa, le egodo alo xɔxɔnua nyamaa, eye woate ŋu ana afiwo, gbagbladzawo, kple lãvi bubuwo naxɔ aƒe ɖe afimawo.

Ƒome aɖewo tso nya me be yewoakplɔ aƒea godo kple exawo ahadzra mɔ si to eŋkume alo emegbe kpakple ablɔ si le aƒea ŋkume dzi ɖo gbesiagbe alo zi ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe ne ehiã. Enye nyateƒe be le teƒe aɖewo la, ɖoɖo nyuiwo nɔa dziɖuɖua si si dzi wozɔna ɖo dzrana nutowo me ɖo wonɔa dzadzɛ, gake ɖoɖo mawo mele teƒe aɖewo ya o. Ðikeke mele eme o be ne míewɔ mía tɔ sinua dzra afisi míele kple afisiwo ƒo xlãe ɖo la, teƒea anya kpɔ eye míanɔ lãmesẽ me.

Menye aƒemedɔ siwo ŋuti míeƒo nu tsoe va yi ƒe ɖoɖo koe ƒomea aɖewo wɔna o, ke woŋlɔnɛ klãna ɖe afisi ƒomea me tɔwo ate ŋu akpɔe le ahazɔ ɖe ɖoɖoawo dzi hã. Nu nyuiwo ate ŋu ado tso nuwɔwɔ alea me. Le nyateƒe me la, míate ŋu aƒo nu tso nusianu si wòle be nànya tso aƒeme dzadzraɖo ŋuti la ŋu keŋkeŋ o. Le kpɔɖeŋu me, ele be miatso nya me le aɖi alo nuklɔtike si sɔ wu le mia gbɔ kple dɔwɔnu siwo miate ŋu aƒle ŋu.

Ke hã ɖikeke mele eme o be aɖaŋuɖoɖo ʋɛ siawo ana ƒomea me tɔwo katã nakpɔe adze sii be ele be mialé be na miaƒe aƒea me kple exawo. Ðo ŋku edzi be be woana ame ƒeme kple exawo nanɔ dzadzɛ la menɔ te ɖe kesinɔtɔ alo ahedala nyenye dzi o, ke boŋ nukpɔsusu si le amea si dzie wònɔa te ɖo.—g05 6/8.

[Aɖaka si le axa 16, 17]

Aƒeme Dzadzraɖo ƒe Ðoɖowɔɖi Nyui Aɖe

Mizã teƒe ƒuƒlu siwo li atsɔ mia ŋutɔwo ƒe nu bubu aɖewo akpee

Mide dzesii nyuie: Afɔku gã aɖe ate ŋu anɔ nuklɔtike aɖe tsɔtsɔ tsaka bubui me, vevietɔ ne wotsɔ atike siwo ɖea ɖi le nu ŋu tsaka ammonia (ammoniaque.)

Gbesiagbe

Xɔdɔme: Ðo aba nyuie eye nàda nusianu ɖe enɔƒe

Dzodoƒe: Klɔ agbawo eye nàdzra agbaklɔƒea ɖo. Na nusianu nanɔ dzadzɛ eye wòanɔ enɔƒe. Kplɔ dzodoƒea alo nàtutu anyigbaa alesi hiã

Tsileƒe kple nugododeƒe: Dzra tsileƒea kple nugododeƒea me ɖo. Da nusianu ɖe enɔƒe

Akpata kple xɔ bubuwo: Nusianu nenɔ enɔƒe. Tsɔ nu tutu xɔmenuwo ŋu be ɖi naɖe le wo ŋu. Kplɔ xɔawo me, alo nàtutu anyigba ne ehiã

Aƒea me katã: Tsɔ gbeɖuɖɔwo ƒu gbe ɖe teƒe si sɔ

Kwasiɖa sia Kwasiɖa

Xɔdɔme: Ðɔ li abadzivɔa alo nànyae. Kplɔ xɔa me, alo nàtutu anyigba ne ehiã. Ðe ɖi le xɔmenuwo ŋu

Dzodoƒe: Tutu gamlea, kplɔ̃wo kple agbaklɔnuwo ŋu. Klɔ anyigbaa

Tsileƒe kple nugododeƒe: Klɔ tsilekpɔa me katã. Tsɔ dɔlékuiwutike klɔ nugododeƒea katã nyuie. Ðɔ li papahũ alo nànyae. Kplɔ anyigba alo nàtutui

Ɣleti sia Ɣleti

Tsileƒe kple nugododeƒe: Klɔ teƒe siawo woakɔ nyuie

Aƒea me katã: Tutu ʋɔtrutiawo nyuie. Nyã zikpui kple fesre ŋu vɔwo kpakple xɔmetsovɔwo

Abɔ, xɔxɔnu, ʋudaɖoƒe: Kplɔ teƒe siawo eye nàdzra wo ɖo ne ehiã. Mègana gbeɖuɖɔ alo nusiwo mehiã o nali kɔ ɖe teƒe siawo o

Ɣleti Ade Ðesiaɖe

Xɔdɔme: Nyã abadzikuntruwo abe alesi ewɔla gblɔ be woanyãe ene

Dzodoƒe: Ðe nusianu do goe le nufamɔ̃ alo fridzi me eye nàklɔ eme nyuie

Tsileƒe kple nugododeƒe: Ðe nusianu do goe, eye nàklɔ nusianu si le afima nyuie. Ðe nusiwo megahiã o la ɖa le afima

Aƒea me katã: Tutu akaɖiwo, yaƒomɔ̃wo, kple teƒe siwo mietsi akaɖiwo ɖo. Tutu ʋɔtruwo ŋu. Tutu fesrewo kple woƒe ahuhɔ̃ewo, kpakple fesrewo towo

Ƒe sia Ƒe

Xɔdɔme: Ðe nusianu do goe le awudzraɖoƒea alo aɖakawo me eye nàtutu teƒea nyuie. Ðe nusiwo megahiã o la ɖa. Nyã kuntruawo. Sia beliwo alo nàɖe ɖi le wo ŋu nyuie. Nyã suɖuiwo abe alesi ewɔla gblɔ be woanyãe ene

Dzodoƒe: Ðe nusianu do goe le nuwo tame, tsitrenuɖakawo, kple kplɔ̃ŋuɖakawo me eye nàklɔ wo me nyuie. Ðe nusiwo megahiã o la ɖa. Ne mieɖo nane ɖe anyigbaa la, ke ɖee ɖa ne nàdzra egɔme ɖo

Aƒea me katã: Tutu gliwo katã ŋu. Nyã zikpui kple fesre ŋu vɔwo kpakple xɔmetsovɔwo abe alesi wo wɔla gblɔ be woanyãe ene

Ʋudaɖoƒe kple teƒe bubu siwo mieƒo te nanewo ɖo: Kplɔ teƒe mawo katã nyuie. Tsɔ nunɔamesi siwo megahiã o na ame aɖe alo nàtsɔ wo aƒu gbe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

“Teƒe nenɔe na nusianu eye nusianu nenɔ eteƒe”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Anyo be nàtsɔ nusiwo mègazãna o la ana ame aɖe alo nàtsɔ wo aƒu gbe