Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyitsi Anyi ƒe Nunanae Wònye na Amegbetɔwo

Anyitsi Anyi ƒe Nunanae Wònye na Amegbetɔwo

Anyitsi Anyi ƒe Nunanae Wònye na Amegbetɔwo

Etso Nyɔ! ŋlɔla si le Mexico gbɔ

ESI Israel srafo aɖe si ŋu ɖeɖi te va ke ɖe anyiɖaɖa aɖe ŋu le ave me la, etsɔ kpo si nɔ esi tɔ anyitsia me heno vi aɖe. Enumake “eƒe mo kɔ” eye ŋusẽ gaɖo eŋu. (Samuel I, 14:25-30) Viɖe siwo le anyitsi ŋu na amegbetɔwo dometɔ ɖeka dze le Biblia nuŋlɔɖi sia me. Nuɖuɖu si naa ŋusẽ ame enumakee wònye, esi wònye amenyinu siwo le eme ƒe akpa 82 le alafa me nye goma ƒomevi aɖe ta. Nukutɔe la, ŋusẽ si anyi akpɔ tso anyitsi gram 30 pɛ me ate ŋu ado ŋusẽe wòadzo aƒo xlã xexeame bliboa!

Amegbetɔwo koe kpɔa viɖe tsoa anyitsi si anyiwo wɔna mea? Ao, anyitsie anyiwo ŋutɔ hã nona hafi kpɔa ŋusẽ. Le vuvɔŋɔli la, anyi siwo le anyiwo ƒe agba si melolo akpa o ŋu hiã anyitsi abe lita 10 vaseɖe 15 ene be woanɔ agbe. Gake le ɣeyiɣi nyui si anyiawo ɖana me la, wote ŋu ɖana wòdea anyitsi lita 25, eye ɖe susɔna na amegbetɔwo wotana—gbemelãwo abe sisiblisi kple kadzidɔewo ene kura gɔ̃ hã kpɔa ɖe nona.

Aleke anyiwo wɔna ɖana? Ne anyiwo le tsatsam la, wozãna woƒe aɖe siwo le abe dɔvi ene tsɔ noa tsi le seƒoƒowo me. Wolɔnɛ ɖe woƒe dɔgbo ɖeka me hetrɔna yina woƒe agba me. Wotuna seƒoƒometsia ɖe nu me na wo nɔvi bubuwo, anyi siawo “ɖunɛ” abe gaƒoƒo afã ene, eye wotsakanɛ kple tsi aɖe si le woƒe nu me. Emegbe wotunɛ ɖe anyixe siwo anyiawo tsɔ wɔna woƒe agbae ŋu, eye wotsɔa woƒe aʋalawo nɔ ya gbɔm nɛ vaseɖe esime tsi megale eme o. * Ne tsi agbɔsɔsɔ si le eme ɖiɖi wu 18 le alafa me vɔ la, ekema wotrea anyixeawo nu. Ne wotu nu ɖe anyitsi nu nyuie la, ate ŋu anɔ anyi nenema ɖaa esi magblẽ o. Nyatakaka aɖe fia be wokpɔ anyitsi siwo xɔ abe ƒe 3,000 ene le Faraowo ƒe yɔdowo me.

Anyitsi Zazã abe Atike Ene

Nuɖuɖu wɔnuku aɖee anyitsi nye—amenyinuwo abe vitamin B ƒomevi gbogbo aɖewo, ŋutilãtuɖonu vovovowo, kple amenyinu siwo wua dɔlékuiwo le eme. Gakpe ɖe eŋu la, enye atike nyanyɛ xoxotɔwo dometɔ ɖeka si wogakpɔtɔ le zazãm vaseɖe fifia. * Ðɔkta May Berenbaum, si nye nudzodzoewo ŋutinunyala si le Illinois ƒe Yunivɛsiti le United States, gblɔ be: “Wozãna anyitsi tsɔna kpɔa dɔlénya ƒomevi vovovowo abe abi, dzofiãme, tàsi, klabi kple abi kuku teƒewo gbɔe.”

Esi CNN nyadzɔdzɔgblɔha nɔ nu ƒom tso alesi wova le dzidzɔ kpɔm ɖe anyitsi zazã abe atike ene ŋu la, eka nya ta be: “Esi woto atike si wua dɔlékuiwo vɛ le Xexemeʋa II mee na be wodzudzɔ abibabla kple anyitsi. Gake numekuku yeye siwo wɔm wole—kpakple esi dɔlékuiwutikewo megate ŋu le nugbagbevi suesuewo aɖewo dzi kpem o ta—na be amewo ƒe susu va le tɔtrɔm ɖe anyitsi zazã atsɔ ada dɔe ŋu ake.” Le kpɔɖeŋu me, wowɔ numekuku aɖe tso alesi woawɔ akpɔ amesiwo dzo fiã gbɔ ŋu. Wode dzesii be dɔnɔ siwo wozã anyitsi bla abi na haya kaba, womese veve fũ o, eye woƒe abikukuteƒe hã melolona o.

Numekuku aɖe fia be esi anyiwo tsɔna tsi aɖe si le woƒe lãme tsakana kple seƒoƒometsi ta la, atike si wua dɔlékuiwo kple esi xea mɔ ɖe nugbagbevi suesuewo nu le eme. Wo me tsia nana abliklɔtike aɖe (hydrogen peroxide [peroxyde d’hydrogène]) si wua nugbagbevi suesuewo. * Gakpe ɖe eŋu la, wode dzesii be ne wosisi anyitsi ɖe ŋutilã ƒe akpa aɖe la, eɖea tete dzi kpɔtɔna eye edoa ŋusẽ ŋutilã. Eyata Ðɔkta Peter Molan, si nye lãmetsiŋununyala le New Zealand, gblɔ be: “Anyitsi va le atike nyanyɛ zum na dɔdala siwo melɔ̃na tsã be yewoazã atike bubuwo tsɔ wu yevutike o.” Le nyateƒe me la, Australiatɔwo ƒe Atikedzralawo ƒe Habɔbɔa da asi ɖe anyitsi dzi be enye atike, eye wole anyitsi dzram abe abiblatikewo dometɔ ɖeka ene le dukɔ ma me.

Nuɖuɖu nenie nèganya kpe ɖe anyitsi ŋu, siwo me amenyinu le nenema gbegbe, hevivina, evɔ woganye atike hã? Mewɔ nuku o be wova de se tɔxɛ aɖewo be wòanye takpɔkpɔ na anyiwo kple anyi nyilawo! Ne ame aɖe lã ati alo ɖe anyiwo ƒe agba aɖe la, wodoa fe nɛ tsɔ hea to nɛ vevie alo wuna amea kura gɔ̃ hã. Nyateƒee, nunanae anyitsi nye na amegbetɔwo, eye ehea kafukafu vɛ na Wɔla la.—g05 8/8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Anyixe siwo anyi tsɔna wɔa woƒe agbae nye tsi tɔxɛ aɖe le anyiawo ƒe lãme. Anyixe suesuesue nana anyi ƒe agbaa me nɔna falɛfalɛ—eƒe titrime koe nye milimeta ɖeka mama ɖe akpa etɔ̃—eye esia wɔnɛ be wote ŋu tsɔna woƒe kpekpeme teƒe 30. Anyi ƒe agba nye aɖaŋudɔ wɔnuku aɖe ŋutɔ.

^ mm. 7 Womede dzi ƒo be woana anyitsi vidzĩwo o, elabena nuɖuɖu me aɖi le eme.

^ mm. 9 Esi wònye dzoxɔxɔ kple kekeli nana anyiwo me tsia gblẽna ta la, anyitsi si womeɖo dzo dzi alo da ɖe ŋdɔgbe o koe wozãna abe atike ene.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Anyitsi Tsɔtsɔ Ða Nui

Anyitsi vivina wu sukli. Eyata ne àzãe ɖe sukli teƒe la, ekema zã esi nu asɔ kple sukli agbɔsɔsɔ si nèɖuna ƒe afã alo esi asɔ gbɔ wui vie ko. Azɔ hã, esi anyitsi ƒe akpa 18 le alafa me nye tsi ta la, ɖe tsinu siwo me nàdee la dzi kpɔtɔ. Ne tsi mele wo me o la, ekema tsɔ yevubolowɔ nuɖugatsi eve tsaka kple anyitsi kplu ɖeka ɖesiaɖe si nàzã. Ne èdi be yeadee nane me amè le abolokpo me la, ekema ne èzã amɔʋãnu alo baking soda gatsivi afã la, nazã anyitsi kplu ɖeka, eye nàɖiɖi dzoxɔxɔ dzi akpɔtɔ va ɖo Celsius 15.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Anyitsinyawo Gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Anyi aɖe le seƒoƒometsi nom

[Nɔnɔmetata si le axa 28, 29]

Anyixe

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Anyi ƒe agba

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Anyi nyila aɖe le ŋku lém ɖe anyiwo ƒe xɔ ŋu