Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ

Nusi Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ

Nusi Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ

NUÐALA bibi zãa nuɖanuwo ɖe ɖoɖo aɖe nu tsɔ ɖaa nu wòvivina. Nenema tɔgbe kee wòle le dzidzɔkpɔkpɔ hã gome. Menye nu ɖeka aɖe ko gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ tsona o, ke boŋ agbemenu geɖee ƒoa ƒu nana ame kpɔa dzidzɔ. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye dɔwɔɖui, fefe, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ nɔnɔ, kpakple mawusubɔsubɔ. Gake nu bubu aɖewo hã li, siwo medzena gaglã o: woawoe nye nɔnɔmewo, didiwo, kple agbe me taɖodzinuwo.

Enye dzidzɔ na mí be menye mía ŋutɔwoe asusu nusi ana míakpɔ dzidzɔ vavã o. Nukatae? Nusitae nye be mía Wɔla la na nufiamegbalẽ nyui aɖe mí si nye Biblia, eye woɖe agbalẽ blibo ma alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,377 kple edzivɔ me fifia—woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe le xexea me!

Alesi woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo siawo me la ɖe alesi Mawu di be amewo katã nakpɔ dzidzɔ eye nu nadze edzi na wo le gbɔgbɔ me la fia. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 17:26, 27) Mawu gblɔ be: “Nye . . . enye amesi fia nusi nyo na wò la wò.” Edo ŋugbe be ne míewɔ yeƒe sewo dzi la, ekema míaƒe tome afa “abe tɔsisi ene” eye míakpɔ dzidzɔ.—Yesaya 48:17, 18.

Ŋugbedodo ma na míeɖo ŋku Yesu ƒe nya siwo míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me dzi, be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me.’ (Mateo 5:3) Menye gotagome mawusubɔsubɔ ƒe nya koe ɖe tsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me si ŋu nya wogblɔ le afisia la nye o. Edzena le míaƒe agbenɔnɔ bliboa me. Edzena le alesi míelɔ̃na faa be míaɖo to Mawu eye wòafia nu mí me, le esi míelɔ̃ ɖe edzi be enya nu geɖe wu mí ta. Errol, si le Biblia srɔ̃m ƒe 50 enye esia, gblɔ be: “Nusi na megava ka ɖe edzi wu be Mawu gbɔe Biblia tso enye be ne ètsɔ eƒe nufiafiawo wɔ dɔe la, eɖea vi ŋutɔ!” Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le aɖaŋu nyui siwo Biblia ɖo le kesinɔnuwo kple dzidzɔdonamenuwo didi ŋu kpɔ.

Ga Ŋuti Mɔfiame Nyui Aɖe

Yesu gblɔ be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Nyateƒee, menye ga agbɔsɔsɔ si le gadzraɖoƒe na wò dzie Mawu nɔa te ɖo bua wò be èxɔ asi o. Le nyateƒe me la, zi geɖe la, ɖekoe kesinɔnuwo yome nɔnɔ hea dzimaɖitsitsi geɖe vanɛ, si wɔnɛ be ame megakpɔa dzidzɔ le agbe me o, eye megakpɔa ɣeyiɣi ɖe nu veviwo ŋu o.—Marko 10:25; Timoteo I, 6:10.

Richard Ryan, si nye susuŋutinunyafiala gã aɖe le Amerika, gblɔ be zi alesi amewo le dzidzɔkpɔkpɔ dim tso ŋutilãmenuwo mee la, zi nenemae woƒe dzidzɔkpɔkpɔa nu ɖiɖinae. Biblia-ŋlɔla Salomo ya gblɔe ale: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.” (Nyagblɔla 5:9) Míate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple mũ ƒe ameɖuɖu—ne eyi edzi le ekum la, efiẽna ame wu, eye mlɔeba, teƒea wɔa abi.

Biblia de dzi ƒo na mí be míado vevie dɔ awɔ ahakpɔ dzidzɔ tso míaƒe agbagbadzedzewo me. (Nyagblɔla 3:12, 13) Ewɔwɔ alea nana ame sena le eɖokui me be bubu le ye ŋu—eye esia hã nye nu vevi bubu aɖe si nana wokpɔa dzidzɔ. Ðewohĩ míakpɔ dzidzɔ wòasɔ le nanewo me hã. Gake vovototo le dɔ wɔwɔ bene woakpɔ ga atsɔ aƒle nu nyui siwo míehiã la, kpakple ʋiʋli vevie bene míazu kesinɔtɔ dome.

Dzidzɔkpɔɣi Li

Gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me kpena ɖe mía ŋu míekpɔa viɖe gãtɔwo kekeake tsoa modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu bubuwo me. Yesu kpɔ dzidzɔ kple amewo le wɔna siwo me woɖu nu heno nu le me. (Luka 5:29; Yohanes 2:1-10) Gake menye nusiawo koŋue na wòkpɔ dzidzɔ le agbe me o. Gbɔgbɔmenuwo me boŋue wòkpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake tsoe, eye nusiawo ƒe ɖee nye kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple tameɖoɖo si le esi na ameƒomea ŋu.—Yohanes 4:34.

Fia Salomo ɖu agbe alesi dze be yeakpɔe ɖa be nusiawo mee dzidzɔkpɔkpɔ tsona hã. Egblɔ be: “Matsɔ dzidzɔ atee akpɔ, eye maɖu agbe!” Menye ɖekoe fia kesinɔtɔ sia ɖu agbea vie ko o. Ðe wònyrɔ eɖokui ɖe eme vĩ! Ke hã, aleke wòse le eɖokui me mlɔeba? Eŋlɔ bena: “Ke esia hã toflokoe.”—Nyagblɔla 2:1.

Zi geɖe la, agbeɖuɖu lɔ̃lawo va sena le wo ɖokui me be dzodzroe yewoti nu mawo yome. Numekulawo kpɔe be le agbeɖuɖu yomenɔnɔ, dɔ ɖɔʋu, mawusubɔsubɔ nuwɔnawo, kple nu wɔwɔ ɖekae kple ƒometɔwo dome la, agbeɖuɖu lɔlɔ̃ ye lé mamlɛa le nusiwo ana woakpɔ dzidzɔ dome.

Nyo Dɔme eye Nànye Akpedala

Amesiwo kpɔa dzidzɔ la nyoa dɔme hetsɔa ɖe le eme na ame bubuwo, womedia wo ɖokui tɔ o. Yesu gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Tsɔ kpe ɖe ŋutilãmenuwo nana amewo ŋu la, míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ hã ɖe wo ŋu, eye emae dzɔa dzi na ƒomea me tɔwo wu. Ehiã be srɔ̃tɔwo nawɔ nu aduadu be woƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ eye dzidzɔ nanɔ eme, eye ehiã be dzilawo nakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu, aɖo dze kpli wo, alɔ̃ wo, ahafia nu wo. Ne ƒomea me tɔwo naa nu alea la, ƒomea kpɔa dzidzedze eye dzidzɔ nɔa aƒea me.

Gake ne amewo na nu wò—eɖanye woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ loo alo nu bubu aɖee o—la, ɖe ‘nèdaa akpea’? (Kolosetɔwo 3:15) Akpe dada ate ŋu ana mía kple amewo dome naganyo ɖe edzi eye ana míakpɔ dzidzɔ. Ne ame aɖe da akpe na wò la, ɖe mevivia nuwò oa?

Akpe dada nana míedea dzesi nu nyui siwo amewo wɔ na mí. Le numekuku aɖe si wowɔ le California ƒe Yunivɛsiti le Riverside, Amerika la, wobia tso ameawo si be woawɔ “akpedada ŋuti nuŋlɔɖi” aɖe ɖi—si nye nuŋlɔɖigbalẽ si me woaŋlɔ nusianu si ta woda akpe ɖo la ɖo. Mewɔ nuku o be le kwasiɖa ade megbe la, amesiwo kpɔ gome le numekukua me la kpɔ dzidzɔ wu le agbe me.

Nusɔsrɔ̃ kae le eme na mí? Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, kpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo wowɔna na wò ŋu. Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔe nenema, esi wògblɔ be: “Dzi nadzɔ mi ɖaa! . . . Mida akpe le nusianu ŋuti.” (Tesalonikatɔwo I, 5:16, 18) Gake hafi míate ŋu awɔ esia la, ehiã be míadze agbagba vevie aɖo ŋku nu nyui siwo wowɔna na mí la dzi. Ðe màtee kpɔ be yeanɔ esia wɔm ɖaa oa?

Lɔlɔ̃ Kple Mɔkpɔkpɔ—Wohiã Hafi Míakpɔ Dzidzɔ

Wogblɔe wòsɔ be tso ame dziɣi vaseɖe eƒe kugbe la, ehiã be woalɔ̃e. Ne lɔlɔ̃ meli o la, ame xaa nu vevie. Gake nuka tututue nye lɔlɔ̃? Togbɔ be amewo zãna nya “lɔlɔ̃” alesi dze wo ŋui egbea hã la, Biblia ƒo nu tso eŋu wònya se nyuie ŋutɔ be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.”—Korintotɔwo I, 13:4-8.

Lɔlɔ̃ vavãtɔ media eɖokui tɔ kura o! Esi wònye “media ye ŋutɔ tɔ o” ta la, edina be ame bubuwo nakpɔ dzidzɔ gbã. Nublanuitɔea, lɔlɔ̃ sia megabɔ egbea o. Le nyateƒe me la, le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe xexe sia ƒe nuwuwu ŋu me la, egblɔ be “ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu [ate ŋu atsi].”—Mateo 24:3, 12; Timoteo II, 3:1-5.

Gake nɔnɔme sia manɔ alea ɖaa o, elabena enye vlo dodo Wɔla—Amesi ƒe amenyenye vevitɔe nye lɔlɔ̃! (Yohanes I, 4:8) Eteƒe madidi o, Mawu aɖe fulélawo kple ŋuklẽlawo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi. Gake amesiwo dzea agbagba tua lɔlɔ̃ si ŋu míeƒo nu tsoe ɖo la ta koe wòakpɔ. Esia ana ŋutifafa kple dzidzɔ naxɔ anyigba bliboa katã dzi. Biblia ƒe ŋugbedodo sia ava eme godoo, be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

Kpɔ alesi wòanɔ ɖa le susu me, be ‘dzi nanɔ ame dzɔm’ gbesiagbe! Ekema ɖe wòwɔ nuku be Biblia gblɔ be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ [mea]”? (Romatɔwo 12:12) Àdi be yeanya nu bubuwo tso mɔkpɔkpɔ nyui si ŋugbe Mawu do na toɖolawo ŋua? Ekema, taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.—g4/06.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dzidzedzekpɔkpɔ Ŋuti Nyatakakawo —Nyateƒenyawoea?

Enuenu la, míesea ame aɖewo siwo tso ƒome dahewo me, gake wodagba vevie va zu kesinɔtɔwo, la ƒe ŋutinyawo. Dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nyatakaka aɖe si dze le magazine si nye San Francisco Chronicle me gblɔ be: “Woyɔa ŋutinya siawo ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖoa kpe edzi be togbɔ be nu mede amesiawo dzi le woƒe ɖevime o hã, wodze agbagba trɔ asi le nɔnɔme madeamedziwo ŋu, heva kpɔ dzidzeme mlɔeba. Numekukuwo ɖee fia be kuxi si le nyagbɔgblɔ sia ŋu enye be menye ɖee wokpɔ dzidzeme ŋutɔŋutɔ o. Kesinɔtɔwo koe wozu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Dzidzɔkpɔkpɔ Nana Wonɔa Lãmesẽ Me

Atike nyui aɖe dzidzɔkpɔkpɔ nye. Time nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Edze ƒã be dzidzɔkpɔkpɔ, mɔkpɔkpɔ ƒe ame si nɔnɔ, nu nyuiwo ŋu bubu, kple nu ƒe ame ŋu dzedze, wɔnɛ be womexɔa dzi kple ʋuka me dɔ, dzitodzito me dɔ, suklidɔ, ʋusɔgbɔdɔ, kpeƒoame, kple gbɔxi o, alo womenana dɔléle mawo nyrãna ɖe edzi o.” Gawu la, numekuku aɖe si wowɔ le Holland tso dɔnɔ tsitsiwo ŋu la ɖee fia be le dzidzɔkpɔkpɔ kple nu nyuiwo ŋu bubu ta la, amesiwo ate ŋu aku le ƒe asieke domedome hafi la dometɔ 50 le alafa me meku o, si wɔ nuku ŋutɔ!

Womekpɔ se nusitae susu nyui ƒe ame si nɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ŋutilãa dzi la gɔme haɖe o. Ke hã, numekukuwo ɖee fia be lãmetsi si naa ame tsia dzodzodzoe la mesɔa gbɔ le amesiwo kpɔa dzidzɔ eye nukpɔsusu nyui nɔa wo si la ƒe lãme o. Wogblɔna be lãmetsi mae nana ame ƒe ŋutilã megate ŋu nɔa te ɖe dɔlélewo nu o.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Alesi ko nuɖanuwo zazã ɖe ɖoɖo aɖe nu nana woɖaa nu vivi ene la, nenema kee Mawu ƒe mɔfiafia dzi wɔwɔ nana wokpɔa dzidzɔe