Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atitsoga Ŋue Yesu Ku Ðo Vavãa?

Atitsoga Ŋue Yesu Ku Ðo Vavãa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Atitsoga Ŋue Yesu Ku Ðo Vavãa?

MAWUSUBƆSUBƆ me dzesi nyanyɛwo dometɔ ɖekae nye atitsoga. Ame miliɔn geɖe tsɔa mawusubɔsubɔ ƒe bubu nanɛ, elabena wosusuna be enye nu kɔkɔe aɖe si ŋu wowu Yesu ɖo. Roma Katolikotɔ agbalẽŋlɔla kple tomenukula Adolphe-Napoleon Didron gblɔ be: “Wosubɔa atitsoga la abe Kristo ene, wosubɔa ati kɔkɔe sia abe alesi ko wosubɔa Mawu ŋutɔ ene.”

Ame aɖewo gblɔna be atitsoga la nana yewotena ɖe Mawu ŋu ne yewole gbe dom ɖa nɛ. Ame aɖewo hã zãnɛ abe atiblɛ ene hesusuna be ekpɔa yewo ta tso afɔkuwo me. Gake ɖe wòle be Kristotɔwo nasubɔ atitsoga laa? Atitsoga ŋue Yesu ku ɖo vavã? Nukae Biblia fia tso nya sia ŋu?

Nuka Koŋue Wòtsi Tre Ði Na?

Do ŋgɔ xoxoxo na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la, blema Babilontɔwo zãa atitsogawo wotsia tre ɖi na vidzidzi ƒe mawu Tamus. Atitsoga zazã va keke ta ɖo Egipte, India, Siria, kple China. Emegbe, le ƒe alafawo megbe la, Israel-viwo tsɔ alakpamawu Tamus subɔsubɔ tsaka woƒe Yehowa subɔsubɔe. Biblia gblɔ tso subɔsubɔ sia ŋu be enye “ŋunyɔnu gã” aɖe.—Xezekiel 8:13, 14.

Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes ƒe Nyanyuiawo zã Helagbe me nya si nye stau·rosʹ esi wonɔ nu ƒom tso nusi ŋu wowu Yesu ɖo la ŋu. (Mateo 27:40; Marko 15:30; Luka 23:26) Nya stau·rosʹ fia ati, alo ati dzɔdzɔe. Agbalẽ si nye The Non-Christian Cross, si J. D. Parsons ŋlɔ la ɖe nu me be: “Nyagbe ɖeka pɛ teti hã mele Helagbe gbãtɔ me nuŋɔŋlɔ gbogbo siwo ƒo ƒu wɔ Nubabla Yeyea me, si ɖewohĩ afia be stauros si wozã le Yesu gome la to vovo na stauros bubuawo o; kakaka wòava nye be woagblɔ be stauros la menye ati ɖeka o, ke boŋ ati eve siwo woklã ɖe wo nɔewo dzi abe atitsoga ene o.”

Abe alesi wòdze le Dɔwɔwɔwo 5:30 ene la, apostolo Petro zã nya xyʹlon si gɔmee nye ati, si sɔ kple nya stau·rosʹ, tsɔ fia ati dzɔdzɔe alo ati, ke menye ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo o. Ƒe 300 aɖewo le Yesu ƒe ku megbe hafie ame aɖewo siwo yɔ wo ɖokui be Kristotɔwo la do susua ɖa be ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo ŋue wowu Yesu ɖo. Ke hã, kɔnyinyiwo kple Helagbe me nya stau·rosʹ mazamazã nyuie dzie wotu woƒe nukpɔsusua ɖo. Enyo be míade dzesii be le blema Romatɔwo ƒe amewuwu ŋuti nutatawo me la, ati dzɔdzɔe ɖekae dze le wo me, ke menye atitsoga o.

“Mikpɔ Mia Ðokui Dzi Nyuie le Trɔ̃wo Ŋuti!”

Nusi ŋu wòle be Kristotɔ vavãwo natsi dzi ɖo vevie wu enye ne esɔ be woasubɔ nusi ŋu wowu Yesu ɖo la. Eɖanye fuwɔameti dzɔdzɔe ɖeka alo atitsoga ŋue wowui ɖo, akplɔ alo hɛ ye wotsɔ wui o, ɖe wòle be míazãe le tadedeagu mea?

Tsɔe be wowu wò ame vevi aɖe eye wotsɔ lãnu si wotsɔ wui la va ʋɔnudrɔ̃ƒe be woatsɔ aɖi ɖasee. Ðe nàdi be lãnu ma nasu ye si, yeaɖe fotoe, ahama na ame geɖewoa? Ðe nàna woawɔ lãnua ƒe lolome vovovowo na wòa? Ðe nàwɔe wòazu lekewɔnuwo, abe togɛ, kɔgɛ, asigɛ, kple bubuawo enea? Alo ɖe nàna woawɔe wòasɔ gbɔ be nàdzra na xɔwòwo kple ƒometɔwo be woasubɔea? Ðewohĩ nu ma mava susu me na wò kura o! Gake nu ma tututue wotsɔ atitsoga la le wɔwɔmee!

Gakpe ɖe eŋu la, atitsoga zazã le tadedeagu me sɔ kple legbawo zazã, evɔ Biblia tsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu. (Mose II, 20:2-5; Mose V, 4:25, 26) Apostolo Yohanes ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nufiafiawo ɖe go esi wòxlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!” (Yohanes I, 5:21) Aleae Kristotɔwo wɔ nui esi wokplɔ wo yi Romatɔwo ƒe avuwɔƒe, afisi wodze ŋgɔ ku le kura gɔ̃ hã.

Gake ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo de bubu Kristo ƒe vɔsaku la ŋu vevie. Nenema kee egbea la, togbɔ be mele be Kristotɔ vavãwo nasubɔ nusi ŋu wowɔ funyafunya Yesu hewui ɖo la o hã la, woɖoa ŋku eƒe kua dzi be eyae nye mɔ si dzi Mawu to xɔ na ameƒome madebliboa. (Mateo 20:28) Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã sia ahe yayra manyagblɔwo, si dometɔ aɖee nye agbe mavɔ nɔnɔ, vɛ na nyateƒe lɔ̃lawo.—Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.—g4/06.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le blema Romatɔwo ƒe amewuwu ŋuti nutatawo me la, ati dzɔdzɔe ɖekae dze le wo me, ke menye atitsoga o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Rare Books Division, The New York Public Library, Astor, Lenox and Tilden Foundations