Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Maxlẽ Nu Ðo?

Nukatae Wòle Be Maxlẽ Nu Ðo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Wòle Be Maxlẽ Nu Ðo?

“Nuxexlẽ medzɔa dzi nam kura o. Television kpɔkpɔ dzɔa dzi nam wu.” —Margarita, ƒe 13, tso Russia.

“Nenye be woabia tso asinye be matia nu eve siwo nye agbalẽ xexlẽ kple basketball ƒoƒo dometɔ ɖeka la, matia basketball.” —Oscar, ƒe 19, tso Amerika.

NE ÈTE ŊU xlẽ nyati sia me nyawo va ɖo afisia la, ke ɖewohĩ èkpɔe be nuxexlẽ nye aɖaŋunu vevi aɖe si wòle be ame nasrɔ̃. Togbɔ be ele nenema hã la, agbalẽ alo nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati aɖe xexlẽ anɔ na wò ko abe atike nono ene: Ènya be enyo na yeƒe lãmesẽ ya, gake enono madzro wò o.

Nyɔ! ŋlɔlawo bia gbe sɔhɛ aɖewo tso dukɔ 11 me be woanya nusi wosusu be enye kuxi kple viɖe siwo le nuxexlẽ ŋu. Se nusi wo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa.

Nukatae nuxexlẽ sesẽna na wò?

“Ewɔ nam be ƒã hafi media ɣeyiɣi na nusɔsrɔ̃.”—Semsihan, ƒe 19, tso Germany.

“Nuxexlẽ sesẽna ŋutɔ; mewɔa kuvia le eŋu vie.”—Ezekiel, ƒe 19, tso Philippines.

“Nyemedina be woazii ɖe dzinye be maxlẽ agbalẽ siwo xexlẽ medoa dzidzɔ nam o.”—Christian, ƒe 15, tso England.

“Ne agbalẽa le sue la, madi be maxlẽe. Gake ne elolo la, mevɔ̃na na exexlẽ.” —Eriko, ƒe 18, tso Japan.

“Nu bubuwo hea nye susu ɖa le nuxexlẽ ŋu. Nye susu mete ŋu nɔa nusi xlẽm mele ŋu o.”—Francisco, ƒe 13, tso South Africa.

Wodea dzi ƒo na sɔhɛ Kristotɔwo be woaxlẽ Biblia. (Psalmo 1:1-3) Ðe esia wɔwɔ sesẽna na wòa? Ne esesẽna na wò ɖe, ke nukatae?

“Biblia me nyawo sɔ gbɔ ŋutɔ! Nyemeka ɖe edzi be mate ŋu awu exexlẽ nu vɔ gbeɖe le agbe me o!”—Anna, ƒe 13, tso Russia.

“Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme sese sesẽ ŋutɔ; wo xexlẽ mevivia ame nu ale o.”—Jezreel, ƒe 11, India.

“Esesẽna nam be maxlẽ Biblia edziedzi elabena ɖoɖowɔɖi nyui aɖeke mele asinye ɖe exexlẽ ŋu o.”—Elsa, ƒe 19, tso England.

“Aƒemedɔwo kple sukudɔdasiwo xɔa nye ɣeyiɣiwo katã, eyata vovoɣi aɖeke mele asinye matsɔ axlẽ nui o.”—Zurisadai, ƒe 14, tso Mexico.

“Nyemate ŋu atso nye modzakaɖeɣiwo dzi o. Esia ta nuxexlẽ nye dɔ nam ɖo.”—Sho, ƒe 14, tso Japan.

Eme kɔ be nuxexlẽ ate ŋu asesẽ na ame. Gake ɖe wòle vevie be woadze agbagba axlẽ nua? Vi kawoe nuxexlẽ ɖe na wò?

“Nuxexlẽ na meva nya nu geɖe; ena meƒoa nu na amewo kakaɖedzitɔe wu tsã.”—Monisha, ƒe 14, tso India.

“Nuxexlẽ nana nye susu dzea akɔ anyi eye nyemegabua nye kuxiwo ŋu o.”—Alison, ƒe 17, tso Australia.

“Nuxexlẽ na menya nu tso teƒe siwo nyemate ŋu ayi gbeɖe o ŋu.”—Duan, ƒe 19, tso South Africa.

“Nuxexlẽ kpena ɖe ŋunye mewɔa numekuku le ɖokuinye si, le esi maɖo ŋu ɖe numeɖeɖe siwo ame bubuwo anam ŋu teƒe.”—Abihú, ƒe 16, tso Mexico.

Nukae kpe ɖe ŋuwò be nuxexlẽ va vivia nuwò?

“Tso nye ɖevime kee dzinyelawo dea dzi ƒo nam be maxlẽ nu wòanɔ ɖiɖim.”—Tanya, ƒe 18, tso India.

“Dzinyelawo ɖo aɖaŋu nam be manɔ nusiwo ŋu nya xlẽm mele la ŋu bum, be manɔ woƒe nɔnɔmetatawo wɔm le susu me.”—Daniel, ƒe 18, tso England.

“Fofonye ɖo aɖaŋu nam be madze Biblia xexlẽ gɔme kple Biblia-gbalẽ siwo xexlẽ doa dzidzɔ nam, siwo dometɔ aɖewoe nye Psalmowo kple Lododowo. Fifia la, nyemebua Biblia xexlẽ be enye agba o, evivia nunye boŋ.”—Charene, ƒe 16, tso South Africa.

“Tso esime mexɔ ƒe ene ko la, dzinyelawo na wokpa kplɔ̃ kple agbalẽti nam, eye wotsɔ agbalẽ siwo katã woƒle nam tso esime wodzim la de eme.”—Airi, ƒe 14, tso Japan.

Nukatae nèsusu be ele vevie be nàxlẽ Biblia?

“Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe Biblia ŋu, siwo menye nyateƒe o. Eyata ehiã vevie be wò ŋutɔ nàku nu me to exexlẽ me ale be nàkpɔ nyateƒea.” (Dɔwɔwɔwo 17:11)—Matthew, ƒe 15, tso Amerika.

“Ŋugbledede geɖe hiã hafi woase Biblia gɔme. Gake Biblia xexlẽ edziedzi na mete ŋu ƒoa nu dzideƒotɔe tso nye dzixɔse ŋu na amewo.” (Timoteo I, 4:13)—Jane, ƒe 19, tso England.

“Ne mele Biblia xlẽm la, ɖeko wònɔna nam abe Yehowae le nu ƒom nam tẽ ene. Ewɔa dɔ ɖe dzinye ɣeaɖewoɣi ŋutɔ.” (Hebritɔwo 4:12)—Obadiah, ƒe 15, tso India.

“Mesrɔ̃ alesi mawɔ Biblia xexlẽ navivi nunye, elabena enana mekpɔa alesi Yehowa buam la dzea sii; eganaa aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe hãm.” (Yesaya 48:17, 18)—Viktoriya, ƒe 14, tso Russia.

Ɣekaɣie nèdia ɣeyiɣi xlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo?

“Ðoɖowɔɖi le asinye. Nu gbãtɔ si mewɔna ne menya fɔ ŋdi sia ŋdi enye be maxlẽ Biblia-gbalẽ aɖe ƒe ta ɖeka.”—Lais, ƒe 17, tso Brazil.

“Mexlẽa Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ne meɖo keteke yina suku. Medze egɔme ƒe enee nye esia, eye mele edzi.”—Taichi, ƒe 19, tso Japan.

“Hafi mamlɔ anyi gbesiagbe la, mekpɔa egbɔ be mexlẽ Biblia ƒe akpa sue aɖe kokoko.”—Maria, ƒe 15, tso Russia.

“Medzea agbagba xlẽa ‘Gbetakpɔxɔ’ alo ‘Nyɔ!’ ƒe axa ene gbesiagbe. Eyata mete ŋu wua magazine bliboa xexlẽ nu hafi bubu vana.”—Eriko, ƒe 18, tso Japan.

Hafi mayi suku ŋdi sia ŋdi la, mexlẽa Biblia hafi dzea mɔ.”—James, ƒe 17, tso England.

Abe alesi sɔhɛ siawo ƒe nyawo ɖee fia ene la, nuxexlẽ ate ŋu ana dzideƒo kple sidzedze geɖe wu nasu asiwò. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo—kpakple magazine sia—xexlẽ akpe ɖe ŋuwò hã be “[nàte] ɖe Mawu ŋu.” (Yakobo 4:8) Eyata, ne nu menyaxlẽna na wò o kura gɔ̃ hã la, dzi megaɖe le ƒowò o!—g5/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nukatae wòle vevie be nànɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm?

▪ Aleke nàwɔ ‘aƒle ɣeyiɣi’ na Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ?—Efesotɔwo 5:15, 16.

[Aɖaka si le axa 26]

TSƆE SƆ KPLE NU BUBUWO

Kpɔe ɖa be aleke nusi xlẽm nèle la ku ɖe nane si nènya tso wò ŋutɔ alo nusiwo ƒo xlã wò ŋu hã. Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

Tsɔ Nusi Xlẽm Nèle Sɔ Kple Nusiwo Nèxlẽ Kpɔ: Ðe nɔnɔme alo kuxi si ŋu mele nua xlẽm tsoe la sɔ kple esiwo ŋu nya mexlẽ le agbalẽ, nyadzɔdzɔgbalẽ, alo ŋutinyagbalẽ bubuwo me va yia? Ðe amesiwo ŋu mele nua xlẽm tsoe la ƒe nɔnɔmewo sɔ kple ame bubu siwo ŋu mexlẽ nu tsoe va yia?

Tsɔ Nusi Xlẽm Nèle Sɔ Kple Ðokuiwò: Aleke nyatakaka sia ku ɖe nye nɔnɔmewo, nye dekɔnuwo, kple nye kuxiwo ŋui? Ðe mate ŋu azã nya sia atsɔ akpɔ nye kuxi aɖewo gbɔ alo atsɔ ana nye agbe nanyo wua?

Tsɔ Nusi Xlẽm Nèle Sɔ Kple Nusiwo Ƒo Xlã Wo: Nukae nusi xlẽm mele la fiam tso xexeame, yamenutome, dekɔnu vovovowo, alo hadomekuxiwo ŋu? Nukae wòfiam tso Wɔla la ŋu?