Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu Gbɔ

Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu Gbɔ

Didi Be Woazu Kesinɔtɔ Le Mawu Gbɔ

BE ŊUTILÃMEKESINƆNU geɖe nasu ame si la, ehiã be woawɔ dɔ geɖe eye woatsɔ nu geɖe asa vɔe. Nenema kee wòle le kesinɔtɔzuzu le Mawu gbɔ hã gome. Nya si Yesu gblɔ be, “Midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo” la anya lɔ nya sia ɖe eme. (Mateo 6:20) Gbɔgbɔmekesinɔnuwo mesua ame si agbagbamadzemadzee o. Abe ale si ko ga gbogbo aɖe meva nɔa ame ƒe ŋkɔ me le gadzraɖoƒe ne enya ŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe afi ma ɖeɖe ko o la, nenema kee subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa menana ame zua kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o. Ame kple Mawu dome ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo, gbɔgbɔmemezuzu, kple kesinɔtɔnyenye le Mawu gbɔ bia tameɖoɖo kplikpaa, ɣeyiɣi geɖe, agbagbadzedze vevie, kple nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe.—Lododowo 2:1-6.

Evea Siaa Ate Ŋu Asu Asiwòa?

Ðe ame mate ŋu anye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ eye kesinɔnu geɖe hã nanɔ esi oa? Ðewohĩ ate ŋui, gake nu siawo dometɔ ɖeka ko yome ame ate ŋu ati dzidzedzetɔe. Yesu gblɔ be: “Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” (Mateo 6:24b) Nu ka tae? Elabena gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple ŋutilãmekesinɔnuwo yome titi tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Ðeka doa kplamatse nɔvia. Eya ta hafi Yesu nagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo gbɔgbɔmekesinɔnuwo nu ƒu la, egblɔ be: “Midzudzɔ nu xɔasiwo nuƒoƒoƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi.”—Mateo 6:19, NW.

Nu kae adzɔ ne ame aɖe ŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi hedze agbagba be yeati gbɔgbɔ me kple ŋutilã me kesinɔnuwo siaa yome? Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia.” (Mateo 6:24a) Ne wotina evea siaa yome, eye wokpɔa gbɔgbɔmenuwo gbɔ abe sedede dzi wɔwɔ ko ene kura gɔ̃ hã la, ame ate ŋu ase le eɖokui me be gbɔgbɔmegbanɔamedziwo le kplamatse dom ye. Le esi teƒe be ame naɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la, ate ŋu ava nɔ ga kple nu siwo wòate ŋu aƒle bum be wonye nu vevi siwo akpe ɖe ye ŋu yeakpe akɔ kple agbemedzimaɖitsitsiwo. Ðeko wòle abe ale si Yesu gblɔe ene be: “Wò dzi anɔ afi si wò kesinɔnuwo le la ɣesiaɣi.”—Mateo 6:21, Today’s English Version.

Ele vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble le Biblia me ɖaŋuɖoɖo sia ŋu vevie hafi atso nya me le nu si ŋu wòazã eƒe ɣeyiɣi ɖo, si ŋu eƒe dzi kple susu aku ɖo la ŋu. Esi wònye be Mawu meɖo seɖoƒe na kesinɔnu agbɔsɔsɔme si nu Kristotɔ ate ŋu aƒo ƒu o ta la, mefia be mahe to na ŋubiãlawo o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, nu gblẽna le ame siwo ŋea aɖaba ƒua Biblia me ɖaŋuɖoɖoa dzi heɖonɛ kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la ŋu le gbɔgbɔ me, susu me, kple seselelãme gome. (Galatiatɔwo 6:7) Nu si to vovo na emae nye be, Yesu gblɔ be ame siwo tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu la akpɔ dzidzɔ. (Mateo 5:3) Kakaɖedzitɔe la, mía Wɔla kple Via wonya nu nyuitɔ kekeake si ana míakpɔ dzidzɔ ahanɔ dedie!—Yesaya 48:17, 18.

Tiatia Aɖe Si Mave Wò Kpɔ Gbeɖe O

Azɔ kae nàtia, Mawu loo, alo Kesinɔnuwo? Susu le eme be ele be míadi ɣeyiɣi na míaƒe ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔkpɔ. Paulo gblɔ le lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo me be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo hã be womegatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo ga dzi o, ke boŋ ɖe Mawu dzi, eye “bene woawɔ dɔmenyo.” (Timoteo I, 5:8; 6:17, 18) Nu ka ŋue wò susu anɔ? Nu ka yomee nàti? Le dɔ nyui siwo ŋu Paulo ƒo nu tso dome la, vevitɔae nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Ne Kristotɔwo lɔ̃ faa be yewoanɔ agbe tsɛ, menye kple susu be yewoaɖe yewoƒe dɔwɔnawo dzi kpɔtɔ ahaɖu agbe o, ke boŋ kple susu be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe dɔ vevi sia me geɖe wu la, ekema wole “gɔmeɖoɖoanyi nyui [ɖom] hena ɣeyiɣi si gbɔna” le xexe yeye si ŋugbe Mawu do me. Eye fifia kura gɔ̃ hã la, wogblɔna tso dzi blibo me be, ‘Aleke gbegbe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ƒe ame si susu mehenyo wu sikae o!’—Timoteo I, 6:19; Lododowo 16:16; Filipitɔwo 1:10.

Bu nu si me Eddie to ŋu kpɔ. Enye sɔhɛ esime eƒe ƒometɔwo va zu Yehowa Ðasefowo. Eva dzɔ be, eƒe ƒomea ƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ eye esia wɔe be aƒe megava nɔ wo si o. Eddie gblɔ be: “Nu si ɖea fu nam edziedzie nye, ale si míawɔ ne naneke kura megava le mía si o. Eva dzɔ nenema hã. Ènya nu si dzɔa? Naneke megblẽ le mía ŋu o! Míekpɔa nu ɖuna, noa nu, hekpɔa awu dona. Yehowa kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nunɔamesi bubuwo va su mía si. Nudzɔdzɔ sia na mekpɔ vevienyenye si le ŋugbe si Yesu do le Mateo 6:33 la ŋu dze sii—be ne míetsɔ Mawu Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, mehiã be míatsi dzi le ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu o.” Eddie kple srɔ̃a le woƒe ɣeyiɣiawo katã zãm fifia le wo nɔviwo srãm kpɔ hele ŋusẽ dom wo le hame vovovowo me abe subɔla mɔzɔlawo ene. Ŋutilãmenu si wohiã la sua wo si. Vevietɔ wu la, wonye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ.

Viɖe Siwo Mele Xexlẽ Me O

To vovo na anyigbadzikesinɔnu, siwo fiafitɔwo ate ŋu ava fi la, gbɔgbɔmekesinɔnuwo ya ate ŋu anɔ anyi ɖaa. (Lododowo 23:5; Mateo 6:20) Enye nyateƒe be mele bɔbɔe be woadzidze ŋgɔyiyi si ame wɔ le gbɔgbɔ me o. Mele bɔbɔe be woanya afi si ame wɔ ŋgɔyiyi va ɖo le lɔlɔ̃, dzidzɔ, alo xɔse ɖeɖe fia me abe ale si wòle bɔbɔe be woanya ga home si le ame si le gadzraɖoƒe la ene o. Gake xexlẽme meli na viɖe siwo wokpɔna tso gbɔgbɔmekesinɔnuwo me o. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eyomedzela siwo agblẽ woƒe aƒewo kple agblewo, ẽ, nu siwo nu wonɔa agbe ɖo ɖi, ahati gbɔgbɔmenuwo yome ŋu la, egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.

Nu kae nàtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Mawu loo, alo kesinɔnuwo?—g6/07.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Ŋutilãmekesinɔnuwo yome tim nèle loo, . . .

. . . alo gbɔgbɔmetɔ-woea?