Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si

Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si

Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si

Nukunu bliboe wònye be Biblia gakpɔtɔ li va se ɖe egbea. Wowu Biblia bliboa ŋɔŋlɔ nu ƒe 1,900 ye nye esi va yi. Aƒlagbalẽwo kple lãgbalẽwo dzie woŋlɔ wo ɖo, eye nu mawo nyunyɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Eye gbe siwo me woŋlɔ wo ɖo la nye gbe si ame ʋɛ aɖewo ko dona egbea. Azɔ hã, fiagãwo kple subɔsubɔhakplɔlawo dze agbagba vevie be yewoabu mo na Biblia.

KE ALEKE wòdzɔe be Biblia gakpɔtɔ li eye wònye agbalẽ si ame akpa gãtɔ nya wu? Na míakpɔ susu eve aɖewo ɖa.

Ale Si Wogbugbɔ Ŋlɔea Kpɔ Emenyawo Ta

Israel-viwoe nye ame gbãtɔ siwo si Biblia ƒe agbalẽxatsaxatsawo nɔ, wolé be na wo, eye wogbugbɔ gbogbo aɖewo ŋlɔ. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na Israel fiawo be woagbugbɔ “Se sia si le nunɔla Lewi viwo ƒe dzikpɔkpɔ te la, aŋlɔ ɖe agbalẽ me.”—5 Mose 17:18.

Israel-vi geɖe lɔ̃a Ŋɔŋlɔawo xexlẽ, elabe wonya be Mawu ƒe Nyae. Eya ta, nugbugbɔŋlɔla bibiwoe gbugbɔ ŋlɔnɛ beléletɔe. Wogblɔ tso mawuvɔ̃la Ezra, si nye nugbugbɔŋlɔla aɖe ŋu be “enye Mose ƒe Se si Yehowa, Israel ƒe Mawu la tsɔ na la gbugbɔŋlɔla bibi aɖe.” (Ezra 7:6) Yudatɔwo ƒe agbalẽnyala siwo woyɔna be Masoretwo, siwo gbugbɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo alo “Nubabla Xoxoa” ŋlɔ le ƒe alafa atɔ̃ kple alafa asieke K.Ŋ. domee la xlẽ nyakui ɖe sia ɖe be yewoaƒo asa na vodadawo. Ale si wolé fɔ ɖe dɔa ŋu nyuie alea wɔe be nyawo de, eye wokpɔ emenyawo ta, togbɔ be futɔwo dze agbagba vevie enuenu be yewoabu mo na Biblia hã.

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 168 D.Y. mea, Syria dziɖula Antiochus Enelia (Antiochus IV) dze agbagba be yeabu mo na Hebri Ŋɔŋlɔ siwo katã ŋu yeake ɖo le Palestina. Yudatɔwo ƒe ŋutinya aɖe gblɔ be: “Wovuvu sea ƒe agbalẽxatsaxatsa ɖe sia ɖe si ŋu woke ɖo eye wotɔ dzoe.” Numekugbalẽ aɖe, (The Jewish Encyclopedia) gblɔ be: “Asrafo siwo wode dɔ sia asi na la wɔe ŋkubiãtɔe . . . Wowu ame sia ame si si wokpɔ agbalẽ kɔkɔea ƒe akpa aɖe le la.” Togbɔ be wowɔ esiawo katã hã la, Ŋɔŋlɔ siwo wogbugbɔ ŋlɔ la, le Yudatɔ siwo le Palestina kple teƒe bubuwo la si.

Kaka Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeyea,” ŋlɔlawo nawu woƒe dɔwo nua, nugbugbɔŋlɔlawo gbugbɔ ŋlɔ woƒe agbalẽawo, nyagblɔɖinyawo, kple ŋutinyawo, eye wokaka. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa le Efeso alo teƒe aɖe si gogoe. Ke hã, wova ke ɖe Nyanyuigbalẽ ma ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe ŋu le Egipte, si didi kilometa alafa gbogbo aɖewo tso Efeso. Eŋutinyalawo gblɔ be, esi ŋu woke ɖo la nye esi wogbugbɔ ŋlɔ ƒe blaatɔ̃ aɖewo tso esime Yohanes ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa. Numekuku ma ɖee fia be Biblia-gbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ medidi o la ƒe kɔpiwo nɔ Kristotɔ siwo nɔ didiƒewo la si.

Azɔ hã, ale si Mawu ƒe Nyaa kaka la wɔe be wokpɔ eta va se ɖe esime Kristo va anyigba dzi dzo ƒe alafa aɖewo megbe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, le February 23 ƒe 303 K.Ŋ. mea, Roma Fiagã Diocletian na eƒe asrafowo gbã tsɔtsixɔ aɖe ƒe ʋɔtruwo eye wotɔ dzo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. Diocletian susu be ne yetɔ dzo agbalẽ kɔkɔe siawo la, ke yeabu mo na Kristotɔwo. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzia, ede se be woatɔ dzo Biblia-gbalẽ siwo katã ŋu woake ɖo le Roma Fiaɖuƒea mea le dutoƒo. Ke hã, kɔpi aɖewo tsi anyi eye wogbugbɔŋlɔ wo. Le nyateƒe me la, Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gã eve siwo wogbugbɔŋlɔ tso esime Diocletian ho aʋa ɖe Biblia ŋu la kpɔtɔ li va se ɖe egbea. Ðeka le Rome; eye evelia le Britaintɔwo ƒe agbalẽdzraɖoƒe gã aɖe le London, England.

Togbɔ be womeke ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo dometɔ aɖeke ŋu o hã la, Biblia bliboa, alo eƒe akpa siwo wogbugbɔŋlɔ kple asi la dometɔ akpe geɖe gakpɔtɔ li va se ɖe egbea. Wo dometɔ aɖewo do xoxo ŋutɔ. Ðe gbedeasi si nɔ gbãtɔawo me trɔ esime wogbugbɔ nɔ wo ŋlɔma? Agbalẽnyalagã W. H. Green gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔŋui be, blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.” Aƒetɔ Frederic Kenyon, si nya nu tso Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋu, gblɔ tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Dometsotso si le asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo kple esiwo wogbugbɔ va ŋlɔa dome le sue ale gbegbe be woate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi. Eye kpeɖodzi aɖeke megava le nu si dzi woanɔ te ɖo agblɔ be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le mía si egbea mede o la ŋu o. Kpeɖodzi va li mlɔeba be agbalẽ siwo le Nubabla Yeyea mea me nyawo de.” Egblɔ hã be: “Eye míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be gbedeasi si le Biblia mea de pɛpɛpɛ eye metrɔ o. . . . Womate ŋu agblɔ nya sia tso blemagbalẽ bubu aɖeke ŋu o, negbe Biblia ko.”

Biblia Gɔme Ðeɖe

Susu vevi evelia si ta Bibliae nye agbalẽ si wonya wu le xexea mee nye be ele gbegbɔgblɔ geɖe me. Esia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be dukɔwo kple gbegbɔgblɔ me tɔwo katã nanya ye eye woasubɔ ye le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”—Yoh. 4:23, 24; Mika 4:2.

Hebri Ŋɔŋlɔawo siwo gɔme woɖe gbã, si amewo nyae nye Septuagint Biblia si le Helagbe me. Yudatɔ, Helagbedola siwo menɔ Palestina o, ye woɖe egɔme na, eye wowu enu ƒe alafa eve aɖewo hafi Yesu va anyigba dzi. Esi wowu Biblia bliboa, si dome Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã le nua, woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo me le ƒe alafa ʋɛ aɖewo ko me. Gake emegbea, fiawo kple subɔsubɔhakplɔla siwo wòle be woawɔ woƒe ŋutete katã akpɔ egbɔ be Biblia ka amewo si la boŋ va wɔ nu bubu kura. Subɔsubɔhakplɔlawo meɖe mɔ be, woaɖe Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona me o, kple susu be yewoƒe hameviwo naganya nyateƒe si le eme o.

Ŋutsu dzinɔameƒotɔwo de woƒe agbewo afɔku me eye woɖe Biblia gɔme ɖe gbe si ame geɖe dona la me, eye esia tsi tre ɖe nu si subɔsubɔhakplɔlawo kple dziɖuɖua ɖo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1530 mea, Eŋlisigbedola William Tyndale, si de Oxford yunivɛsiti, ɖe Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo, si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo gɔme. Togbɔ be woti eyome vevie hãa, eyae nye ame gbãtɔ si ɖe Biblia gɔme tso Hebrigbe me yi Eŋlisigbe me. Tyndale ye nye ame gbãtɔ si ɖe Biblia gɔme ɖe Eŋlisigbe me si zã ŋkɔ Yehowa. Ame siwo ɖe Biblia gɔme ɖe Spaingbe me dometɔ ɖekae nye Spaingbedola Casiodoro de Reina, si nye Biblia ŋuti nunyala, eye Katolikotɔwo ti eyome kutɔkutɔe esime wònɔ dɔ ma wɔm. Eya ta eva hiã be wòasi ayi England, Germany, France, Holland, kple Switzerland be wòate ŋu awu Biblia gɔmeɖeɖedɔa nu. *

Egbea, woyi edzi le Biblia gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me, eye wole miliɔn gbogbo aɖewo tam. Ale si wokpɔ Biblia ta woli va se ɖe egbea eye wònye agbalẽ si wonya wu le xexea me godoo la ɖo kpe edzi be, nya si gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wògblɔa nye nyateƒe. Egblɔ be: “Gbe yrɔna, eye seƒoƒo duduna, ke Yehowa ƒe nya ya nɔa anyi tegbee.”—1 Pet. 1:24, 25.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata]

BIBLIA GƆMEÐEÐE KAE WÒLE BE MAZÃ?

Le gbe aɖewo mea, Biblia gɔmeɖeɖe vovovowoe li. Gɔmeɖeɖe mawo dometɔ aɖewo zã nya siwo gɔmesese sesẽ kple nya siwo amewo megazãna o. Gɔmeɖeɖe mawo dometɔ aɖewo zã nya siwo nya se, evɔ gɔmesesea mede o. Eye bubuwo hã ɖe egɔme nya-ɖe-nya-nu.

Gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo dzie wonɔ te ɖo ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si le Eŋlisigbe me si Yehowa Ðasefowo ta la gɔme. Eye ame siwo ɖe gbea gɔmea, di be yewoƒe ŋkɔwo nanɔ ɣaɣla. Eye tata sia dzi koŋue wonɔ te ɖo ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ abe 60 aɖewo ene me. Ke hã, gbegɔmeɖela mawo ku nu me, tso gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me zi geɖe. Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia mea, wodze agbagba ɖe sia ɖe be woaɖe nyawo gɔme nya-ɖe-nya-nu tso gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me ale si wòanya wɔe le teƒe siwo egɔmeɖeɖe tẽe mawɔe be gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nabu o la nu. Biblia sia gɔmeɖelawo dze agbagba be nu si gɔme yewo ɖe la xexlẽ nanɔ bɔbɔe na amewo egbea, abe ale si wònɔ bɔbɔe na amewo le Biblia ŋlɔɣiwo ene.

Gbegbɔgblɔŋutinunyala aɖewo ku nu me tso Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo ŋu, be yewoakpɔ vodada siwo gbegɔmeɖelawo wɔ kple teƒe siwo woɖe nuwo gɔme le be wòade woawo ŋutɔwo dzi la ŋu, eye Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia hã le esiwo ŋu woku nu me tsoe la dome. Numekula mawo dometɔ ɖekae nye nufialagãtenɔla Jason David BeDuhn, si fiaa nu tso subɔsubɔnyawo ŋu le yunivɛsiti aɖe le Amerika (Northern Arizona University). Le ƒe 2003 mea, eta axa 200-gbalẽ aɖe, eye le emea, eƒo nu tso nu siwo ŋu wòke ɖo le “Eŋlisigbe me Biblia asieke siwo wozãna wu siwo ŋu wòku nu me tsoe la ŋu.” * Le eƒe numekukua mea, edzro Ŋɔŋlɔa ƒe akpa siwo koŋ Biblia ŋuti numekulawo ƒe nu mesɔ le o la me, elabe afi mawo koŋue gbegɔmeɖelawo ate ŋu “aɖe nyawo gɔme le mɔ siwo ade wo dzi nu.” Le teƒe mawo dometɔ ɖe sia ɖea, etsɔ ale si woɖe wo gɔme ɖe Eŋlisigbe Biblia vovovoawo me sɔ kple ale si wòle le Helagbea me, be yeade dzesi teƒe siwo gbegɔmeɖelawo trɔ gɔmeseseawo le be wòade yewo dzi. Nu kae wòva de dzesii?

BeDuhn gblɔ be, amewo kple Biblia ŋuti nunyala geɖewo gblɔna be vovototo siwo le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia mea, le nenema le esi gbegɔmeɖelawo di be wòade yewoƒe nufiafiawo dzi ta. Ke hã, BeDuhn ya gblɔ be: “Nu si gbɔ vovototo siwo le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea me tsoe nye be, nyawo de le eme wu le ale si wonɔ ŋudzɔ, ɖe nyawo gɔme nya-ɖe-nya-nu ale si wòanya wɔe ta.” Togbɔ be BeDuhn melɔ̃ ɖe ale si woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea ƒe akpa aɖewo gɔme dzi o hãa, egblɔ be ‘Biblia sia me nyawo de wu esiwo katã ŋu yeku nu me tsoe la.’ Egblɔ tso Biblia sia ŋu be, “woɖe egɔme nyuie ŋutɔ.”

Agbalẽnyalagã Benjamin Kedar, si nya Hebrigbe nyuie hã gblɔ nya ma tɔgbi ke tso Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ŋu. Egblɔ le ƒe 1989 me be: “Biblia sia ɖe ale si gbegɔmeɖelawo to nyateƒe eye wodze agbagba ale be gɔmesese si le emenyawo ŋu nade pɛpɛpɛ ale si wòanya wɔe. . . . Nyemekpɔ naneke le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me si fia be woɖe nane le eme alo tsɔ nane kpee be gɔmesesea natrɔ ale be wòade yewo dzi o.”

Bia ɖokuiwò be: ‘Susu vevi ka tae mexlẽa Biblia? Ðe medi be maxlẽ Biblia aɖe si xexlẽ le bɔbɔe evɔ emenyawo mede tututu oa? Alo ɖe madi be maxlẽ esi me nyawo de abe gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo tɔ enea?’ (2 Petro 1:20, 21) Susu vevi si ta nèdi be yeaxlẽ Biblia, nekpe ɖe ŋuwò nàtia Biblia gɔmeɖeɖe si nàzã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 To vovo na Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, Biblia bubu siwo ŋu wògaku nu me tsoe nye The Amplified New Testament, The Living Bible, The New American Bible With Revised New Testament, New American Standard Bible, The Holy Bible​—New International Version, The New Revised Standard Version, The Bible in Today’s English Version, kple King James Version.

^ mm. 20 Wota Aƒetɔ Reina ƒe Biblia le ƒe 1569 me, eye Aƒetɔ Cipriano de Valera gbugbɔ to eme le ƒe 1602 me.

[Nɔnɔmetata]

Masoretwo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ

[Nɔnɔmetata]

Asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si dzi woŋlɔ Luka 12:7 me nyawo ɖo, “. . . migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foreground page: National Library of Russia, St. Petersburg; second and third: Bibelmuseum, Münster; background: © The Trustees of the Chester Beatty Library, Dublin