Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsikuxi La—Nu Ka Wɔm Wole Tso Eŋu?

Tsikuxi La—Nu Ka Wɔm Wole Tso Eŋu?

Tsikuxi La—Nu Ka Wɔm Wole Tso Eŋu?

Tsikuxia lɔ xexea me katã ɖe eme. Ele lãmesẽkuxiwo hem va anyigbadzinɔla miliɔn akpe geɖe dzi. Afɔ kawo ɖem wole be woatsɔ akpɔ tsi nyui kpɔkpɔ kple tsizazã ƒe nyaa gbɔ?

SOUTH AFRICA: Woŋlɔ ɖe Science magazine ƒe akpa dzi be: “Ame Dahe Siwo Le Durban Kpɔ Tsi Si Wohiã Hena Ɣeyiɣi Didi Aɖe La Mlɔeba.” Nyati ma ka nya ta be tsi nyui kpɔkpɔ ƒe kuxi ɖe fu na ame dahe siwo le nuto ma me hena ƒe blananewo le vovototodedeameme ƒe dziɖuɖu si nɔ anyi tsã ƒe nuwɔna ta. Nyatia gblɔ be le ƒe 1994 me la, “aƒe akpe 250 me tɔwo mekpɔa tsi nyui le Durban nutoa me o, eye tsi ƒoɖiwo ɖeɖeɖa hã nye kuxi na wo.”

Bene woakpɔ kuxia gbɔ la, aɖaŋuwɔla aɖe va wɔ ɖoɖo aɖe le ƒe 1996 me, ale be aƒe ɖe sia ɖe nate ŋu akpɔ tsi nyui lita 200 lɔƒo gbe sia gbe. Nu kae nye emetsonu? Science magazinea gblɔ be: “Durban dua me tɔ miliɔn etɔ̃ kple afã la katã kpɔa tsi nyui, negbe wo dometɔ akpe 120 ko.” Fifia ya, tsi nyui kuƒe megadidi tso amewo gbɔ kura o—esia nye ŋgɔyiyi ɖedzesi aɖe ne wotsɔe sɔ kple ale si wònɔ na wo tsã be woaɖaku tsi ahadro ɖe ta tso didiƒe abe kilomita ɖeka ene la.

Science magazinea ɖe nu me be, be woakpɔ tsi ƒoɖiwo ɖeɖeɖa ƒe kuxia gbɔ la, “wole agboti siwo nɔa nuvo” la ɖɔlim kple “yeyetɔ siwo ŋu wotrɔ asi le be afɔdzia kple aɖuɖɔa nayi teƒe vovovo, si wɔnɛ be afɔdzia te ŋu ƒuna kaba henyunyɔna bɔbɔe.” Le ƒe 2008 ƒe gɔmedzedze la, wotu nugododeƒe yeye siawo tɔgbi 60,000 lɔƒo sɔŋ, evɔ ɖe wonɔ mɔ kpɔm be ƒe eve megbe hafi woate ŋu akpɔ egbɔ be aƒe ɖe sia ɖe kpɔ nugododeƒe nyui.

Brazil: Mitsinyenyedɔlélewo ɖe fu na ɖevi alafa geɖewo le Salvador dugã la me ŋutɔ le tsi gbegblẽ toƒe nyuiwo kple nugododeƒe nyuiwo ƒe anyimanɔmanɔ ta. * Be woakpɔ nɔnɔmea gbɔ la, woɖe tsi gbegblẽ toƒe si didi kilometa 2,000 la na aƒe siwo wu akpe 300. Nu kae nye emetsonu? Mitsinyenye ƒe kuxia dzi va ɖe kpɔtɔ 22 le alafa me le dugã la katã me, eye edzi ɖe kpɔtɔ 43 le alafa me le nuto siwo me wòbɔ le wu me.

India: Le xexea ƒe teƒe aɖewo la, wokpɔa tsi geɖe fũu le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me; gake wometea ŋu léa tsiawo ɖi bene woate ŋu awɔ wo ŋu dɔ emegbe o. Ke hã, le ƒe 1985 me la, India nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Dholera nuto gã, si le Gujarat nutoa ƒe dzieheɣetoɖoƒekpa dzi, me la to mɔnu nyui aɖe vae bene yewoalé tsiawo ɖi. Wowɔ ɖeka hetu tsixaɖoƒe gã aɖe si lolo abe afɔbɔlƒoƒe ene. Emegbe woɖo aŋe titri ɖe eme be tsia nagaɖuɖu ato afi aɖeke o. Woƒe aɖaŋua kpɔ dzidzedze. Le nyateƒe me la, esi tsi dza eye tsi xa ɖe teƒea la, woyi edzi nɔ ezãm hena ɣleti geɖe le tsidzaɣia megbe—togbɔ be “woɖe mɔ du siwo te ɖe wo ŋu me tɔwo zã tsia kpli wo hã.”

Chile: Anyiehe Amerika dukɔ sia didi kilometa 4,265 hemlɔ Pasifik Ƒua, si le eƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, kple Andes Towo, siwo le eƒe ɣedzeƒekpa dzi la dome. Dziɖuɖua kpɔa tsi nyawo gbɔ heɖea mɔ ɖe tsita kple tsimɔwo tutu ŋu. Nu kae nye emetsonu? Fifia la, ame siwo le dugãwo me dometɔ 99 le alafa me kple dukɔ bliboa me tɔ 94 le alafa me kpɔa tsi nyui.

Kuxia Gbɔ Kpɔnu Nyuitɔ Kekeake

Edze abe dukɔ ɖe sia ɖe le mɔnu si sɔ nɛ dzi tom le tsi kuxia gbɔ kpɔm ene. Le dukɔ aɖewo siwo me ya ƒona le ɖoɖo nyui nu le la, wowɔ mɔ̃ siwo ya trona tsɔ hea tsi tso to me vaa gota, eye wozãa mɔ̃ siawo ke tsɔ naa elektrikŋusẽ hã. Dukɔ siwo de ŋgɔ wu la ɖea dze ɖa le atsiaƒumetsiwo hã me wozua tsi nyui tsɔ kpɔa tsikuxia gbɔ. Le teƒe geɖewo la, wotua tsixaɖoƒe gãwo tsɔ léa tɔsisimetsiwo kple tsidzadzawo ɖi—siwo nye mɔnu siwo le dzidzedze kpɔm va se ɖe afi aɖe ya teti, togbɔ be ɣe noa tsi siwo wolé ɖi ɖe tsixaɖoƒeawo le nuto siwo me ku ɖina le la ƒe akpa 10 le alafa me gɔ̃ hã.

Yehowa Ðasefowo xɔ edzi se be, menye amegbetɔwo si mee kuxia gbɔ kpɔnu nyuitɔ kekeake le o, ke boŋ Mawu si mee wòle. Biblia gblɔ be: ‘Yehowa Mawu tɔe nye anyigba kple nu siwo yɔ edzi, xexea me kple eme nɔlawo. Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã.’—Psalmo 24:1, 2.

Enye nyateƒe be Mawu tsɔ anyigbadzikpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzia de amegbetɔwo si ya. (1 Mose 1:28) Gake ale si amegbetɔwo le anyigbadzinuwo dome gblẽm—kple emetsonu dziŋɔawo—ganye kpeɖodzi bubu be “[amegbetɔ] ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremiya 10:23.

Nu kae Yehowa awɔ atsɔ aɖɔ nu siwo gblẽ le anyigba ŋu la ɖo? Biblia na kakaɖedzi mí be eɖoe be ‘yeawɔ nuwo katã yeyee.’ (Nyaɖeɖefia 21:5) Wò ya bu xexe aɖe si me ahedada, kuɖiɖi, kple tsikuxi manɔ o ŋu kpɔ. Bu xexe si me tsi magadza aɖe ame akpe geɖe ƒe agbe ɖa abe ale si wòle dzɔdzɔm ƒe sia ƒe egbea ene o ŋu kpɔ. Le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, ana eƒe ŋugbedodowo katã nava eme! Yehowa ŋutɔ gblɔ be: ‘Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.’—Yesaya 55:11.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso tame si Mawu ɖo be yeagbugbɔ aɖɔ anyigba la ɖo nyuie abe ale si wòdze le eƒe Nya, Biblia la, me ene ŋua? Nyati si kplɔe ɖo aɖe ale si nàte ŋu awɔ esiae la me na wò.—g09 01-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Ƒe sia ƒe la, ɖevi miliɔn 1, akpe 600 kuna le mitsinyenyedɔlélewo ta le xexea me godoo. Xexlẽme sia sɔ gbɔ wu ame siwo katã kuna le Ðikanaku (AIDS alo SIDA), yɔmekpe, kple asrã dɔlélewo ta ƒe xexlẽme ƒokpli.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

“Afi si tsi mele o la, agbe menɔa afi ma o. . . . Míele agbe le tsi ƒe amenuveve me.”—Michael Parfit, National Geographic ƒe nuŋlɔla

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Wozãa tsi tɔn 1,000 hafi kpɔa nuku tɔn ɖeka

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

“Agblewo koŋue wozãa tsi siwo katã míezãna le xexea me la ƒe akpa 70 le alafa me tsɔ dea tsii.”—Plan B 2.0, si Lester R. Brown ŋlɔ

[Akɔntabubu/Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tsi nyui agbɔsɔsɔme kae li?

Tsi siwo katã li

97.5% Dzetsi

2.5% Tsi nyui

Tsi nyuiawo katã

99% Tsi nyui siwo tsi tsikpewo alo anyigba ƒe tu me

1% Tsi si li na amegbetɔ biliɔn adre kloe kple nugbagbe bubu biliɔn manyaxlẽ gbogboawo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Wole aŋeto siwo me tsi nyui ato la dem to me, Durban, South Africa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy eThekwini Water and Sanitation Programme

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Nyɔnuwo le gome kpɔm le tsixaɖoƒe aɖe tutu me, Rajasthan, India, 2007

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Robert Wallis/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Amewo le tsiléɖiƒe yeye aɖe tum na woƒe nutoa me tɔwo le afi si gogo Copán, Honduras

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Sean Sprague/SpraguePhoto.com