Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsi Si Naa Agbe Mavɔ

Tsi Si Naa Agbe Mavɔ

Tsi Si Naa Agbe Mavɔ

Yesu nɔ mɔ zɔm to Samaria dua, si nɔ Yerusalem ƒe dziehe gome la, me. Ðeɖi te eŋu eye tsikɔ nɔ ewum. Ebɔbɔ nɔ anyi ɖe vudo aɖe to, eye wòbia tso Samaria nyɔnu aɖe si be wòadu tsia ana ɖe ye yeano. Ewɔ nuku na nyɔnua be ame si nye Yudatɔ le tsi biam ye, elabena le ƒe alafa gbãtɔa me la, Yudatɔwo kple Samariatɔwo melɔ̃a wo nɔewo ƒe nya o.

Nyɔnu sia si tɔtɔ la bia Yesu be: “Aleke wɔ wò, si nye Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?”

Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana faa la kple ame si le gbɔgblɔm na wò be, ‘Na tsi vi aɖem mano’ la, anye ne wò boŋ èbiae, eye wòana agbetsi wò.”

Yesu yi edzi ɖe nu me nɛ be: “Ame sia ame si noa tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ agawui. Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsidzɔƒe le eyama me, si ayɔ agbagba, be wòana agbe mavɔ.”—Yohanes 4:1-15.

Tsi kae Yesu wɔnɛ?

BIBLIA ɖɔa Wɔla, Yehowa Mawu, be enye “tsi gbagbe vudo.” (Yeremiya 2:13) Agbe nye nunana tso Mawu gbɔ, eye be míayi edzi anɔ agbe la, ele be míalɔ̃ faa awɔ tsi ŋutɔŋutɔ kple gbɔgbɔmetsi siwo wòna mí la ŋu dɔ.

Ŋuɖoɖodidi na agbe me biabia vevitɔwo kekeake ƒe tsikɔ le amewo wum fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, woate ŋu agblɔ be gbɔgbɔmekuɖiɖi aɖe le fu wɔm anyigbadzinɔlawo. Biabia siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖokpɔkpɔ ƒe tsikɔ le amewo wum vevie: Afi kae ame kukuwo le? Ðe mɔkpɔkpɔ li be míagava kpɔ wo gbe aɖe gbea? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Ðe míava kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, dɔwuame, kple dɔléle si me le etsɔmea? Yehowa Ðasefowo xɔ edzi se be woate ŋu akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le la le Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe “tsi” fakɔnameawo me.

Esime Yesu ƒo nu na Samaria nyɔnua le vudoa to, abe ale si míeƒo nu tso eŋu va yi ene la, ehe susu yi nyateƒe ƒe agbetsi si le sisim, si woate ŋu akpɔ le Mawu ƒe Nya la me la dzi. Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva ɖɔ nyateƒea ƒe tsi dzadzɛawo kpɔ. Wogblɔ amekpekpe sia ŋu nya le Biblia gbalẽ mamlɛtɔa me be: “Ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; Ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.”—Nyaɖeɖefia 22:17.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ale si Mawu Ƒe Fiaɖuƒea ahe yayrawo vɛ na ameƒomea ŋu la, ke te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le woƒe Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ gbɔwò la me alo nàzã adrɛs siwo le magazine sia ƒe axa 5 lia dometɔ si sɔ na wò atsɔ aŋlɔ lɛta ɖo ɖe wo. Àte ŋu akpɔ numeɖeɖe bubu geɖewo le Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.—g09 01-E.

[Aɖaka si le axa 24]

ÐE SUBƆSUBƆHAWO TE ŊU TSI AMEWO ƑE TSIKƆWUAMEA NUA NA WOA?

Sɔlemedede kple gbɔgblɔ be yenye Mawu subɔla ɖeɖe mate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòake ɖe nyateƒe ƒe tsi fakɔnameawo ŋu o. Nyateƒeae nye be ɖeko subɔsubɔha gã siwo li egbea na amegbetɔwo ƒe kuxiwo gadzi ɖe edzi tsɔ wu be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔ wo gbɔ. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa: Le aʋawɔɣiwo la, Katolikotɔwo wu Katolikotɔwo, eye Protestanttɔwo wu Protestanttɔwo—evɔ aʋakpelawo ƒe akpa eveawo siaa yi edzi nɔ koko ƒom na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖu aʋaa dzi!

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woka nya ta le sɔlemehawo ƒe ŋukpenanuwɔna gbogbo aɖewo ŋu, siwo nye subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe sɔlemegaɖuɖu alo gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu. Le nyateƒe me la, tsi siwo subɔsubɔha akpa gãtɔ nana la nye tsi ƒoɖi. (Nyaɖeɖefia 17:4-6; 18:1-5) Nɔnɔmea le abe ale si ko woŋlɔe ɖe Biblia me le Tito 1:16 ene be: “Wogblɔna le dutoƒo be yewonya Mawu, gake wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo gbe nu le egbɔ.” Subɔsubɔha akpa gãtɔ mete ŋu wɔ naneke tsɔ tsi amewo ƒe tsikɔwuame nu na wo le gbɔgbɔmekuɖiɖi ƒe ɣeyiɣi sia me o.

[Aɖaka si le axa 25]

Woɖo Biblia me biabia vevi siwo gbɔna ŋu le axa 224 gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si me ta vovovo 19 le la me:

“Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?”

“Afikae Ame Kukuwo Le?”

“‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Mee Míele Nyateƒea?”

“Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Àte ŋu ake ɖe ‘nyateƒea ƒe tsiwo’ ŋu le Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me me