Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Míatso Míaƒe Kadodoa Mea?

Ðe Wòle Be Míatso Míaƒe Kadodoa Mea?

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Wòle Be Míatso Míaƒe Kadodoa Mea?

“Ɣleti etɔ̃ megbe tso esime míete ŋkuléle ɖe mía nɔewo ŋu la, míese le mía ɖokui me be nu sia nu le yiyim nyuie. Míeɖoa dze tso ale si míava nɔ mía nɔewo gbɔ le míaƒe agbemeŋkekewo katã me la ŋu abe ɖe wònye nu si ŋu kakaɖedzi le xoxo ene.”—Jessica. *

“Eƒe nu lé dzi nam ale gbegbe, eye ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eva te dzesidedem ŋutɔŋutɔ! Edzroam be madze xɔlɔ̃ ɖekakpui aɖe si tsi wum, si ate ŋu anɔ be lém nam.”—Carol.

Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Jessica kple Carol va tso woƒe kadodo kple wo xɔlɔ̃ ɖekakpuiawo me. Nu ka tae? Bometsinue wònye wowɔa?

ANƆ abe ƒe ɖeka kloe enye esia ene esi nète gbeɖoɖoɖi kple ɖekakpui aɖe. * Gbã la, èka ɖe edzi be eyae nye ame si tututu dim yele. Ɣeaɖewoɣi la, èɖoa ŋku ale si gbegbe eƒe nu lé dzi na wò le gɔmedzedzea me dzi. Gake fifia, wò susu va le wɔwɔm eveveve. Ðe wòle be nàŋe aɖaba aƒu ɖikeke siwo le mewò dzia? Aleke nàte ŋu awɔ anya ne ele be miatso miaƒe kadodoa me?

Gbã la, ele be nàlɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi: Aɖabaŋeŋe ƒu nuxlɔ̃amedzesiwo dzi le kadodoa me le abe aɖabaŋeŋe ƒu dzesi siwo afia be ami le vɔvɔm le ʋu me dzi ene. Ne mèwɔ naneke le eŋu o la, ɖeko nàva tsi mɔ ta. Nu kawoe nye nuxlɔ̃amedzesi aɖewo siwo ŋu wòanyo be nàlé ŋku ɖo le miaƒe kadodoa me?

Nuwo le tsɔtsɔm kabakaba akpa. Ne nuwo le yiyim kabakaba akpa le lɔlɔ̃kadodowo me la, ate ŋu ahe kuxiwo avae. Carol gblɔ be: “Míeɖoa e-mail ɖe mía nɔewo, ŋlɔa nu ɖona ɖe mía nɔewo tẽe to Internet dzi, eye míeɖoa dze kple mía nɔewo le telefon dzi. Dzeɖomɔnu siawo tea ŋu ʋãa ame wu dzeɖoɖo ŋkume kple ŋkume, elabena wonana ame tea ŋu ɖea dzi ɖi ƒoa nu faa eye wonaa dzeɖoɖoa tea ŋu va kuna ɖe ƒomedodo kplikplikpli nyawo ŋu kaba!” Migana mɔnukpɔkpɔ si asu mia si mianya mia nɔewo nyuie la nato mia ŋu o. Mele be kadodoa nayi ŋgɔ kabakaba abe ale si gbe wuwluiwo tsina kabakaba kasia ko heyrɔna ene o. Ke boŋ ele be wòanɔ abe ati nyui aɖe si xɔa ɣeyiɣi hafi tsina ene.

Eƒe nya me sẽ eye wòɖia gbɔ ame. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Ana gblɔ be: “Xɔ̃nye ɖekakpuia ɖia gbɔm ɣesiaɣi, gake medi vevie be míanɔ kplikplikpli.” Egblɔ kpee be, “Meɖe mɔ ɖe nanewo siwo nyemeku drɔ̃e kpɔ be malɔ̃ woawɔ ɖe ŋunye o la ŋu!” Biblia tsi tsitre ɖe “dzugbewo” zazã ŋu. (Efesotɔwo 4:31) Mele be woazã gbɔɖiamenyawo—woɖagblɔ wo blewu gɔ̃ hã o—le kadodo si me lɔlɔ̃ le la me gbeɖe o.—Lododowo 12:18.

Edoa dziku kabakaba. Lododowo 17:27 gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe gbɔgbɔ fa tu.” Erin kpɔe be kuxi sia le ye xɔlɔ̃ ɖekakpuia ŋu. Egblɔ be: “Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mía dome la, etua asim, eye ɣeaɖewoɣi la, nuvevi wɔam.” Biblia gblɔ na Kristotɔwo be: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku . . . ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Ame si mete ŋu ɖua eɖokui dzi o la mekpɔ su te na gbeɖoɖoɖi kura o.—2 Timoteo 3:1, 3, 5.

Edi be míaƒe kadodoa nanɔ ɣaɣla. Angela gblɔ be: “Xɔ̃nye ɖekakpuia medi be ame bubuwo nenya be míele ŋku lém ɖe mía nɔewo ŋu o. Edo dziku esime fofonye gɔ̃ hã va nya!” Le nyateƒe me la, susu nyui geɖewo ate ŋu anɔ anyi siwo tae ame eve siwo le ŋku lém ɖe wo nɔewo ŋu nadi be ame geɖe naganya haɖe o. Gake adzamenuwɔwɔ—eɖoɖo koŋ aɣla kadodoa ɖe ame siwo wòle be woanya nu tso eŋu—ya ate ŋu ahe kuxiwo avae.

Menye srɔ̃ɖeɖe ƒe susue le esi o. Le Kristotɔwo dome la, tameɖoɖo ɖɔʋu aɖe le gbeɖoɖoɖi ŋu; ekpena ɖe ɖekakpui kple ɖetugbui ŋu be woakpɔe ɖa be yewoate ŋu aɖe yewo nɔewo hã. Gake esia mefia be ehiã be miawɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖoɖowo tso esime miete ŋkuléle ɖe mia nɔewo ŋu o. Le nyateƒe me la, ame geɖe meva ɖe ame gbãtɔ si ŋu wote ŋkuléle ɖo o. Togbɔ be ele alea hã la, mele be ame nate gbeɖoɖoɖi ne mesu te atsɔ srɔ̃ɖeɖe me gbanɔamedziwo o.

Míetsoa míaƒe kadodoa me hegawɔa ɖeka ake edziedzi. Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi.” Mefia be mi ame evea mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi ɣesiaɣi o. Gake kadodo si me wotsona hegawɔa ɖeka edziedzi ate ŋu afia be kuxi vevi aɖe li si gbɔ wòle be woakpɔ, abe ale si Ana va kpɔe dze sii ene. Egblɔ be: “Zi gbɔ zi geɖe siwo mía kple xɔ̃nye ɖekakpuia míetso míaƒe kadodoa me la te ɖe dzinye vevie! Megbugbɔ dzraa mía kplii dome kadodoa ɖo enuenu, evɔ wònye eme anyo nam wu ne meɖe asi le eŋu hafi.”

Eƒoa gbɔdɔnuwɔnawo ɖe nunye. “Ne èlɔ̃m la, àlɔ̃ míawɔe.” “Fifia la, ehiã be míanɔ gome kpɔm le nuwɔna aɖewo me.” “Ne míenya dɔ kple mía nɔewo ŋutɔŋutɔ o ko la, megblẽ o.” Nya siawo katã nye amenublenya siwo ɖekakpuiwo tsɔ ƒoa nya ɖe ɖetugbuiwo nu be woalɔ̃ yewoakpɔ gome le gbɔdɔnuwɔnawo me. Yakobo 3:17 gblɔ be: “Le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ.” Ðekakpui si nɔa agbe dzadzɛ, si dea bubu wò agbe dzadzɛ nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu ye dze na wò. Mèganɔ kadodo me kple ame aɖeke si maɖo dzidzenu siawo gbɔ o!

Ame bubuwo xlɔ̃ num tso eŋu. Biblia gblɔ be: ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afi si adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.’ (Lododowo 15:22) Jessica gblɔ be: “Ale si ko manyo be nàŋe aɖaba aƒu ɖikeke suesuesue siwo le mewò ɖe amea ŋu dzi o la, nenema kee manyo be nàŋe aɖaba aƒu aɖaŋu siwo ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo aɖo na wò la dzi o. Zi ale si nèŋea aɖaba ƒua nya siwo amewo le gbɔgbɔm dzi la, zi nenemae nàgblẽ nu le ɖokuiwò ŋui.”

Nuxlɔ̃amedzesi siwo ate ŋu ahe kuxiwo avae la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye emawo me míedzro. * Ne mia kple xɔ̃wò ɖekakpui aɖe miele ŋku lém ɖe mia nɔewo ŋu la, alekee xɔ̃wòa le le go siawo me? Ŋlɔ nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo ku ɖe miaƒe kadodoa ŋu la ɖe ete.

․․․․․

Ale Si Nàwɔ Atso Kadodoa Me

Tsɔe be èkpɔe be anyo be yeatso kadodoa me. Aleke nàwɔe? Mɔ vovovowo li siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esia, gake aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna nenɔ susu me na wò.

Dzi nenɔ ƒowò. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Trina gblɔ be: “Meɖoa ŋu ɖe xɔ̃nye ɖekakpuia ŋu ale gbegbe be mele vɔvɔ̃m na mía kplii dome kadodoa me tsotso.” Ebia dzinɔameƒo be woagblɔ ale si nyawo le ŋutɔŋutɔ ne ehiã be woatso kadodoa me. Gake ame ɖokui nu ɖeɖe eme nakɔ nyuie ɖea vi. (Lododowo 22:3) Akpe ɖe ŋuwò be nàtɔ afɔ to sesĩe le nu siwo ŋu nàte ŋu aɖe mɔ ɖo kple esiwo ŋu màte ŋu aɖe mɔ ɖo o, le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me kple emegbe le srɔ̃ɖeɖe me, gome.

Wɔ nu si sɔ. Tsɔe be yee ame evelia gbɔna gbɔgblɔ ge na be yewoatso kadodoa me, alekee nàdi be wòawɔ nu ɖe ye ŋu? (Mateo 7:12) Kakaɖedzitɔe la, xɔ̃wò ɖekakpuia hiã .numeɖeɖe geɖe wu nya kpui aɖe ko ɖoɖo ɖee to e-mail, asitelefon, alo to mɔnu bubu aɖe dzi be, “Míaƒe kadodoa wu enu!”

Wɔe le nɔnɔme nyuitɔ me. Ðe wòle be nàna miaƒo nu ŋkume kple ŋkume alo to telefon dzia? Ðe wòle be nàŋlɔ lɛta alo nàna mialé nyaa kpɔa? Ale si nɔnɔmeawo le koŋ dzie ŋuɖoɖoa nɔ te ɖo. Gake mele be nàna miado go mia nɔewo le afi aɖe si wò dedienɔnɔ ate ŋu aɖo afɔku me le o, eye nunya manɔ eme hã be miaɖe mia ɖokui ɖe aga, le afi si dzodzro vɔ̃wo ate ŋu anyɔ ɖe ame me bɔbɔe le o.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

To nyateƒe. Gblɔ nu si tae nèse le ɖokuiwò me be ele be yewoatso kadodoa me la anukwaretɔe. Ne èse le ɖokuiwò me be xɔ̃wò ɖekakpuia mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o la, gblɔe nɛ. Mègatsɔ nyaa tɔe kã o. Le kpɔɖeŋu me, le esi nàgblɔ be, “Èɖia gbɔm ɣesiaɣi,” teƒe la, gblɔ be, “Mesena le ɖokuinye me be woɖi gbɔm ne è . . . ”

Nɔ klalo be yeaɖo to faa. Ðe nane li si gɔme mèse nyuie le nɔnɔmea ŋu oa? Mègaɖe mɔ woatsɔ tagbɔɖaɖɛnyawo able nuwò o, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖe nugɔmesese fia eye nàda nyateƒenyawo katã kpɔ nyuie. Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo nunyatɔe be “[woaɖe] abla le nusese me, [anɔ] blewu le nuƒoƒo me.”—Yakobo 1:19.—g09 01-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 6 Togbɔ be woŋlɔ nyati sia wòku ɖe ɖetugbuiwo koŋ ŋu hã la, ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo siaa ate ŋu awɔ gɔmeɖose siwo le eme ŋu dɔ.

^ mm. 16 Kpɔ nyatakaka bubu geɖewo le May 2007 ƒe yevugbe me Nyɔ! me, axa 18-20.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Ŋlɔ nɔnɔme nyui siwo nèkpɔ be wole vevie be yeakpɔ le ame si yeate ŋu ate gbeɖoɖoɖi kpli la si ɖe ete. ․․․․․

▪ Nɔnɔme kawoe madzɔ dzi na wò o?

[Aɖaka si le axa 30]

ELE BE AME SI NÀTE GBEÐOÐOÐI KPLI LA . . .

□ ƒe mawusubɔsubɔ dzidzenuwo nawɔ ɖeka kple tɔwòwo.—1 Korintotɔwo 7:39.

□ nade bubu wò agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu.—1 Korintotɔwo 6:18.

□ nanye ame si ɖea ameŋububu fiaa wò kple ame bubuwo siaa.—Filipitɔwo 2:4.

□ nanye ame si ŋu ɖaseɖiɖi nyui le.—Filipitɔwo 2:20.

[Aɖaka si le axa 30]

KPƆ NYUIE NE XƆ̃WÒ ÐEKAKPUIA . . .

□ tea tɔ ɖe eƒe nukpɔsusuwo dzi ɣesiaɣi.

□ nana nèsena le ɖokuiwò me edziedzi be nèdze agɔ, nètsi bome, alo mèle ɖeke me o.

□ dzea agbagba be yeaxe mɔ na wò hadede kple xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo.

□ dina ɣesiaɣi be yeanya wò dodo kple gbɔgbɔ.

□ tsoa nuwò be èɖoa ahiãmo na ame bubuwo, ne kpeɖodzi aɖeke meli nenema o hã.

□ gblɔna be yeawɔ nuvevi wò alo doa ŋɔdzi na wò.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Aɖabaŋeŋe ƒu nuxlɔ̃amedzesiwo dzi le kadodoa me le abe aɖabaŋeŋe ƒu dzesi si afia be ami le vɔvɔm le ʋu me dzi ene

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

LÉ ŊKU ÐE MƆ̃MEMIA ŊU